bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 3
1 Samuel 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 4 →
1
Azɔ Samuel ɖevi la nɔ Eli te nɔ Aƒetɔ subɔm. Le ɣe ma ɣi me la, Aƒetɔ meƒoa nu na ame edziedzi o. Ŋutegakpɔkpɔ hã mebɔ o.
2
Azɔ Eli tsi, eƒe ŋkuwo nɔ tsitsim eye meganɔ nu kpɔm o. Gbe ɖeka zã la, eva eme be Eli mlɔ emlɔƒe.
3
Samuel ya mlɔ Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ me, afi si Mawu ƒe nubablaɖaka la le. Womekpɔ tsi akaɖiawo haɖe o.
4
Aƒetɔ yɔe be: “Samuel! Samuel!” Etɔ be: “Nyee nye esi!”
5
eye wòƒu du yi Eli gbɔ hegblɔ nɛ be: “Nyee nye esi, elabe èyɔm.” Ke Eli ɖo eŋu be: “Nyemeyɔ wò o; yi ɖamlɔ anyi.” Ale Samuel yi ɖamlɔ anyi.
6
Ke Aƒetɔ gayɔ Samuel ake. Efɔ gayi Eli gbɔ gblɔ be: “Nyee nye esi, elabe èyɔm.” Eli gblɔ be: “Vinye, nyemeyɔ wò o; gbugbɔ ɖamlɔ anyi.”
7
Azɔ la, Samuel menya Aƒetɔ haɖe o, eye Aƒetɔ meɖe eƒe nya fiae haɖe o.
8
Aƒetɔ gayɔ Samuel zi etɔ̃lia. Efɔ yi Eli gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Nyee nye esi, elabe èyɔm.” Tete Eli dze sii azɔ be Aƒetɔ ye le ɖevia yɔm,
9
ale wògblɔ na Samuel be: “Yi ɖamlɔ anyi. Ne egayɔ wò la, gblɔ nɛ: ‘Aƒetɔ, ƒo nu, elabe wò dɔla le to ɖom.’ ” Ale Samuel yi ɖamlɔ emlɔƒe.
10
Aƒetɔ gava eye wòle tsitre yɔe abe tsã ene be: “Samuel! Samuel!” Samuel ɖo eŋu be: “Ƒo nu, elabe wò dɔla le to ɖom.”
11
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, mele nane wɔ ge le Israel-dukɔa me. Ame sia ame si asee la ƒe to eveawo me aɖi yeŋ.
12
Gbe ma gbe la mana nya siwo katã megblɔ ɖe Eli ƒe aƒe la ŋu la nava eme tso gɔmedzeƒe va se ɖe nuwuƒe.
13
Megblɔ nɛ va yi be nyemadzudzɔ tohehe na eƒe aƒe akpɔ o. Elabe enya nu tso viawo ƒe vodada kple busunya siwo wogblɔna ɖe Mawu ŋu la ŋu, gake wòzi kpi megbena na wo o.
14
Eya ta meka atam be Eli ƒe aƒe la matsɔ vɔsa alo nunana aɖeke alé avu eƒe vodada la akpɔ o.”
15
Samuel gamlɔ anyi va se ɖe esime ŋu ke. Efɔ eye wòʋu gbedoxɔa ƒe ʋɔwo. Ke evɔ̃ ŋutega si wòkpɔ la gbɔgblɔ na Eli.
16
Gake Eli yɔe be: “Vinye Samuel!” Samuel ɖo eŋu be: “Nyee nye esi!”
17
Eli biae be: “Nya ka Mawu gblɔ na wò? Gblɔ wo katã nam; mègaɣla ɖeke ɖem o. Ne mègblɔ wo katã nam o la, Mawu ahe to na wò agahee na wò ake.”
18
Ale Samuel gblɔ nya la katã nɛ; ɖeke mesusɔ o. Eli gblɔ be: “Eyae nye Aƒetɔ. Newɔ nu si dze eŋu la faa.”
19
Samuel va tsi. Aƒetɔ nɔ kplii eye wòna nya sia nya si Samuel gblɔ la va eme.
20
Israel-dukɔ blibo la, tso Dan va se ɖe Beer-Seba, va nya be woɖo Samuel abe eƒe gbeƒãɖela ene.
21
Aƒetɔ gaɖe eɖokui fia le Silo. Aƒetɔ ɖe eɖokui fia Samuel le afi sia to nya si wògblɔ nɛ la me.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31