bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 15
1 Samuel 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 16 →
1
Samuel gblɔ na Saul be: “Aƒetɔ dɔm be masi ami na wò nànye fia ɖe Israel-dukɔ nu. Eya ta fifia la ɖo to nàse Aƒetɔ ƒe gbedeasi.
2
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, be yele to he ge na Amalekitɔwo ɖe woƒe nuwɔna ta. Elabe wotsi tre ɖe Israelviwo ŋu le mɔzɔzɔ me esime wodo go tso Egipte.
3
Azɔ yi ɖasì Amalekitɔwo eye nàtsrɔ̃ woƒe nu sia nu keŋkeŋ. Mègagblẽ woƒe naneke ɖi o; tsrɔ̃ ŋutsu kple nyɔnu, ɖevi kple vi nono, nyi kple alẽ, kposɔ kple tedzi siaa.”
4
Tete Saul ƒo asrafoawo nu ƒu ɖe Telaim, eye wòxlẽ wo. Asrafo afɔzɔlawo le ame akpe alafa eve, eye asrafo siwo tso Yuda le ame akpe ewo.
5
Saul kplɔ asrafoawo va Amalek-du ƒe bali me eye wode xa ɖe afi ma.
6
Azɔ Saul ɖo du ɖe Kenitɔwo be: “Netsɔ na mi, ne miado adzo le Amalekitɔwo dome, ne magatsrɔ̃ mi akpe ɖe wo ŋu o. Elabe mieve Israelviwo katã nu esime wodo go tso Egipte gbɔna.” Ale Kenitɔwo do le Amalekitɔwo dome dzo.
7
Saul si Amalekitɔwo tso Xavila va se ɖe Sur le Egipte ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
8
Elé Agag, Amalek-fia, agbagbee eye wòtsrɔ̃ dukɔ blibo la keŋkeŋ kple yi.
9
Ke Saul kple eƒe asrafowo ɖe asi le fia Agag ŋu. Wona alẽ nyuitɔwo, nyitsuwo, nyivi damiwo, alẽviwo kple nu sia nu si nyakpɔ na wo ko la tsi agbe; wometsrɔ̃ woawo ya o. Ke nu siwo wotsri kple esiwo ŋu viɖe aɖeke mele o ya la, wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ.
10
Aƒetɔ gblɔ na Samuel be:
11
“Evem be meɖo Saul fiae elabe etrɔ le yonyeme, eye mewɔ nye gbe dzi o.” Tete Samuel do dziku eye wòƒo koko na Aƒetɔ zã blibo la katã.
12
Efɔ ŋdi kanya be yeaɖado go Saul. Wogblɔ na Samuel be: “Saul va Karmel. Kpɔ ɖa, eli ŋkuɖodzikpe na eɖokui ɖi eye wòtrɔ yi Gilgal.”
13
Esi Samuel va Saul gbɔ la, Saul gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ neyra wò! Mewɔ Aƒetɔ ƒe gbe dzi.”
14
Samuel biae be: “Alẽ kple nyi kawo ƒe xɔxlɔ̃ nye esi sem mele?”
15
Saul ɖo eŋu be: “Nye asrafoawoe kplɔ wo tso Amalekitɔwo gbɔ vɛ. Wotsɔ alẽ kple nyitsu nyuitɔwo vɛ be yewoatsɔ asa vɔ na Aƒetɔ, wò Mawu la. Ke nu bubuawo ya la, wotsrɔ̃ wo katã gbidigbidi.”
16
Tete Samuel gblɔ na Saul be: “Zi ɖoɖoe, ne magblɔ nya si Aƒetɔ gblɔ nam étò ƒe zã me la na wò.” Saul xɔ edzi be: “Gblɔe mase.”
17
Samuel gblɔ nɛ be: “Togbɔ be wò ŋutɔ mèbu ɖokuiwò ɖe naneke me o hã, ɖe menye wòe zu tatɔ na Israel-toawo oa? Aƒetɔ si ami na wò heɖo wò fiae ɖe Israel nu,
18
eye wòdɔ wò ɖe dɔgbe gblɔ na wò be: ‘Yi nàɖatsrɔ̃ Amalekitɔ nuvɔ̃wɔlawo keŋkeŋ. Wɔ aʋa kpli wo va se ɖe esime wo dometɔ aɖeke mesusɔ o.’
19
Nu ka ta mèɖo to Aƒetɔ ƒe gbe o? Nu ka ta nèdze aboyonuawo dzi lɔ vɛ, eye nèwɔ nu si nye nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume?”
20
Saul gblɔ na Samuel be: “Mewɔ Aƒetɔ ƒe gbe dzi ɖe. Mede dɔ si gbe Aƒetɔ ɖom ɖa lae. Mesi Agag, Amalek-fia hekplɔe gbɔe eye metsrɔ̃ Amalekitɔwo gbidigbidi.
21
Negbe asrafoawo koe ha aboyonuawo ƒe ɖe: alẽwo, nyitsuwo kple nu nyuitɔwo, siwo dze na tsɔtsrɔ̃ hafi la, be yewoatsɔ asa vɔ na Aƒetɔ, wò Mawu la le Gilgal.”
22
Tete Samuel gblɔ be: “Ɖe Aƒetɔ kpɔa ŋudzedze le numemevɔsawo kple vɔsawo ŋu abe toɖoɖo Aƒetɔ ƒe gbe enea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami.
23
Elabe aglãdzedze le abe afakaka ƒe nuvɔ̃ ene, eye tosesẽ le abe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ene. Esi nègbe Aƒetɔ ƒe nya dzi wɔwɔ ta la, eya hã gbe wò be magaɖu fia o.”
24
Tete Saul gblɔ na Samuel be: “Mewɔ nuvɔ̃. Meda Aƒetɔ ƒe se dzi eye nyemewɔ wò nya dzi o. Mesi dukɔ la ɖa, eye meɖo to woƒe gbe boŋ.
25
Eya ta azɔ la, meɖe kuku, tsɔ nye nuvɔ̃ kem. Va mígbugbɔ yi Gilgal ne maɖasubɔ Aƒetɔ.”
26
Samuel ɖo eŋu be: “Nyemagbugbɔ ayi kpli wò o, elabe ègbe Aƒetɔ ƒe gbe dzi wɔwɔ eye Aƒetɔ hã gbe wò be màgaɖu fia ɖe Israel-dukɔ dzi o.”
27
Ke esi Samuel trɔ be yeadzo la, Saul lé eƒe awu ʋlaya toga eye awua dze.
28
Samuel gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ dze Israel-fiaɖuƒe la le asiwò egbe, eye wòtsɔe na hawòvi aɖe si nyo wu wò.
29
Israel ƒe Ŋutikɔkɔetɔ la mekaa aʋatso alo trɔa susu o, elabe menye ame wònye ne wòatrɔ susu o.”
30
Ale Saul gagblɔ be: “Mewɔ nuvɔ̃; ke hã la de bubu ŋunye le dukɔmemetsitsiwo kple Israelviwo katã ŋkume. Gbugbɔ kplim yi ko be maɖasubɔ Aƒetɔ, wò Mawu la.”
31
Ale Samuel gbugbɔ kple Saul yi wòɖasubɔ Aƒetɔ.
32
Azɔ Samuel ɖe gbe be: “Mikplɔ Agag, Amalek-fia va gbɔnye afii.” Agag zɔ kakaka yi egbɔ dzidzɔtɔe. Agag gblɔ be: “Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ si ɖom mebe maku la nu yi.”
33
Samuel gblɔ be: “Ale si wò yi wɔ vi nɔwo wòzu vi manɔsitɔwo la, nenema ke nɔwò hã azu vi manɔsitɔ le nyɔnuwo dome.” Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le vɔsaƒe la ŋgɔ le Gilgal.
34
Emegbe Samuel dzo yi Rama, eye Saul hã yi eƒeme le Gibea.
35
Samuel megakpɔ Saul kpɔ o va se ɖe eƒe kugbe; ke exa nu ɖe Saul ŋu. Eve Aƒetɔ be eɖo Saul fiae ɖe Israel nu.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31