bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 30
1 Samuel 30
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 31 →
1
Esi David kple eƒe amewo gbɔ va Ziklag le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpɔ be Amalekitɔwo va dze anyigbemenyigba dzi le Yuda, si Ziklag-dua, tɔ dzoe,
2
eye woɖe aboyo nyɔnuwo katã. Womewu ame aɖeke ya o, ke boŋ wolé ame sia ame le dua me hekplɔ dzoe.
3
Azɔ esi David kple eƒe amewo va ɖo la, wokpɔ be wotɔ dzo dua eye wokplɔ yewo srɔ̃wo, yewo viŋutsuwo kple yewo vinyɔnuwo dzoe.
4
Tete David kple eƒe ameawo fa avi kple ɣli ʋuu va se ɖe esime ɖeɖi te wo ŋu, avi meganya le fafam na wo o.
5
Wokplɔ David srɔ̃ eveawo, Axinoam kple Abigail, hã dzoe.
6
David xaxa ŋutɔ elabe eƒe ameawo le veve sem vevie le wo vi siwo bu la ta, eye wodi be yewoaƒu kpee gɔ̃. Ke David ɖo dzi ɖe Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋu eye wòna wòlé dzi ɖe ƒo.
7
David gblɔ na nunɔla Abyatar, Aximelex vi be: “Tsɔ kɔmewu la vɛ nam!” eye Abyatar tsɔe yi nɛ.
8
David bia nu Aƒetɔ be: “Mati adzoha la yomea? Matu woa?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ti wo yome. Èle wo tu ge axɔ ameawo le wo si.”
9
Tete David kple eŋume alafa adeawo dze mɔ, eye esi wova ɖo Besor-tɔʋu nu la, wo dome ame aɖewo tsi afi ma.
10
David kple ame alafa ene ti wo yome, ke ame alafa eve tsi tɔʋua nu elabe ɖeɖi te wo ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔa o.
11
David ŋumewo kpɔ Egipte-ŋutsu aɖe le gbe me, eye wokplɔe va David gbɔe. Wona aboloe wòɖu eye woku tsi nɛ wòno.
12
Woka gbotsetsebolo eye wotsɔ waintsetse ƒuƒu kpe ɖe eŋu nɛ wòɖu. Esi wòɖu nua vɔ la, ŋusẽ gaɖo eŋu, elabe ŋkeke etɔ̃ sɔŋ nye ekem megano tsi alo ɖu naneke kpɔ o.
13
David biae be: “Ame kae nye wò aƒetɔ, eye afi ka nètso?” Eɖo eŋu be: “Egiptetɔe menye, henye Amalekitɔ aɖe ƒe dɔla. Medze dɔ eya ta nye aƒetɔ gblẽm ɖi dzo, egbee nye ŋkeke etɔ̃a gbe.
14
Míeyi ɖadze Kretitɔwo dzi le Yuda ƒe anyigbeme kple Kaleb to ƒe anyigba dzi eye míetɔ dzo Ziklag-du.”
15
David biae be: “Màkplɔm ayi adzohaawo gbɔe oa?” Eɖo eŋu be: “Ne àtà Aƒetɔ nam be yemawum o, eye yematsɔm ade asi na nye aƒetɔ hã o la, ekema makplɔ wò ayii.”
16
Ale wòkplɔ David yi wo gbɔe. Ameawo kaka ɖe teƒea katã le nu ɖum, le nu nom eye wole ɣe ɖum le dzidzɔ kpɔm le aboyonu geɖe si woha tso Filistitɔwo ƒe anyigba dzi kple Yuda la ŋuti.
17
Tete David dze wo dzi, wɔ avu kpli wo tso esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm gbe ma gbe va se ɖe evea gbe fiẽ. Ewu wo keŋkeŋ negbe ɖekakpuivi alafa ene siwo do sɔ sí dzo la ko.
18
David xɔ nu siwo katã Amalekitɔwo ha dzoe la, eye wòxɔ srɔ̃a eveawo hã.
19
Naneke mebu o. Exɔ eƒe ameawo ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kple nu siwo katã Amalekitɔwo ha dzoe la hã gbɔe.
20
David xɔ alẽwo kple nyiwo hã. Eƒe ameawo kplɔ wo dze lãha bubuawo ŋgɔ gblɔ be: “David ƒe aboyonue nye esia!”
21
David gbugbɔ yi ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te vevie ale be womete ŋu yi kplii o, eye wotsi Bosor-tɔʋu nu la gbɔ. Wova kpe David kple eƒe ameawo, eye David zɔ ɖe wo dzi hedo gbe na wo.
22
Ke ame vlo kple yakame siwo le ame siwo David kplɔ de nua gbee dome la gblɔ na David be: “Womede kpli mí o, eya ta míana aboyonuawo ƒe ɖeke wo o; wonekplɔ wo srɔ̃wo kple wo viwo ko ne woayi.”
23
Ke David gblɔ be: “Nɔvinyewo, mele be míawɔ nu si Aƒetɔ tsɔ na mí la nenema o. Ekpɔ mía ta míele dedie eye wòna míeɖu adzoha siwo va dze mía dzi heha míaƒe nuwo la dzi.
24
Ame aɖeke malɔ̃ ɖe nya sia dzi na mi akpɔ o. Ele be mí katã míama aboyonuawo sɔsɔe: ele be nu si aʋadela axɔ la nasɔ kple esi ame si tsi nuawo gbɔ la axɔ.”
25
David na nya sia va zu ɖoɖo kple se na Israel-dukɔ tso gbe ma gbe dzi va se ɖe egbe.
26
Esi David gbɔ va Ziklag la, eɖo aboyonuawo ƒe ɖewo ɖe xɔlɔ̃awo, siwo nye Yuda-me tsitsiwo. Egblɔ kpe ɖe nuawo ŋu be: “Nunana sia la, tɔwòe. Etso aboyonu siwo mexɔ le Aƒetɔ ƒe futɔwo si la me.”
27
Eɖoe ɖe ame siwo le Betel, ame siwo le Ramot le Yuda ƒe anyigbeme kple ame siwo le du siwo gbɔna la me: Yatir,
28
Sifmot, Estemoa
29
kple Raxal. Eɖoe ɖe ame siwo le Yeraxmeelitɔwo kple Kenitɔwo ƒe duwo me hã.
30
Egaɖoe ɖe ame siwo le Xorma, Borasan, Atax
31
kple Xebron kpakple teƒe siwo katã David kple eƒe amewo to va yi la.
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31