bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 22
1 Samuel 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 23 →
1
David sí le Gat-dua me eye wòyi ɖe agado si te ɖe Adulam-du ŋu la me. Esi nɔvia ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔ mamlɛawo se be ele afi ma la, woyi ɖakpe ɖe eŋu.
2
Ame siwo le xaxa me, fenyilawo kple ame siwo mekpɔ dzidzeme le agbe me o la hã yi ɖale egbɔ le afi ma, eye wòzu woƒe tatɔ. Wo katã ƒe xexlẽme ade alafa ene.
3
David dzo le afi ma eye wòyi Mizpa le Moab-nyigba dzi eye wòɖagblɔ na Moab-fia be: “Meɖe kuku, medi be nàna tɔ́nye kple nɔnye naʋu ava nɔ mia gbɔ va se ɖe esime manya nu si Aƒetɔ le wɔwɔ ge nam.”
4
Ale David gblẽ edzilawo ɖe Moab-fia la gbɔ, eye wonɔ afi ma ŋkeke siwo katã David yi ɖanɔ agadoa me.
5
Tete Mawu ƒe gbeƒãɖela Gad va David gbɔ eye wògblɔ nɛ be: “Mègatsi agado sia me o; ʋu nàyi Moab-nyigba dzi.” Ale David dzo le afi ma eye wòyi ɖe ave me le Xaret.
6
Saul se be wokpɔ David kple ŋutsu siwo le eŋu la. Saul bɔbɔ nɔ ati aɖe te le togbɛ aɖe dzi, le Gibea lé eƒe akplɔ ɖe asi, eye eƒe subɔlawo katã le tsitre ƒo xlãe.
7
Saul gblɔ na eƒe subɔla siwo le tsitre ƒo xlãe la be: “Mi Benyamin viwo, miɖo to miase. Ðe miebu be Isai vi la atsɔ agble kple wainbɔwo na mi katã? Ðe miebu be aɖo mi katã amegãwoe, amewo ɖe ame akpe nu, eye amewo hã ɖe ame alafa nua?
8
Esiawoe miebu tae mi katã miewɔ ɖeka heɖo nugbe ɖe ŋunyea? Esime vinye wɔ ɖeka kple Isai vi la la, mia dometɔ aɖeke mefi tofi nam o. Nye nya meka mia dometɔ aɖeke wòahayi tofi fi ge nam, be nye ŋutɔ vinye, na nye dɔla tso ɖe ŋunye eye wòde xa ɖi nam kpɔ o va se ɖe egbe.”
9
Doeg tsi tsitre ɖe Saul ƒe dɔlawo gbɔ eye wòɖo nyaa ŋu be: “Isai vi la va Aximelex, Axitub vi la gbɔ le Nob, mekpɔ.
10
Aximelex bia nu ta na David le Aƒetɔ gbɔ. Emegbe la, ena nuɖuɖu aɖewo David eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la ƒe yia nɛ.”
11
Tete Saul dɔ ame ɖa be woayi aɖayɔ nunɔla Aximelex kple eƒe ƒometɔwo katã, siwo hã nye nunɔlawo le Nob la vɛ, eye wo katã wova egbɔ.
12
Saul gblɔ na Aximelex be: “Axitub vi, ɖo to nàse nya sia!” Eɖo eŋu be: “Mele to dzi, nye amegã!”
13
Saul biae be: “Nu ka ta wò kple David miewɔ ɖeka heɖo nugbe ɖe ŋunye? Nu ka ta nètsɔ nuɖuɖu kple yi nɛ eye nèbia nu Mawu nɛ? Èkpɔea? Azɔ la, etso ɖe ŋunye eye wòle ŋudzɔ le mɔnu dim le ŋunye fifi laa be yeawum.”
14
Aximelex ɖo eŋu be: “Ame aɖeke mele wò ŋutimewo dome si wɔa nuteƒe abe David ene o. Azɔ wò ŋutɔ towòe eye wòganye wò ŋutimewo ƒe amegã. Gawu la, ame sia ame bunɛ ŋutɔ le aƒewò me.
15
Ele eme baa be mebia nu Mawu nɛ, gake menye egbee nye zi gbãtɔ o. Fia bubutɔ, mègada nya ɖe nye loo, alo nye ƒometɔ aɖeke dzi be míeɖo nugbe ɖe ye ŋu o. Nyemenya naneke le nya blibo la ŋuti o.”
16
Fia la gblɔ be: “Aximelex, wò kple wò ƒometɔwo katã miaku!”
17
Tete fia la gblɔ na eŋudzɔla siwo le tsitre ɖe egbɔ la be: “Miwu Aƒetɔ ƒe nunɔlaawo! Wowɔ ɖeka kple David ɖo nugbe ɖe ŋunye. Wonya be ɖe wòsí gake womeva fi tofi nam o.” Ke eŋudzɔlaawo gbe be yewomawu Aƒetɔ ƒe nunɔlaawo o.
18
Fia la gblɔ na Doeg be: “Wòa te yi nàwu wo!” Enumake Doeg wu wo katã. Ewu nunɔla bla enyi vɔ atɔ̃ siwo do aklalakɔmewu la gbe ma gbe.
19
Azɔ Saul ɖe gbe be woawu nunɔlawo katã le Nob-du me. Ale wowu ame sia ame le dua me: ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo, nyiwo, tedziwo kple alẽwo.
20
Ke Abyatar, Aximelex viwo dometɔ ɖeka ya sí yi David gbɔ.
21
Egblɔ ale si Saul wu Aƒetɔ ƒe nunɔlaawoe la na David.
22
David gblɔ nɛ be: “Esi mekpɔ Doeg le afi ma gbe ma gbe la, menya be eyina nya aɖe gblɔ ge na Saul godoo. Eya ta nye nuwɔnae na wowu wò ƒometɔwo katã.
23
Nɔ gbɔnye eye mègavɔ̃ o, elabe ame si le diyem be yeawu la, eya kee di wò hã be yeawu. Ne èle gbɔnye la, ànɔ dedie.”
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31