bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 12
1 Samuel 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 13 →
1
Azɔ Samuel gblɔ na Israel-dukɔ blibo la be: “Mikpɔ ɖa, mewɔ nu siwo katã miedi be mawɔ na mi la na mi, eye meɖo fia na mi;
2
eya akplɔ mi azɔ. Nye la metsi, ƒo wɔ. Vinyewo le mia dome. Mekplɔ mi abe miaƒe nunɔla ene tso keke nye ɖekakpuime ke va se ɖe fifi.
3
Nyee nye esi. Ne mewɔ vɔ̃ aɖe la, migblɔe le Aƒetɔ kple fia si nye eƒe amesiamina la ŋkume. Mexɔ ame aɖe ƒe nyitsu alo eƒe tedzia? Ame kae meba alo te ɖe to? Ame ka si mexɔ zãnu le be nyemakpɔ nya dzɔdzɔe o? Migblɔe ne maɖo eteƒe na amea.”
4
Woɖo eŋu be: “Mèba mí loo, alo te ame aɖeke ɖe to alo xɔ naneke le ame aɖe si le mía dome o.”
5
Samuel gblɔ na wo be: “Aƒetɔ kple fia, eƒe amesiamina la, nye miaƒe ɖasefowo egbe be miekpɔ vɔ̃ aɖeke le ŋunye o.” Wogblɔ be: “Nyateƒee. Aƒetɔ e nye míaƒe ɖasefo.”
6
Samuel gblɔ na wo yi edzi be: “Aƒetɔ lae nye ame si tia Mose kple Aron, eye wokplɔ mia tɔgbuiwo do go tso Egipte-nyigba dzi.
7
Eya ta miva ɖo ɖe afii ne maxlẽ dɔ siwo Aƒetɔ wɔ xɔ na mi kple mia tɔgbuiwo la afia mi le eŋkume.
8
Esi Yakob kple eƒe ƒomea yi ɖe Egipte, eye Egiptetɔwo te wo ɖe anyi la, wodo ɣli yɔ Aƒetɔ. Tete Aƒetɔ dɔ Mose kple Aron ɖa woyi ɖakplɔ wo tso Egipte va teƒe sia.
9
Ke woŋlɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu la be. Ale wòɖe asi le wo ŋu, eye wòna Filistitɔwo kple Moab-fia kpakple Sisera, Xazor-du ƒe aʋakplɔla wɔ aʋa kpli wo.
10
Wodo ɣli yɔ Aƒetɔ gblɔ be: ‘Míewɔ nuvɔ̃ elabe míegblẽ Aƒetɔ ɖi, eye míesubɔ Baal kple nyɔnumawu Astarte ƒe legbawo. Ke azɔ la, ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me eye míasubɔ wò.’
11
Ale Aƒetɔ dɔ Yerub-Baal, Bedan, Yefta kple Samuel ɖa, wova ɖe mi tso miaƒe futɔ siwo ƒo xlã mi godoo la si me, eye mienɔ anyi le dziɖeɖi me.
12
Ke esi miekpɔ be Amontɔwo ƒe fia Nahas ɖo be yeawɔ aʋa kple mi la, miegbe Aƒetɔ, miaƒe fia eye miegblɔ nam be: ‘Ðo fia na mí wòaɖu mía dzi.’
13
“Mikpɔ ɖa, fia si mietia lae nye esi. Eyae miebia eye azɔ la, Aƒetɔ tsɔe na mi.
14
Ne mi kple fia si le mia dzi ɖum la mianɔ Aƒetɔ, mia Mawu la yome, avɔ̃e, asubɔe, ase eƒe gbe eye miadze aglã ɖe eƒe seawo ŋu o la, nu sia nu adze edzi na mi.
15
Gake ne miase Aƒetɔ ƒe gbe o, ke boŋ miadze aglã ɖe eƒe seawo ŋu la, ekem Aƒetɔ ahe to na mi kple miaƒe fia la.
16
Azɔ minɔ te ne miakpɔ nu gã si wɔ ge Aƒetɔ ala le mia ŋkume teƒe la ɖa.
17
Dzomeŋɔli nye esia eye miele lu ŋem egbe. Gake mele egblɔ ge na Aƒetɔ wòana dzi naɖe gbe, tsi nadza. Ne eva eme la, ekem miadze sii be enye nuvɔ̃ɖi ŋutɔ miewɔ ɖe Aƒetɔ ŋu be miebiae be wòaɖo fia na mi.”
18
Ale Samuel do gbe ɖa na Aƒetɔ. Tete dzi ɖe gbe eye tsi dza gbe ma gbe. Ameawo katã vɔ̃ Aƒetɔ kple Samuel.
19
Tete dukɔ la katã gblɔ na Samuel be: “Ðe kuku na Aƒetɔ, wò Mawu la, ɖe mí wò dɔlawo ta be míagaku o. Míekpɔe dze sii azɔ be míewɔ nuvɔ̃ɖi kpe míaƒe nuvɔ̃wo le esi míebia be woaɖo fia na mí ta.”
20
Samuel ɖo eŋu na dukɔ la be: “Migavɔ̃ o. Togbɔ be miewɔ nuvɔ̃ɖi sia gbegbe hã la, migagbugbɔ le Aƒetɔ yome o, ke boŋ misubɔe kple dzi blibo.
21
Migatrɔ dze nu dzodzro siwo me viɖe aɖeke mele o, eye womate ŋu aɖe mi hã o la yome o, elabe nu dzodzrowo ko wonye.
22
Le Aƒetɔ ŋutɔ ŋkɔ ta la, mate ŋu aɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o elabe eya ŋutɔe ɖoe be yeawɔ mi mianye eƒe dukɔ.
23
Ke le gonyeme ya la, megava eme gbeɖe be mawɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu, be magbe kukuɖeɖe ɖe mia ta o; ke boŋ mafia mɔ nyui dzɔdzɔetɔ la ɖeɖe ko mi.
24
Miawo ya miɖo ŋui miavɔ̃ Aƒetɔ, eye miasubɔe nyateƒetɔe kple dzi blibo, elabe miekpɔ nu gã siwo wòwɔ na mi la.
25
Gake ne miegawɔ nuvɔ̃ɖi la, mia kple miaƒe fia la siaa miatsrɔ̃.”
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31