bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 23
1 Samuel 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 24 →
1
David se be Filistitɔwo le aʋa wɔm kple Kegila-dua, eye wole bli si le ava dzi la ham.
2
Eya ta David bia Aƒetɔ be: “Mayi ɖawɔ aʋa kpli woa?” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Yi nàɖawɔ aʋa kpli wo eye nàxɔ na Kegila-dua.”
3
Ke David ƒe amewo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, míele vɔvɔ̃m le Yuda afii xoxo. Ne míeho yi Kegila ɖakpe aʋa kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo la, ɖe mavɔ̃ɖi na mí wu oa?”
4
Ale David gabia nu Aƒetɔ ake eye wòɖo eŋu nɛ be: “Tso nàyi Kegila elabe mana nàɖu Filistitɔwo dzi.”
5
Ale David kple amewo yi Kegila, eye wowɔ aʋa kple Filistitɔwo. Wowu wo dome ame geɖewo eye wokplɔ woƒe lãhawo dzoe. Aleae David xɔ Kegilatɔwo ɖe agbe nye esi.
6
Esi Abyatar, Aximelex vi sí va David gbɔ le Kegila la, etsɔ kɔmewu la ɖe asi vɛ.
7
Wova gblɔ na Saul be David yi Kegila eye wògblɔ be: “Mawu tsɔe de asi nam, elabe eva tu eɖokui ɖe du si nu agbo kple gameti le la me.”
8
Ale wɔ Saul yɔ eƒe aʋakɔwo ƒo ƒu be woaho ayi Kegila aɖawɔ aʋa kple David kple eƒe amewo.
9
Esi David nya be Saul le vɔ̃ ɖom ɖe ye ŋu la, egblɔ na nunɔla Abyatar be: “Tsɔ kɔmewu la va afii!”
10
Tete David gblɔ be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, mese be Saul le dzadzram ɖo be yeava Kegila ava gbã dua le nye, wò dɔla, ta.
11
Ðe Kegilatɔwo le asi ɖe ge le ŋunye nɛa? Ðe Saul le vava ge vavã abe ale si mesee enea? Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, meɖe kuku ɖo eŋu nam.” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Saul le vava ge.”
12
David gabia be: “Ekema ɖe Kegilatɔwo le asi ɖe ge le nye kple nye amewo ŋu na Saul mahã?” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Woaɖe asi le mia ŋu nɛ.”
13
Tete David kple eƒe amewo dzo le Kegila enumake. Woanɔ ame alafa ade. Wodzo henɔ yiyim ko, eye womenya afi si tututu yim wonɔ o. Esi wogblɔ na Saul be David sí le Kegila la, megaxayi o.
14
David nɔ teƒe sesẽ siwo wòabè ɖo le tonyigba dzi le gbedadaƒo si te ɖe Sif ŋu. Saul dii vevie gbe sia gbe gake Mawu meɖe asi le eŋu nɛ o.
15
David kpɔ be Saul ɖoe kplikpaa be yeawu ye. Ale David dzo yi Xores le gbedadaƒo si te ɖe Sif ŋu.
16
Yonatan, Saul vi, yi ɖe David gbɔ le afi ma eye wòde dzi ƒo nɛ be neɖo dzi ɖe Mawu ŋu.
17
Egblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Tɔ́nye mate nu awɔ nu vevi aɖeke wò o. Eya ŋutɔ nya nyuie be wòe gbɔna Israel-fia nye ge, eye nyee gbɔna ŋuwò nɔ ge kplíkplikpli aɖu dzi kpli wò.”
18
Wo ame evea wobla nu le Aƒetɔ ŋkume. David tsi Xores eye Yonatan yi aƒe.
19
Siftɔ aɖewo va Saul gbɔ le Gibea eye wogblɔ nɛ be: “David va bè ɖe tonyigba dzi le Xores. Ele Xaxila-togbɛ si le Yesimon ƒe anyigbeme la dzi.
20
Fia bubutɔ, míenya be èle edim vevie be yealé. Eya ta va mía gbɔ ne míakpe ɖe ŋuwò nàlée.”
21
Saul gblɔ na wo be: “Aƒetɔ neyra mi elabe mienyo dɔme nam.
22
Migbugbɔ yi miaka ɖe edzi. Mikpɔ afi si tututu wòle kple ame si kpɔe le afi ma, elabe mese be ɖe wòdze aye ŋutɔ.
23
Miyi ɖadii le teƒe siwo katã wobè ɖo la, eye miagbugbɔ ava gblɔe nam kaba, ekema nye ŋutɔ mayi kpli mi. Ne enyale nutoa me ko la, madii vevie. Ne ehiã be matsa le ame akpe nane siwo le Yuda-nyigba bliboa dzi la dome hã la, mawɔe.”
24
Ale wotrɔ do ŋgɔ na Saul gbugbɔ yi Sif. David kple eƒe amewo le gbedadaƒo si le Maon. Teƒe sia nye gbadzaƒe si le anyigbeme le gbedadaƒo si le Yuda.
25
Saul kple eƒe amewo yi David di ge, ke esee eye wòɖi abu yi togbɛ si le agakpewo dome le gbedadaƒo si le Maon gbɔ la gbɔ henɔ afi ma. Esi Saul se be ele afi ma la, eti David yome yi.
26
Togbɛ la le wo dome; Saul kple eƒe amewo le akpa ɖeka eye David kple eƒe amewo hã le akpa kemɛ. David nɔ ʋaʋãm be yeasí le Saul nu adzo, ke Saul kple eƒe amewo ɖe to ɖe wo be yewoalé wo.
27
Ɣe ma ɣi me tututu la, amedɔdɔ aɖe va ɖo eye wògblɔ na Saul be: “Netsɔ nàgbugbɔ va kaba! Filistitɔwo ho va le dukɔ la sim!”
28
Ale wɔ Saul gbugbɔ le David yome, eye wòyi ɖakpe aʋa kple Filistitɔwo. Eya ta wona ŋkɔ teƒe ma be “Kaklãgakpe.”
29
David dzo le afi ma eye wòyi ɖanɔ totamemɔ́ me le En-Gedi.
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31