bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 4
1 Samuel 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 5 →
1
Samuel ƒe nya siwo wòɖea gbeƒãe la dea afi sia afi le Israel-dukɔa me. Le ɣeyiɣi sia me la, Israel-dukɔ ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu. Woƒu asaɖa anyi ɖe Eben-Ezer gbɔ eye Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Afek.
2
Filistitɔwo ho yi ɖakpe aʋa kple Israelviwo; aʋa la nu sẽ ŋutɔ. Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi eye wowu ame akpe ene le gbea dzi.
3
Esi ame siwo susɔ la gbɔ va asaɖa la me la, Israel-me tsitsiwo gblɔ be: “Nu ka ta Aƒetɔ na Filistitɔwo ɖu mía dzi egbea? Mina míayi aɖatsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka tso Silo vɛ, ne wòava nɔ mía dome, eye wòaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me.”
4
Ale wodɔ amewo ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, si le kerubiwo tame la ƒe nubablaɖaka tso afi ma vɛ. Eli viŋutsu eveawo, Xofni kple Pinehas, hã zɔ kple nubablaɖaka la va.
5
Esi nubablaɖaka la va ɖo asaɖa la me la, Israelviwo katã do dzidzɔɣli sesĩe hoo ale be anyigba ʋuʋu.
6
Filistitɔwo se ɣlidodoa eye wobia be: “Nu ka ta ɣli sesẽ sia le ɖiɖim le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?” Esi wova nya be Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka lae wotsɔ va asaɖa la me la,
7
vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Tete wogblɔ be: “Mawu aɖe va ɖo woƒe asaɖa la me. Baba na mí! Nu sia tɔgbe medzɔ kpɔ o.
8
Nane wɔ mí pɛ! Ame kae ate ŋu aɖe mí tso mawu triakɔ mawo si me? Mawu siawoe he dɔ vɔ̃ vovovowo de Egiptetɔwo dome, wotsrɔ̃ le gbedadaƒo ɖe.
9
Filistitɔwo, milé dzi ɖe ƒo eye miwɔ ŋutsu. Ne menye nenema o la, míazu Hebritɔwo ƒe kluviwo abe ale si woawo hã wonye míaƒe kluviwo kpɔ ene. Eya ta mitso abe ŋutsuwo ene ne miawɔ aʋa.”
10
Ale Filistitɔwo wɔ aʋa la kalẽtɔe eye woɖu Israelviwo dzi; wosí yi wo nɔƒewo. Ame geɖe ŋutɔ tsi aʋa le Israelviwo dome. Wowu asrafo akpe etɔ̃ sɔŋ le Israelviwo dome.
11
Woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Eli vi eveawo, Xofni kple Pinehas hã.
12
Gbe ma gbe ke la, ŋutsu aɖe, tso Benyamin-to la me, sí tso aʋagbea dzi kple du gbɔ va Silo. Awu vuvu le eŋu eye ke le tame nɛ.
13
Ɣe ma ɣi la, Eli bɔbɔ nɔ zikpui dzi le agbo nu nɔ mɔ dzi kpɔm, esi wòva, elabe Mawu ƒe nubablaɖaka la na meɖe dzi ɖi o. Esi ŋutsua ge ɖe dua me gblɔ nu si dzɔ la, ɣli ɖi le du bliboa me hoo.
14
Eli se ɣlia eye wòbia be: “Nya ka dzɔ ɣli le ɖiɖim ale?” Enumake ŋutsua ɖe abla va to nya la nɛ.
15
Ɣe ma ɣi la, Eli xɔ ƒe bla asieke vɔ enyi eye eƒe ŋkuwo tsí, ale be megate ŋu le nu kpɔm o.
16
Tete ŋutsua gblɔ nɛ be: “Ðe mesí le aʋagbea dzi, le du dzi ʋuu va do egbe.” Eli biae be: “Vinye, nya ka dzɔ?”
17
Dɔla la ɖo eŋu be: “Israelviwo sí le Filistitɔwo nu. Wowu ame geɖe le mía dome. Viwò ŋutsuvi eveawo, Xofni kple Pinehas, gɔ̃ hã ku, eye woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la dzoe.”
18
Esi ŋutsua nyayɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la Eli se ko la, edze anyi megbemegbee le zikpuia dzi ɖe agboa nu. Etɔ kɔ anyi, ŋe kɔ eye wòku, elabe ame tsitsi wònye eye kpekpe le eŋu. Ekplɔ Israel-dukɔa ƒe bla ene sɔŋ.
19
Le ɣeyiɣi sia me la, fu tsi ɖe Eli toyɔvi, Pinehas srɔ̃, ƒo eye eƒe vidziɣi ɖo. Esi wòse be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la, eye toa kple srɔ̃a ku la, fua de asi eɖuɖu me enumake, eye wòdzi vi.
20
Esi wòle kudɔ ƒom la, nyɔnu siwo xe ɖevia nɛ la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o; ŋutsuvie nèdzi.” Ke meɖo nyaa ŋu alo wɔ dzesi aɖeke o.
21
Ena ŋkɔ ɖevi la be Ikabod hegblɔ be: “Ŋutikɔkɔe dzo le Israel!” elabe woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la dzoe, eye toa kple srɔ̃a ku.
22
Egblɔ be: “Ŋutikɔkɔe dzo le Israel elabe woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la.”
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31