bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 28
1 Samuel 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 29 →
1
Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu be yewoawɔ aʋa kple Israel. Axis gblɔ na David be: “Nyae be wò kple wò amewo miele aʋa wɔ ge na mí.”
2
David gblɔ na Axis be: “Menya nyuie. Wò dɔla menye. Lala nàkpɔ nu si mate ŋu awɔ la ɖa.” Axis gblɔ be: “Enyo! Matsɔ wò nànye ŋunyedzɔla va se ɖe wò kugbe.”
3
Azɔ Samuel ku, eye Israel blibo la fa nɛ, eye woɖii ɖe Rama, wo dedu me. Emegbe Saul nyà ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le Israel-nyigba dzi.
4
Filistitɔwo kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem; Saul hã ƒo Israel blibo la nu ƒu, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilboa.
5
Esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔa la, evɔ̃, eye dzika tso eƒo ŋutɔ.
6
Ale Saul bia Aƒetɔ be wòagblɔ nu si wòle be yeawɔ la na ye. Gake Aƒetɔ meɖo eŋu nɛ le drɔ̃e me loo, alo to Urim kple Tumim dzi loo, alo to Mawu ƒe gbeƒãɖelawo dzi o.
7
Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Midi nyɔnu ŋɔliyɔla aɖe nam, ne mayi egbɔ aɖabia nui ase.” Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, ŋɔliyɔla aɖe le En-Dor.”
8
Tete Saul do awu bubuwo be womagadze sii o, eye esi zã do la, eya kple ŋutsu eve woyi nyɔnu la gbɔ. Egblɔ na nyɔnua be: “Ka nu, ne nàyɔ ŋɔli nam. Kplɔ ame si ŋkɔ mayɔ na wò la vɛ nam.”
9
Nyɔnua gblɔ be: “Kpɔ ɖa, nu si fia Saul wɔ la le nyanya na wò nyuie. Ena ŋɔliyɔla kple afakala aɖeke megale Israel-nyigba dzi o. Nu ka ta nèle mɔ̀ trem nam be yealé awu?”
10
Tete Saul tà nu gblɔ be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la be, ne mena wohe to na wò fĩi!”
11
Nyɔnua biae be: “Ame ka yɔ ge mala na wò?” Eɖo eŋu be: “Yɔ Samuel nam.”
12
Esi nyɔnua kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe eye wògblɔ na Saul be: “Nu ka ta nèblem? Ke wòe nye Saul hafi!”
13
Ke fia la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Nu kae nèkpɔ?” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Mekpɔ mawu aɖe si le dodom tso anyigba tu me.”
14
Saul biae be: “Ale ke wòle?” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Ame tsitsi aɖee do gbɔna. Edo awu ʋlaya.” Saul nya be Samuel ye, eya ta ede ta agu eye wòbɔbɔ.
15
Samuel gblɔ na Saul be: “Nu ka ta nèɖe fu nam? Nu ka ta nèna wokplɔm vɛ?” Saul ɖo eŋu be: “Meɖo xaxa me ŋutɔ. Filistitɔwo le aʋa wɔm kplim, ke Mawu trɔ le yonyeme. Megale nya ŋu ɖom nam to eƒe gbeƒãɖelawo dzi loo, alo to drɔ̃e me azɔ o. Esia ta mena woyɔ wò vɛ, ne nàgblɔ nu si wòle be mawɔ la nam.”
16
Samuel gblɔ be: “Ne Aƒetɔ trɔ le yowòme hezu wò futɔ la, nu ka ta nàva nɔ gbe biamem?
17
Nya si Aƒetɔ gblɔ nam be magblɔ na wò la dzie wòwɔ. Exɔ fiaɖuƒe la le asiwò hetsɔ na David.
18
Nu si ta Aƒetɔ le nu sia wɔm egbe ɖoe nye be ègbe eƒe gbe dzi wɔwɔ. Esi wòdo dziku ɖe Amalekitɔwo ŋu, eye wògblɔ na wò be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ la, mèɖo toe o.
19
Azɔ atsɔ wò kple Israel-dukɔa ade Filistitɔwo si. Etsɔ la, wò kple viwò ŋutsuwo miava gbɔnye, eye woatsɔ Israel ƒe aʋakɔ la ade asi na Filistitɔwo.”
20
Enumake Saul dze anyi dra legbee ɖe anyigba, elabe Samuel ƒe nyawo na vɔvɔ̃ ɖoe ŋutɔ. Egbɔdzɔ elabe meɖu naneke gbe ma gbe kple zã blibo la o.
21
Esi nyɔnua va egbɔ la, ekpɔ be dzidzi ƒoe ŋutɔ. Tete wògblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, mewɔ wò nya dzi wu ɖokuinye kloe.
22
Azɔ wɔ nu si gblɔ ge mala na wò. Nà mawɔ nuɖuɖu aɖe na wò. Ehiã be nàɖu nu ŋusẽ nagaɖo ŋuwò hafi nàdzo.”
23
Ke Saul gbe gblɔ be yemele naneke ɖu ge o. Eŋumeawo kple nyɔnua ƒoe ɖe enu ʋuu hafi wòlɔ̃. Etso le anyigba eye wòbɔbɔ nɔ aba dzi.
24
Nyɔnua wɔ kaba wu nyivi dami si le esi le aƒea me. Eku wɔ tsɔ wɔ abolo maʋamaʋãe.
25
Eɖo nuɖuɖua Saul kple eŋumeawo kɔme woɖu. Esi woɖu nua vɔ la, wodzo le zã ma ke me.
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31