bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 24
1 Samuel 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 25 →
1
Esi Saul yi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo gbɔ la, wogblɔ nɛ be David le gbedadaƒo si le En-Gedi.
2
Tete Saul tia ŋutsu kalẽtɔ akpe etɔ̃ le Israel-dukɔa me, eye wòyi ɖale David kple eƒe amewo dim le Agamegbɔ̃gakpe la ƒe ɣedzeƒe gbɔ.
3
Eva ɖo agado aɖe si te ɖe alẽkpo aɖe ŋu le mɔ to la gbɔ, eye wòge ɖe eme be yeade afɔdzi. Nukutɔe la, agado sia mee David kple eƒe amewo va bè ɖo eye wole egɔme ke.
4
David ƒe amewo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, egbee nye egbe! Aƒetɔ gblɔ na wò be gbe ɖeka la yeatsɔ wò futɔ ade asi na wò, eye nàwɔ nu sia nu si dze ŋuwò lae.” Ale David yi ɖalã Saul ƒe awu ʋlaya si wòdo la nu dzaa; Saul menya o.
5
Emegbe la, David ƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe me nɛ, le esi wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to ta.
6
Egblɔ na eƒe amewo be: “Aƒetɔ megana mawɔ nu vevi aɖeke nye amegã, ame si Aƒetɔ ŋutɔ na wosi ami na wòzu fia o. Mele be maka asi eŋu, awɔ nanekee gbeɖegbeɖe o, elabe eyae nye fia si Aƒetɔ ŋutɔ tia.”
7
David ƒe nya la dze eƒe ameawo ŋu eye mena wowɔ nu vevi aɖeke Saul o. Saul tsi tsitre eye wòdzo le agadoa me heyi eƒe mɔzɔzɔ dzi.
8
Azɔ la David do go le agadoa me kplɔe ɖo eye wòyɔe sesĩe be, “Nye aƒetɔ fia!” Saul nyè kɔ kpɔ megbe, eye David bɔbɔ de ta agu.
9
David gblɔ na Saul be: “Nu ka ta nèle ame siwo le gbɔgblɔm be nye David, meɖo be mawɔ nu vevi wò la ƒe gbe sem?
10
Wò ŋutɔ kpɔ ɖa, Aƒetɔ tsɔ wò de asi nam le agadoa me egbe hafi. Nye amewo dometɔ aɖewo ƒoe ɖe nunye be mawu wò, ke megbe hegblɔ na wo be nyemawɔ nu vevi aɖeke wò gbeɖe o, elabe ame si Aƒetɔ si ami na heɖoe fia la nènye.
11
Kpɔ ɖa, tɔ́nye, kpɔ wò awu ʋlaya kakɛ si le asinye la ɖa! Esi mekpɔ wò la, mate ŋu awu wò hafi, ke wò awu ʋlaya to sue sia ko melã dzoe. Kpɔ esia nàdze sii ƒãa be nyemeɖo be madze aglã ɖe ŋuwò loo, alo awɔ nu vevi aɖeke wò o. Wò la, èle yonyeme tim vevie be yeawum, togbɔ be nyemewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò o hã.
12
Aƒetɔ nedrɔ̃ nye kple wò domenya ne wòahe to na wò nam; ke nyemawɔ nu vevi aɖeke wò akpɔ gbeɖe o.
13
Ame tsitsiwo doa lo be: ‘Ame vɔ̃ɖi koe wɔa nuvɔ̃ɖi’, ke nye ya nyemawɔ nu vevi aɖeke wò akpɔ gbeɖe o.
14
Mikpɔ ame si Israel-fia kplɔ ɖo la ɖa! Mikpɔ ame si yome tim wòle la ɖa! Avu kuku aɖee! Dosu aɖee!
15
Aƒetɔ nedrɔ̃ nye kple wò domenya eye wòatso afia na ame si tɔ dzɔ. Eya ŋutɔ nekpɔ nya la me ne wòaʋli tanye eye wòaɖem tso asiwò me.”
16
Esi David ƒo nu na Saul vɔ la, Saul bia be: “Vinye David, wò ŋutɔŋutɔe nye esia?” Tete wòwó avi kple ɣli.
17
Azɔ la egblɔ na David be: “Tɔwò dzɔ, ke tɔnye medzɔ o, elabe èwɔ nyui nam, ke nye la, mewɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò.
18
Èɖe nyui si nèwɔ nam la fia egbe elabe togbɔ be Aƒetɔ tsɔm de asi na wò hã la, mèwum o.
19
Ame ƒe asi ɖe wòsua eƒe futɔ dzi vɔ tso, wògaɖea asi le eŋu wòdzona dediea? Eya ta Aƒetɔ netsɔ nyui ɖo nu si nèwɔ nam egbe la teƒe na wò.
20
Azɔ meka ɖe edzi be ègbɔna Israel-fia zu ge, eye fiaɖuƒe la ali ke to dziwò.
21
Eya ta tà Aƒetɔ nam be yematsrɔ̃ nye dzidzimeviwo bene woaŋlɔm be le tɔ́nye ƒeme o.”
22
Tete David ka atam ɖe nya sia dzi na Saul. Emegbe Saul trɔ yi aƒe, eye David kple eƒe amewo gbugbɔ yi afi si wobè ɖo la.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31