bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 5
1 Samuel 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 6 →
1
Esi Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe nubablaɖakaa dzoe la, wokɔe tso Eben-Ezer yi ɖada ɖe Asdod.
2
Wokɔe yi woƒe mawu Dagon ƒe xɔ me, eye wodae ɖe eƒe legba si le afi ma la gbɔ.
3
Ŋdi kanya la, Asdodtɔwo kpɔ be Dagon mu, tsyɔ mo anyi ɖe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ. Ale wofɔe dzi gakɔe ɖo eteƒe.
4
Esi ŋu gake ŋdi kanya la, wokpɔ be Dagon ƒe legba la gamu hetsyɔ mo anyi ɖe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka ŋgɔ. Ta kple abɔ eveawo flí le eŋu, eye wòtsi mɔnu afi ma, takpo kple abɔkpo nogoo ɖi.
5
Le esia ta, tso ɣe ma ɣi va se ɖe egbegbe Dagon ƒe trɔ̃nuawo kple ame siwo katã subɔnɛ le trɔ̃ƒe sia le Asdod la daa ata teƒea eye womeɖoa afɔe gbeɖe o.
6
Aƒetɔ he to na Asdodtɔwo vevie, eye wòna vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe. Ena ƒoƒoe te dua me tɔwo kple ame siwo le woƒe nutowo me.
7
Esi Asdodtɔwo kpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la, wogblɔ be: “Israel ƒe Mawu la le to hem na mía kple míaƒe mawu Dagon. Mele be eƒe nubablaɖaka la naganɔ mía gbɔ azɔ o.”
8
Ale wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu eye wobia wo be: “Ale ke míele Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la wɔ gee?” Woɖo eŋu be: “Mitsɔe ɖo ɖe Gat.” Ale wokɔe yi Gat si nye Filistitɔwo ƒe du bubu aɖe.
9
Esi nubablaɖaka la va ɖo la, Aƒetɔ he to na du ma me tɔwo hã, eye zi gã aɖe tɔ le dua me. Ƒoƒoe te ame sia ame le dua me, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.
10
Ale woawo hã woɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe Ekron, Filistitɔwo ƒe du bubu. Ke esi Mawu ƒe nubablaɖaka la va Ekron la, dua me tɔwo do ɣli gblɔ be: “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖo ɖe mí be wòawu mí katã le dua me.”
11
Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu. Wogblɔ be: “Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ɖe eteƒe, bene magawu mí katã le dua me o.” Elabe vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me kutɔkutɔe elabe Mawu ƒe asi sẽ ɖe wo dzi.
12
Ame siwo meku o la, ƒoƒoe te woawo hã, eye dua ƒe ɣli de dziƒo.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31