bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 31
1 Samuel 31
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
1
Filistitɔwo wɔ aʋa kple Israel eye Israel-ŋutsuwo sí le Filistitɔwo nu; amewo tsi aʋa le Gilboa-to dzi.
2
Filistitɔwo ɖe wo ɖe nu eye wova tu Saul kple viawo, Yonatan, Abinadab kple Malkisua hewu wo.
3
Aʋa la nu sẽ ŋutɔ ɖe Saul dzi eye aŋutrɔdalawo dze sii eye wode abi eŋu vevie.
4
Tete wògblɔ na eƒe agbadzatsɔvi be: “Ðe wò adekpui nàƒo ɖem, ne Filistitɔ bolobolotɔ siawo magava ƒo nu ɖem ahado kokoem o!” Ke agbadzatsɔvi la gbe elabe vɔvɔ̃ ɖoe ŋutɔ. Ale Saul dze eya ŋutɔ ƒe adekpui nu.
5
Esi ɖekakpui la kpɔ be eku la, eya hã dze eya ŋutɔ ƒe adekpui nu, eye wòku kplii.
6
Ale Saul kple via ŋutsu etɔ̃awo, eƒe agbadzatsɔvi la kple eƒe amewo katã ku gbe ɖeka.
7
Esi Israelvi siwo le bali la ƒe go kemɛ dzi kple esiwo le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome se be aʋa si Israelviwo ƒe aʋakɔ, wosí, eye Saul kple viawo ku la, woawo hã wosí hegblẽ woƒe duwo ɖi. Ale Filistitɔwo va xɔ duawo eye wonɔ wo me.
8
Le ŋufɔke, esi Filistitɔwo yi be yewoaɖaɖe nu le ame tsiaʋaawo ŋu la, wokpɔ be Saul kple via ŋutsu etɔ̃awo ku tsi Gilboa-to dzi.
9
Wotso ta le Saul nu eye woɖe eƒe aʋawɔnuwo le eŋu. Azɔ wodɔ dɔlawo be woatsɔ nuawo aɖaɖe gbeƒã dzidzɔnya la na yewoƒe trɔ̃wo kple ame siwo katã le Filistitɔwo ƒe anyigba bliboa dzi.
10
Wotsɔ Saul ƒe aʋawɔnuwo ɖada ɖe nyɔnumawu Astarte ƒe gbedoxɔ me, eye wotsɔ eƒe kukua ya ɖaku gli ŋu le Bet-San.
11
Ke esi Yabestɔ siwo le Gilead se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la,
12
woƒe ŋutsu kalẽtɔwo katã tso, eye wozɔ zã yi Bet-San. Woɖe Saul kple via ŋutsuawo ƒe kukuawo le gliawo ŋu, eye wotsɔ wo va Yabes hetɔ dzo wo le afi ma.
13
Azɔ wotsɔ woƒe ƒuwo yi ɖaɖi ɖe ati aɖe te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adrẽ.
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31