bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 11
1 Samuel 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 12 →
1
Emegbe ʋɛ la, Nahas, Amon-fia ho aʋa ɖe Yabes-du le Gilead-nutome ŋu eye eƒe asrafowo ɖe to ɖe dua. Tete Yabes-ŋutsuwo katã gblɔ na Nahas be: “Bla nu kpli mí ekema míana nàzu mía dziɖula.”
2
Ke Nahas ɖo eŋu na wo be: “Hafi mabla nu kpli mi la, ele be miana maŋɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ɖusimeŋku ale be mado ŋukpe Israel-dukɔ blibo la.”
3
Tete Yabes-me tsitsiwo gblɔ nɛ be: “Taflatsɛ, kpɔ mía sinu ŋkeke adrẽ ne míadɔ ame ɖe afi sia afi le Israel-nyigba bliboa dzi. Ne míekpɔ ame aɖeke wòava xɔ na mí o la, ekem míana ta.”
4
Amedɔdɔawo ɖo Gibea, afi si Saul le. Esi wogblɔ nya la dua me tɔwo se la, wowó avi hoo.
5
Le ɣe ma ɣi me la, Saul kplɔ nyiwo tso gbedzi gbɔna dua mee. Ebia be: “Nya ka dzɔ amewo le avi fam ale?” Wogblɔ nya si Yabestɔwo tsɔ vɛ la nɛ.
6
Esi wòse nyaa la, Mawu ƒe gbɔgbɔ dze edzi, eye dzi kui vevie ŋutɔ.
7
Enumake wòlé nyi eve, fli wo kakɛkakɛe, eye wòtsɔ wo de amewo si be woatsɔ ayi Israel-nyigba ƒe akpa sia akpa. Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ame si metso va dze Saul kple Samuel yome yi aʋa o la, alea tututu woawɔ eya hã ƒe nyiwoe.” Israel-dukɔa vɔ̃ nu si Aƒetɔ awɔ, eya ta wo katã wodo bibibi.
8
Saul na woƒo ƒu ɖe Bezek: ame siwo do tso Israel la le ame akpe alafa etɔ̃ eye esiwo do tso Yuda la le akpe bla etɔ̃.
9
Azɔ wogblɔ na amedɔdɔ siwo tso Yabes va la be: “Miyi ɖagblɔ na Yabestɔwo be hafi ɣe naɖo ta etsɔ la, woava xɔ na wo!” Esi amedɔdɔawo va gblɔ nya la na Yabestɔwo la, dzi dzɔ wo ŋutɔ,
10
eye wogblɔ na Nahas be: “Etsɔ la, míatsɔ mía ɖokui ade asi na wò be nàwɔ nu sia nu si dze ŋuwò la mí.”
11
Esi ŋu ke ŋdi la, Saul ma ameawo ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me. Wolũ ɖe Amontɔwo dzi le asaɖaa me le fɔŋli, eye wode asi wo wuwu me va se ɖe ŋdɔ me. Ame siwo susɔ la ka hlẽ ɖekaɖeka dzo: ame eve mekpɔtɔ ɖe teƒe ɖeka o.
12
Emegbe Israelviwo bia Samuel be: “Ame kawoe gblɔ be Saul maɖu fia ɖe mía dzi o? Kplɔ wo vɛ míawu.”
13
Ke Saul gblɔ be: “Womawu ame aɖeke egbe o, elabe egbeae Aƒetɔ ɖe Israel-dukɔ la.”
14
Tete Samuel gblɔ na dukɔ la be: “Miva míyi Gilgal ne míagbugbɔ fiaɖoɖo kɔnuawo agawɔ ake.”
15
Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, eye woɖo fia Saul le afi ma le Aƒetɔ ŋkume. Wosa ŋutifafavɔ le afi ma, eye Saul kple Israel-dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31