bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 2
1 Samuel 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 3 →
1
Xana hã do gbe ɖa gblɔ be: “Aƒetɔ na nye dzi vu gblotoo le aseye tsom. Aƒetɔ ɖe nye ŋusẽ fia eye dzidzɔ yɔ menye. Meko nye futɔwo; elabe èxɔ nam eye dzi le dzɔyem.
2
“Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Aƒetɔ ene o. Ame aɖeke meli abe wò ene o. Agakpe aɖeke meli abe mía Mawu la ene o.
3
Midzudzɔ adegbeƒoƒo dàdatɔe eye nya vlowo meganɔ dodom le mia nu o. Elabe Aƒetɔ nye Mawu si nya nu sia nu. Eyae tsoa nya me le amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu.
4
Kalẽtɔwo ƒe datiwo ŋe klíklikli, ke ame beliwo kpɔ ŋusẽ.
5
Ame siwo ɖua nu ɖia ƒo tsã la, tsɔ wo ɖokui de awɔba be yewoakpɔ nu aɖu. Ke ame siwo mekpɔa nu ɖuna tsã o la, dɔ megawua wo azɔ o. Konɔ va dzi vi zi adrẽ, ke vi geɖe dzila va zu abe ame madzivikpɔ ene.
6
Aƒetɔ wua ame, eye eya ke gbɔa agbe ame. Eɖoa ame ɖe tsiẽƒe, eye wògahea ame doa goe.
7
Aƒetɔ wɔa ame dahe, eye wògawɔa kesinɔtɔ hã. Eyae bɔbɔa ame aɖewo ɖe anyi, eye wòdoa bubuwo ya ɖe dzi.
8
Eyae ɖea ame dahewo tso ké me, eye wòkɔa hiãtɔwo ɖe dzi tso dzowɔ me. Ewɔ esia be woanɔ anyi ɖe amegãwo dome, eye woabɔbɔ nɔ bubuteƒewo. Anyigba ƒe gɔmeɖoɖowo nye Aƒetɔ tɔ, eye woawo dzie wòtu xexea me godoo ɖo.
9
Ekpɔa eƒe ame wɔnuteƒewo ta be woanya zɔzɔ; ke ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃ ɖe viviti me, elabe menye ame ƒe ŋusẽe naa wòɖua dzi o.
10
Woatsrɔ̃ Aƒetɔ ƒe futɔwo; aɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo. Aƒetɔ adrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã, ana ŋusẽ eƒe fia la eye wòana eƒe amesiamina la aɖu dzi.”
11
Emegbe Elkana trɔ yi wo de Rama, ke via ya tsi nunɔla Eli gbɔ hesubɔ Aƒetɔ.
12
Eli viŋutsuwo nye yakamewo. Womebua Aƒetɔ ɖe naneke me o,
13
eye wometsɔ ɖeke le kɔnu si le nunɔlawo si na dukɔa la hã me o. Ne ame aɖe va le vɔ sam la, nunɔla ƒe dɔla léa gaflo nuetɔ̃ ɖe asi vanɛ. Esime vɔsala la le lã la ɖam la,
14
nunɔla ƒe dɔla tɔa lãwo le gaze alo ze, kutu alo agba me, eye nu sia nu si gaflo la he ɖi goe la zua nunɔla la tɔ. Aleae wowɔna ɖe Israelvi ɖe sia ɖe si va vɔ sa ge le Silo la ŋu.
15
Gawu la, hafi woaɖe amia atɔ dzoe la, nunɔla ƒe dɔla yina ɖe ame si va le vɔ sam la gbɔ ɖagblɔna nɛ be: “Nà lã aɖem ne nunɔla name; mele ɖaɖaa dim o, mumua dim wòle.”
16
Ne vɔsala la ɖo eŋu be: “Nà woatɔ dzo amia gbã, emegbe àte ŋu atsɔ lã ale sinu dze ŋuwò” la, egblɔna be: “Gbeɖe! Tsɔe nam fifi laa! Ne menye nenema o la, matsɔe kple sesẽ!”
17
Eli viawo ƒe nuvɔ̃ sia vɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume ŋutɔ, elabe womede bubu aɖeke Aƒetɔ ƒe vɔsa la ŋu o.
18
Le ɣeyiɣi sia me la, Samuel nɔ subɔsubɔdɔ wɔm le Aƒetɔ ŋkume. Enye ɖevi dzaa si doa aklalawu si tɔgbe subɔlawo dona.
19
Nɔa tɔa dziwui ɖagbee aɖe ɖananɛ ƒè sia ƒè, ne eya kple srɔ̃a Elkana va ƒètatrɔvɔ sa ge.
20
Emegbe Eli biaa yayra na Elkana kple srɔ̃a gblɔna be: “Aƒetɔ negana nyɔnu sia nadzi viwo na wò nàtsɔ ɖo esi nètsɔ nɛ la teƒe.” Emegbe wotrɔna yia wo de.
21
Aƒetɔ ve Xana nu, wòdzi ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi eve. Samuel ɖevi la hã tsi le Aƒetɔ gbɔ.
22
Azɔ Eli tsi ku amegã. Enɔ nu siwo katã via ŋutsuwo nɔa wɔwɔm ɖe Israel-dukɔmeviwo ŋu la sem. Ese hã be viawo dɔna kple nyɔnu siwo subɔna le godoƒegbadɔ nu la gɔ̃ hã.
23
Ale wògblɔ na wo be: “Nu ka ta miele nu siawo wɔm? Ame sia ame le nu vlo siwo wɔm miele la gblɔm.
24
Vinyewo, mesɔ o hee! Aƒetɔ ƒe dukɔmetɔwo mele nya nyui aɖeke gblɔm le mia ŋu o.
25
Ne ame wɔ vɔ̃ ɖe ehavi ŋu la, Mawu axɔ nya ɖe vɔ̃wɔla la nu. Gake ne ame wɔ vɔ̃ ɖe Mawu ŋu la, ame kae aʋli eta?” Ke wogbe wo tɔ́a ƒe gbesese elabe Aƒetɔ ɖo be yeawu wo.
26
Samuel ɖevi la tsi ɖe edzi, eye eƒe nu dze Aƒetɔ kple amegbetɔwo siaa ŋu.
27
Azɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe va Eli gbɔ gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ be: ‘Meɖe ɖokuinye fia tɔ́wò ƒe ƒome esime wonye kluviwo na Egipte Fiagã le Egipte-nyigba dzi.
28
Metia ƒome sia tso Israel-toawo katã dome be woanye nye nunɔlawo. Woawoe asubɔm le nye vɔsamlekpui la ŋgɔ, atsɔ lifi asa vɔe, eye woawo kee ado nunɔlawo ƒe awu si wotsɔna subɔnae le ŋkunye me. Vɔsanu siwo katã Israelviwo naam la, metsɔ wo na tɔ́wò be woanye wo tɔ.
29
Ale ke wɔ nèklẽ ŋu ɖe nye vɔsa kple nunana si mebia la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wum? Mieɖu nye dukɔ ƒe vɔsalã ƒe akpa nyuitɔwo heda ami.
30
Le esia ta Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ be: ‘Medo ŋugbe va yi be wò ƒome kple tɔ́wò ƒe ƒome anye nye nunɔlawo anɔ gbɔnye asubɔm tegbee.’ Ke azɔ la, Aƒetɔ le gbɔgblɔm be: ‘Evɔ, magava eme gbeɖe o. Ame siwo buam la, nye hã mabu wo eye ame siwo doa vlom la, nye hã mado vlo wo.
31
Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime mawu ɖekakpuiwo le wò ƒome me kple tɔ́wò tɔ me, ale be ame tsitsi aɖeke maganɔ wò ƒomea me loo, alo tɔ́wò tɔ me o.
32
Ne esia va eme la, àxa nu eye àʋã ŋu Israel-dukɔmevi bubuwo le ale si mana nu nanyo na woawo la ta. Ke le wò ya gome la, ame tsitsi aɖeke maganɔ wò ƒome me akpɔ o.
33
Gake magblẽ wò dzidzimevi ɖeka aɖe ɖi si anye nunɔla asubɔm. Ke mana eƒe ŋkuwo agbã eye agbenɔnɔ azu dɔ nɛ. Aƒewòmeviwo ya la, woaku ku kpata le ɖekakpuime.
34
Ne viwòawo kple evea, Xofni kple Pinehas, ku gbe ɖeka la, aɖee afia wò nànya be nya siwo katã megblɔ la le me va ge godoo.
35
Maɖo nunɔla nuteƒewɔla, ame si awɔ nu ɖe nye didi nu la na ɖokuinye. Mana eƒe dzidzimeviwo nasubɔm le nye amesiamina gbɔ tegbee.
36
Wò dzidzimevi siwo asusɔ la ayi nunɔla la gbɔ aɖabia ga kple nuɖuɖui, eye woaɖe kuku nɛ be: “Míeɖe kuku, ɖe mɔ na mí ne míakpe ɖe nunɔlawo ŋu ale be míakpɔ nane aɖu.’ ”
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31