bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 21
1 Samuel 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 22 →
1
Azɔ David zɔ mɔ va ɖo nunɔla Aximelex gbɔ le Nob. Aximelex do go va kpe David kple vɔvɔ̃ gã aɖe eye wòbiae be: “Nu ka ta wò ɖeka nèva eye ame aɖeke mekpe ɖe ŋutiwò o?”
2
David gblɔ na nunɔla Aximelex be: “Fia lae de gbe asi nam be, ‘Mègana ame aɖeke nase aflui le nu si gbe medɔ wò ɖo la ŋu o.’ Azɔ megblẽ ɖekakpui aɖewo ɖe teƒe aɖe.
3
Nuɖuɖu aɖe le asiwò fifia? Nà abolo atɔ̃ alo nuɖuɖu ɖe sia ɖe ƒomevi si le asiwò lam.”
4
Nunɔla la gblɔ na David be: “Abolo dzodzro aɖeke mele asinye o, negbe abolo si ŋu wokɔ̀ la koe li. Àte ŋu axɔ wo na ɖekakpuiawo ne womenya dɔ nyɔnu gbɔ o ko.”
5
David gblɔ na nunɔla la be: “Nye ŋutimewo metena ɖe nyɔnu ŋu ɣeaɖekeɣi ne míedo go dzro yi gbedzi hã o, kaka wòahanye egbe boŋ esi míedo go va afii le nya tɔxɛ aɖe ta? Le nyateƒe me la, woawo ŋutɔ kple wo ŋutinuwo siaa ŋuti kɔ.”
6
Ale wɔ nunɔla la tsɔ abolo si ŋuti kɔ la na David elabe abolo bubu aɖeke meli wu ema o, negbe vɔsabolo la ko. Gbe si gbe wotsɔ abolo sia le Aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi la, wotsɔa abolo dzodzoe si wome gbe ma gbe ke la dana ɖe eteƒe.
7
Ke Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã si ŋkɔe nye Doeg, tso Edom, la le afi ma. Wozi ŋutsu sia dzi ɖe Aƒetɔ ŋkume gbe ma gbe.
8
David gblɔ na Aximelex be: “Akplɔ alo yi aɖeke mele asiwò le afii nàtsɔ nam oa? Fia ƒe nya la na metsi dzi ale gbegbe be nyemetsɔ nye yi alo aʋawɔnu bubu aɖeke ɖe asi hafi dze mɔ o.”
9
Aximelex ɖo eŋu nɛ be: “Goliat, Filistitɔ si nèwu le logotibali me la ƒe yi koe li. Ele kɔmewu la megbe, wobla avɔ ɖe eŋu. Ne èdi be yeaxɔe la, tsɔe. Eya ɖeka koe le afii.” David gblɔ nɛ be: “Tsɔe nam. Etɔgbe meli o!”
10
Ale David dze mɔ gbe ma gbe hesí le Saul nu eye wòva fia Axis gbɔ le Gat.
11
Tete fia Axis ŋutimewo va gblɔ nɛ be: “Menye David, anyigba sia ƒe fia lae nye esi oa? Ðe menye eya ŋue wodzi ha, ɖu ɣe ɖo be, ‘Saul wu akpe, eye David ya wu akpe ewowo’ oa?”
12
Nya siawo wɔ dɔ ɖe David dzi ale gbegbe be wòde asi fia Axis vɔvɔ̃ me.
13
Ale David trɔ eƒe nɔnɔme le wo ŋkume hele nu wɔm abe tsukunɔ ene. Enɔ fli tem ɖe agbo la ŋu nyamanyama eye ade nɔ tsyɔtsyɔm le enu ɖe ge me nɛ.
14
Tete Axis gblɔ na eŋumewo be: “Mikpɔ ɖa! Tsukunɔe! Nu ka ta miekplɔe vɛ nam?
15
Tsukunɔwoe le hiãyem ta miekplɔ ame sia vɛ be woava nɔ aɖaʋanu wɔm le gbɔnyea? Ðe wòle be ame sia tɔgbe nage ɖe nye aƒemea?”
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31