bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 17
1 Samuel 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 18 →
1
Azɔ Filistitɔwo ƒe asrafowo va ƒo ƒu ɖe Soko le Yuda-nutome, dzra ɖo na aʋawɔwɔ. Woƒu asaɖa anyi ɖe Soko kple Azaka dome le Efes-Damim.
2
Saul kple Israel-srafowo hã ƒo ƒu, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Ela-bali me, dze aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu.
3
Filistitɔwo ɖo ɖe toa ƒe abu ɖeka nu, eye Israeltɔwo hã ɖo ɖe abu kemɛ me eye bali la tso wo dome.
4
Tete ŋutsu dzɔtsu aɖe si ŋkɔe nye Goliat la do tso Filistitɔwo ƒe asaɖa la me. Etso Gat-du me eye wòkɔ abe meta etɔ̃ ene.
5
Eɖɔ akɔbligakuku eye wòdo aʋawɔgawu si ƒe kpekpeme anɔ abe kilo bla atɔ̃ vɔ adrẽ ene.
6
Edo akɔblikpoxɔnu ɖe akpaligbe eye wolé akɔblikplɔ, ɖe abɔta.
7
Eƒe akplɔti tri abe abaladoti ene, eye ga yibɔ kplɔ la ŋutɔ ƒe kpekpeme ade kilo adrẽ. Eƒe akpoxɔnutsɔla le eŋgɔ.
8
Etsi tsitre dzɔ ka do ɣli ɖo ɖe Israel-ʋakɔ la be: “Nu ka ta mieva dze aʋa ɖo? Menye miawoe nye Saul ƒe dɔlawo oa? Filistitɔwo nye ya menye. Mitia ŋutsu ɖeka le mia dome ne wòava do gom.
9
Ne wòwɔ aʋa kplim wum la, ekema míanye miaƒe subɔlawo. Ke ne menɔ te ɖe enu, wui la, ekem miazu míaƒe kluviwo asubɔ mí.”
10
Azɔ Filistitɔ la yi edzi gblɔ be: “Israeltɔwo, ne ele mia ŋu la, miɖe ame ɖeka be nye kplii míawɔ aʋa.”
11
Esi Saul kple Israelviwo se Filistitɔ la ƒe nya siawo la, dzi ɖe le wo ƒo eye wovɔ̃ ŋutɔ.
12
Azɔ David ye nye Yese vi. Etso Efrat-ƒome me le Betlehem le Yuda-nyigba dzi. Ŋutsuvi enyi le Yese si. Le Saul ŋɔli la, enye ame tsitsi le ehatiwo dome eye wòxɔ ƒè geɖee.
13
Via ŋutsuvi tsitsitɔ etɔ̃ yi aʋagbedzi kple Saul. Yese vi etɔ̃ siawoe nye Eliab, ame si nye ŋgɔgbevia. Eyometɔe nye Abinadab eye etɔ̃liae nye Sama.
14
Woƒe ɖevitɔe nye David eye tsitsitɔ etɔ̃awo yi aʋagbedzi kple Saul.
15
David dzona le Saul gbɔ enuenu ɖakplɔa tɔ́a ƒe alẽwo yia Betlehem nuɖuƒee.
16
Le ŋkeke bla ene sɔŋ me la, Filistitɔ la dona vana ŋdi kple fiẽ, kea ɖi kple Israelviwo.
17
Gbe ɖeka la, Yese gblɔ na David be: “Afɔ netsɔ, tsɔ bli tɔtɔe kilo ewo sia kple abolo ewo yi na nɔviwòwo le asaɖa la me.
18
Tsɔ notsi babla lalɛ ewo siawo hã yi na woƒe aʋakplɔla si kpɔa asrafo akpe ɖeka dzi la. Bia nɔviwòwo ƒe dɔdɔ ta se eye nàxɔ ŋkuɖodzinu aɖe tso wo gbɔ vɛ.
19
Le ɣeyiɣi sia me la, Saul, nɔviwòwo kple Israel-srafoawo le Ela-bali me, le aʋa wɔm kple Filistitɔwo.”
20
Ale David fɔ ŋdi kanya, gblẽ alẽawo ɖe alẽkplɔla aɖe si me, tsɔ nuɖuɖua eye wòdze mɔ abe ale si tɔ́a Isai gblɔ nɛ la ene. Eva ɖo asaɖa la me esime aʋakɔ la de asi dzadzraɖo me be yewoadze aʋa eye aʋaɣli nɔ ɖiɖim.
21
Israeltɔwo kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo dze ŋgɔ wo nɔewo be woakpe aʋa.
22
Tete David gblẽ nu si wòtsɔ vɛ la ɖe ame si kpɔa aʋawɔnuwo dzi la si me, eye wòƒu du yi asrafoawo gbɔ. Ete ɖe wo ŋu do gbe na nɔviawo, bia woƒe dɔdɔ ta se.
23
Esime wòle nu ƒom kpli wo la, Goliat, Filistitɔ, si va aʋaŋgɔgbea si tso Gat la, do tso Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la dome eye wògagblɔ nya siwo wògblɔna godoo la. David se eƒe nyawo.
24
Ke esi Israel-ŋutsuwo katã nyakpɔ ŋutsua ko la, wovɔ̃ ŋutɔ eye wosí dzo.
25
Azɔ Israel-srafoawo gblɔ le wo nɔewo dome be: “Miekpɔ ŋutsu sia si do go vaa? Ðe koŋ wòva be yeaɖe alɔ me le Israelviwo ŋu. Ame si awui la, fia la ana kesinɔnu geɖee eye wòatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe. Hekpe ɖe eŋu la, tɔ́a ƒe ƒome blibo la avo tso nudzɔdzɔ kple dɔdeasiwo katã me le Israel-dukɔa me.”
26
Tete David bia ame siwo le egbɔ la se be: “Nu ka woawɔ na ame si awu Filistitɔ sia, eye wòaɖe ŋukpe ɖa le Israel-dukɔa ŋu? Azɔ ame ka gɔ̃e nye Filistitɔ, bolobolotɔ sia, be wòanɔ alɔ me ɖem ɖe Mawu gbagbe la ƒe aʋakɔwo ŋu?”
27
Ameawo ɖo eŋu nɛ abe ale si wogblɔe va yi ene be: “Ale kple ale woawɔ na ame si wui lae nye esi.”
28
Azɔ esi David le nu ƒom kple ameawo la, nɔvia tsitsitɔ Eliab see. Eƒe dzi ho ɖe David ŋu eye wòbia be: “Nu ka di ge nèva le afii? Ame ka si mee nègblẽ alẽ ʋɛ mawo ɖo le gbea dzi? Menya dàdagbɔgbɔ kple susu vlo si le mewò. Menye aʋawɔƒe kpɔ ge nèva oa?”
29
David ɖo eŋu bia be: “Nu ka mewɔ fifia? Menye nya ta koe mebia oa?”
30
Ale wòtrɔ le egbɔ, trɔ ɖe ame bubu ŋu hebia nya mawo ke, eye ameawo ɖo eŋu nɛ abe tsã ene.
31
Esi wose David ƒe nyaawo la, woyi ɖagblɔ wo na Saul eye Saul na wokplɔe vɛ.
32
David gblɔ na Saul be: “Dzika megatso ame aɖeke ƒo le ŋutsua ƒe nyawo ta o. Wò dɔla ayi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔ sia.”
33
Saul gblɔ na David be: “Màte ŋu ayi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔ sia o, elabe ɖekakpui ko nènye, evɔ la, eya de asi aʋawɔwɔ me tso eƒe ɖekakpuime ke.”
34
Ke David gblɔ na Saul be: “Wò dɔla la, tɔ́a ƒe alẽwo wòkplɔna. Ne dzata alo sisiblisi aɖe va lé alẽvi aɖe le lãha la dome la,
35
mekplɔnɛ ɖo ɖaƒonɛ ƒua anyi eye meɖea lã la le eƒe nu me. Nenye be lã la ho ɖe ŋunye be yeawɔ nu vevim la, meléa eƒe ge, ƒonɛ ƒua anyi eye mewunɛ.
36
Wò dɔla wu dzata kple sisiblisiwo siaa kpɔ. Nenema ke wòanɔ na Filistitɔ bolobolotɔ sia hã, elabe eɖe alɔ me le Mawu gbagbe la ƒe aʋakɔwo ŋu.”
37
David gayi edzi gblɔ be: “Aƒetɔ, ame si ɖem tso dzata kple sisiblisiwo si me la, aɖem tso Filistitɔ sia hã si me.” Ale Saul gblɔ na David be: “Heyi eye Aƒetɔ nenɔ kpli wò.”
38
Tete Saul tsɔ eƒe aʋawɔnuwo do na David. Eɖɔ akɔbligakuku nɛ, eye wòdo gawu nɛ.
39
David kpla eƒe yi ɖe gawua dzi eye wòdze agbagba be yeazɔ, ke mete ŋui o, elabe medo wo womae o. Eya ta David gblɔ na Saul be: “Nyemate ŋu anɔ nu siawo me ayi o. Womemam o.” Ale David ɖe wo ɖi.
40
Tete wòtsɔ eƒe lãkplɔti ɖe asi, fɔ kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ le tɔʋu la me, eye wòtsɔ wo de golo si alẽkplɔlawo kplana la me. Etsɔ eƒe akafo ɖe asi eye wòzɔ ɖe Filistitɔ la dzi.
41
Tete Filistitɔ la zɔ ɖe ŋgɔ nɔ tetem ɖe David ŋu. Eƒe akpoxɔnutsɔla le eŋgɔ.
42
Esi Filistitɔ la kpɔ David la, edo vloe elabe ɖevi ko wònye. Ebiã eye wòdze ɖeka.
43
Ebia David be: “Avue menye be nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Ale Filistitɔ la ƒo fi de David le eƒe mawuwo ŋkɔ me.
44
Egblɔ na David be: “Katse nàva afii eye woana wò ŋutilã azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo.”
45
David ɖo eŋu na Filistitɔ la be: “Wò la, ètsɔ yi, akplɔ kple aŋutrɔ ɖe ŋunye. Ke nye la, megbɔna gbɔwò le Aƒetɔ, Ŋusẽkatãtɔ la, Israel ƒe aʋakɔwo ƒe Mawu, si ŋu nèɖe alɔ me le la ŋkɔ me.
46
Aƒetɔ atsɔ wò de asi nam egbea, eye mawu wò, atso ta le nuwò. Matsɔ Filisti-srafowo ƒe kukuawo na dziƒoxeviwo kple lã wɔadãwo woaɖu egbea, ale be anyigbadzitɔwo katã nanya be Mawu aɖe le Israel-dukɔ me.
47
Nenema ke ameha blibo sia adze sii be Aƒetɔ metsɔa yi alo akplɔ xɔna na ame o. Aƒetɔ ye ɖua dzi le aʋa me, eye eyae atsɔ mi ade asi na mí.”
48
Esi Filistitɔ la gaɖe zɔ nɔ tetem ɖe David ŋu la, David wɔ kaba, ɖo ta Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la gbɔ be yeaɖado go Filistitɔ la.
49
Tete David de asi eƒe golo me tsɔ kpe ɖeka, dae kple eƒe akafo eye wòva dze Filistitɔ la ƒe ŋgonu. Kpe la ŋɔ eƒe ŋgonu henyrɔ ɖe eme, eye Filistitɔ la mu tsyɔ mo anyi.
50
Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple akafo kpakple kpe ko. Eƒoe ƒu anyi hewui, togbɔ be yi menɔ David si o hã.
51
Tete David ƒu du ɖe Filistitɔ la dzi, lũ eƒe yi le aku me hewui, tso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ be yewoƒe aʋaŋgɔgbea ku la, woka hlẽ.
52
Aʋaɣli ɖi eye Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe asrafowo ho, ti Filistitɔwo yome yi balia me, kplɔ wo ɖo va se ɖe keke Ekron-gbo nu, ale be wo dometɔ siwo xɔ abi la tsi mɔ dzi tso Saraim va se ɖe keke Gat kple Ekron.
53
Esi Israelviwo trɔ le Filistitɔwo yome la, wova ha woƒe asaɖa la.
54
David tsɔ Filistitɔ la ƒe ta yi Yerusalem, ke etsɔ eƒe aʋawɔnuwo da ɖe eƒe agbadɔ me.
55
Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa kpe ge kple Filistitɔ la la, ebia eƒe aʋakplɔlagã Abner be: “Abner, ame ka viŋutsuvie nye ɖevi sia?” Abner ɖo eŋu be: “Fia nenɔ agbe tegbee. Nyemate ŋu agblɔe o.”
56
Fia la gblɔ be: “Bia ame si vi ɖekakpui sia nye la ta se.”
57
Azɔ esi David trɔ gbɔ, le Filistitɔ la wuwu vɔ megbe la, Abner kplɔe va Saul gbɔ; Filistitɔ la ƒe ta ganɔ esi.
58
Ale Saul biae se be: Ðekakpui, ame ka vi nènye?” David ɖo eŋu be: “Wò dɔla, Isai, ame si tso Betlehem vie menye.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31