bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 18
1 Samuel 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 19 →
1
Esi David ƒo nu kple Saul vɔ ko la, David ƒe nu lé dzi na Yonatan eye wòlɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.
2
Tso gbe ma gbe dzi la, Saul xɔe eye meɖe mɔ nɛ wògbugbɔ yi tɔ́a ƒeme o.
3
Azɔ Yonatan bla nu kple David elabe elɔ̃e vevie.
4
Eɖe awu ʋlaya si le eŋu la tsɔ na David. Nenema ke wòtsɔ eƒe aʋawu, yi, dati kple eƒe alidziblanu hã nɛ.
5
Afi sia afi si Saul dɔe ɖo ɖa la, eɖua dzi. Esia ta Saul tsɔe ɖo aʋakplɔlae. Nu sia dze asrafoawo katã kple Saul ƒe dɔlawo keŋ ŋu.
6
Esi David trɔ gbɔ va aƒe, le Filistitɔa wuwu vɔ megbe eye asrafoawo hã gbugbɔ gbɔna la, nyɔnuwo tso Israel-duwo katã me va do go fia Saul nɔ ha dzim nɔ ɣe ɖum. Wole aseyetsoha dzim, le axatsɛ kple ʋu ƒomevi vovovowo ƒom.
7
Nyɔnuawo nɔ aseye tsom nɔ ha dzim be: “Saul wu akpewo eye David wu akpe ewowo.”
8
Nya la medze Saul ŋu o eye wòkpɔ dziku vevie. Egblɔ be: “Wobe David wu ame akpeakpewo eye nye la, mewu ame akpewo ko. Nu kae gasusɔ, ne menye be ava zu fia o?”
9
Tso gbe ma gbe heyina la, Saul va de asi ŋuʋaʋã David me.
10
Evea gbe la, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ va Saul dzi, eye wònɔ nu wɔm abe tsu kum wòle le fiasã la me ene, esime David nɔ saŋku ƒom abe ale si wòwɔna gbe sia gbe ene. Saul lé eƒe akplɔ ɖe asi.
11
Eda akplɔ la, elabe ebu be: “Matɔe amimi ɖe gli ŋu.” Ke, David do axa na akplɔ la zi eve sɔŋ.
12
Azɔ Saul de asi vɔvɔ̃ me na David, elabe Aƒetɔ la li kple David, ke egbugbɔ le Saul ya yome.
13
Esia ta Saul na be David nadzo le ye gbɔ, eye wòtsɔe wɔ kplɔla na asrafoha si me ame akpe ɖeka le. David kplɔa ame siawo yia aʋae.
14
Nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi, elabe Aƒetɔ la li kplii.
15
Esi Saul kpɔ be David ƒe wɔna ɖe sia ɖe dzea edzi nɛ nyuie la, ede asi evɔvɔ̃ me.
16
Ke ame siwo katã le Israel kple Yuda ya lɔ̃a eƒe nya gbɔ, elabe enɔa wo ŋgɔ kplɔa wo yia aʋa gakplɔa wo gbɔnae dedie.
17
Azɔ Saul gblɔ na David be: “Kpɔ ɖa, ne èwɔ kalẽnu eye nèwɔ aʋa, ʋli Aƒetɔ ta la, matsɔ vinye nyɔnuvi tsitsitɔ Merab na wò nàɖe.” Saul bu be le go sia me la, Filistitɔwo awui eye manye yee awui o.
18
Ale David gblɔ na Saul be: “Ame ka menye eye ame kawoe nye ƒonyemetɔwo kple tɔ́nye ƒomeawo le Israel-nyigba dzi, keke mahayi fia ƒe to nye ge?”
19
Ke ɣeyiɣi si wòle be Saul natsɔ via nyɔnuvi Merab na David wòaɖe la, etsɔe na Mexolatitɔ Adriel boŋ.
20
Eva dzɔ be David ƒe nu va lé dzi na Saul vinyɔnuvi Mixal boŋ. Esi wogblɔ nya sia na Saul la, edze eŋu.
21
Saul gblɔ le eɖokui me be: “Matsɔe nɛ wòaɖe; ekem atrɔ zu mɔ̀ nɛ ale be Filistitɔwo ƒe asi asu edzi.” Eya ta Saul gblɔ na David zi evelia be: “Àzu tonye azɔ.”
22
Tete Saul gblɔ na eƒe amegãwo be: “Miɖe kpɔ David ne miagblɔ nɛ be, ‘Kpɔ ɖa, fia la lɔ̃ wò nya gbɔ eye eƒe dɔlawo katã hã lɔ̃ wò. Eya ta enyo be nàzu toa yɔvi.’ ”
23
Ale Saul ƒe dɔlawo na nya siawo va ɖo David ƒe to me. Azɔ David gblɔ be: “Nu tsɛ ko miawo miebui be ame nanye fia toa? Nye la, ame dahe menye eye nyemele naneke me o.”
24
Tete Saul ƒe dɔlawo va gblɔ nɛ be ale kple ale David gblɔ enye si.
25
Eya ta Saul gagblɔ be: “Mina David nase egɔme nyuie be fia la mehiã srɔ̃ɖenu aɖeke o, negbe Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka ko, atsɔ bia hlɔ̃ eƒe futɔwo.’ ” Saul bu be yeana David natsi Filistitɔwo si me to mɔ sia dzi.
26
Esi fia la ƒe dɔlawo gblɔ nya sia na David la, edze eŋu blibo be yeazu fia to. Hafi ɣe si ɣi woɖo la nade la,
27
David kple eƒe asrafowo ho aʋa yi ɖawu Filistitɔ alafa eve. Esẽ woƒe aʋanuyiwo eye wòtsɔ wo katã vɛ na fia la ale be wòate ŋu zu fia to. Ale Saul tsɔ via Mixal nɛ wòɖe.
28
Gake esi Saul kpɔ dze sii be Aƒetɔ li kple David, eye Mixal lɔ̃ eƒe nya la,
29
Saul gavɔ̃ David wu. Esia ta David zu Saul ƒe futɔ ɖikaa.
30
Enuenu la, Filisti-fiawo hoa aʋa ɖe Israelviwo ŋu. Zi ale si woho aʋae la, zi nenema ke David sia wo wú Saul ƒe dɔla bubuawo. Eya ta David ŋkɔ va de du.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31