bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 19
1 Samuel 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 20 →
1
Azɔ Saul de gbe to me na via Yonatan kple eƒe dɔlawo katã be woawu David. Ke David ƒe nu lé dzi na Saul vi, Yonatan ŋutɔ.
2
Ale Yonatan gblɔ na David be: “Tɔ́nye Saul le didim be yeawu wò, eya ta kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie etsɔ ŋdi. Di bebeƒe aɖe nàbe ɖo.
3
Ke nye la, mayi tɔ́nye gbɔ le gbea dzi afi si lɔƒo nèbe ɖo la, eye maƒo nu le ŋuwò nɛ. Nu si mese le enu la, mana nànya.”
4
Tete Yonatan yi ɖaƒo nu nyui le David ŋu na tɔ́a Saul gblɔ nɛ be: “Megava eme be fia nawɔ vɔ̃ ɖe eƒe dɔla David ŋu o, elabe mewɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò o, ke boŋ dɔ nyui wòwɔ na wò.
5
Etsɔ eƒe agbe ke faa yi ɖawu Filistitɔ la, eye Aƒetɔ na Israel-dukɔ ɖu dzi nukutɔe. Wò ŋutɔ èkpɔe eye dzi dzɔ wò. Nu ka ta nàwɔ vɔ̃ ɖe ame maɖifɔ ŋu awu David dzodzro?”
6
Saul se Yonatan ƒe gbe eye wòka atam be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la! Ne mewu David fĩi!”
7
Tete Yonatan yɔ David eye wògblɔ nya siawo katã nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wòganɔ egbɔ abe ale si wònɔe tsã la ene.
8
Eva eme be aʋa gava dzɔ. David yi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo eye wòwu wo dometɔ geɖe. Bubuawo sí le enu.
9
Tete gbɔgbɔ vɔ̃ tso Aƒetɔ gbɔ va dze Saul dzi esime wòlé akplɔ ɖe asi hebɔbɔ nɔ eƒeme. David nɔ kasaŋku ƒom.
10
Saul di be yeada akplɔ David atɔe amimi ɖe gli ŋu. Ke David do axa na akplɔ la eye wòyi ɖatɔ glia. David ƒu du sí dzo.
11
Gbe ma gbe ƒe zã me la, Saul dɔ amewo ɖo ɖe David ƒeme be woaɖanɔ ŋudzɔ le eŋu, eye woawui le ŋufɔke. Ke David srɔ̃ Mixal va gblɔ nɛ be: “Ne mèsí zã kple zã o la, woawu wò etsɔ ŋdi.”
12
Ale Mixal na David ɖiɖi to fesre hesí dzo.
13
Mixal tsɔ aklama kpakpɛ da ɖe eƒe aba dzi, tsɔ suɖui si wotsɔ gbɔ̃fu wɔ la ɖo eƒe tagbɔ eye wòtsyɔ avɔ nɛ.
14
Esi Saul ɖo amewo ɖa be woava kplɔ David vɛ la, srɔ̃a gblɔ be: “Ele dɔ lém.”
15
Azɔ Saul dɔ dɔlawo ɖa be woaɖasra David kpɔ. Egblɔ na wo be: “Miyi ɖakɔe kple aba la vɛ nam ne mawu.”
16
Esi amedɔdɔawo ge ɖe eme la, wokpɔ aklama kpakpɛ la le abaa dzi eye suɖui si wowɔ kple gbɔ̃fu la le eƒe tade.
17
Saul bia Mixal be: “Nu ka ta nèflum alea eye nèna nye futɔ sí dzo?” Mixal ɖo eŋu be: “Egblɔ nam be, ‘Na mɔm mayi, ne menye nenema o la, mawu wò.’ ”
18
Azɔ esi David sí la, eyi Samuel gbɔ le Rama ɖagblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ. Tete eya kple Samuel yi ɖanɔ Nayot.
19
Emegbe wova gblɔ na Saul be: “Kpɔ ɖa, David le Nayot le Rama-nutome.”
20
Eya ta Saul dɔ amewo ɖa be woaɖakplɔ David vɛ. Esi wova ɖo la, wokpɔ Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe ha aɖe si nɔ mawunya gblɔm. Samuel nɔ ŋgɔ na wo. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze amedɔdɔawo dzi eye woawo hã gblɔ mawunya.
21
Esi wova gblɔ nya sia na Saul la, edɔ ame bubuwo ɖa. Ke woawo hã de asi gbeƒãɖeɖe me. Saul gadɔ amewo ɖa zi etɔ̃lia eye woawo hã wɔ nenema ke.
22
Azɔ Saul ŋutɔ ɖo ta Rama. Eva ɖo vudo gã aɖe si le Sexu la gbɔ eye wòbia be: “Afi ka Samuel kple David le?” Ame aɖe ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, wole Nayot le Rama-nutome.”
23
Edze mɔ ɖo ta afi ma. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze eya hã dzi esi wole mɔa dzi yina. Enɔ gbeƒã ɖem va se ɖe esime wova ɖo Nayot le Rama-nutome.
24
Eya hã ɖe eƒe awu ɖi eye wòɖe gbeƒã le Samuel gbɔ. Enɔ amama ŋkeke blibo ma kple zã katã. Afi sia nyagbɔgblɔ sia dzɔ tso amewo gblɔna be: “Ðe Saul hã le Mawu ƒe gbeƒãɖelawo domea?”
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31