bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 14
1 Samuel 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 15 →
1
Gbe ɖeka la, Saul vi Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi si nye ɖekakpui la be: “Va míyi Filistitɔwo ƒe asaɖa si le adzɔge ɖa la me.” Ke megblɔe na tɔ́a o.
2
Saul bɔbɔ nɔ yevuboɖati te le Migron si te ɖe Gibea ŋu. Asrafo siwo nɔ eŋu la anɔ ame alafa ade.
3
Nunɔla Axiya tsɔ kɔmewu la. Enye Axitub vi si nye Ikabod nɔviŋutsu Axitub vi. Enye Pinehas vi eye tɔgbuiae nye Eli. Ameawo menya be Yonatan dzo le yewo gbɔ o.
4
Agakpe tsyɔƒu eve nɔ todomemɔ si dzi Yonatan le toto ge ayi Filistitɔwo ƒe asaɖa me la ƒe akpa eveawo dzi. Woyɔa ɖeka be Bozez, eye woyɔa evelia be Sene.
5
Esi le dzigbeme lɔƒo la dze ŋgɔ Mixmas, eye esi le anyigbeme la dze ŋgɔ Geba.
6
Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi la be: “Va míyi bolobolotɔ siawo ƒe asaɖa la me. Ðewohĩ Aƒetɔ awɔ aʋa ɖe mía nu elabe naneke mexe mɔ nɛ be wòato ame geɖe alo ame ʋɛ aɖe dzi aɖe ame o.”
7
Eƒe adekplɔvi la gblɔ nɛ be: “Wɔ nu si wò susu gblɔ na wò. Nye la meli kpli wò be mawɔ nu si nèdi la.”
8
Yonatan gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, míeyina ɖe ameawo gbɔ eye míana woakpɔ mí.
9
Ne wogblɔ be mítɔ ne yewoava mía gbɔ la, ekema míatɔ te ɖe afi si míele, eye míayi wo gbɔ o.
10
Evɔ ne woyɔ mí be míava yewo gbɔ la, ekem míayi elabe ema anye dzesi na mí afia be Aƒetɔ tsɔ wo de mía si.”
11
Ale wona Filistitɔwo ƒe dzɔlawo kpɔ wo kple eve la. Wogblɔ be: “Mikpɔ ɖa, Hebritɔwo nye ekem le dodom tso do siwo me wobè ɖo la me.”
12
Tete dzɔlawo gblɔ sesĩe ɖo ɖe Yonatan kple adekplɔvi la be: “Miva mía gbɔ ne míagblɔ nya aɖe na mi.” Ale Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi la be: “Dze yonyeme, elabe Aƒetɔ tsɔ wo de Israel si me.”
13
Tete Yonatan ta, asi kple afɔ, lia to la eye eƒe adekplɔvi la kplɔe ɖo. Yonatan ƒo dzɔlawo ƒu anyi eye eƒe adekplɔvi la wu wo le eyome.
14
Ame siwo Yonatan kple eƒe adekplɔvi wu gbã la anɔ ame bla eve. Woƒe nuwɔƒe nɔ abe nyi eve ƒe nuŋlɔƒe le ŋkeke afã me ene.
15
Ŋɔdzi ɖo asaɖa la kple nutoa me eye dzidzi ƒo ameawo. Dzidzi ƒo dzɔlawo kple aʋamenuhalawo gɔ̃ hã wodzo nyànyanya. Anyigba ʋuʋu eye wòzu zitɔtɔ gã aɖe ŋutɔ.
16
Kasia Saul ƒe gbetakpɔla siwo le Gibea le Benyamin-nutome nakpɔ la, ameha la ka hlẽ kple du. Ne ame si to afii, ame kem nato afi mɛ.
17
Saul ɖe gbe na eŋunɔlawo be: “Mixlẽ asrafoawo ne miakpɔ ɖa be ame aɖe bu le mía dome hã.” Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔ be Yonatan kple eƒe adekplɔvi meli o.
18
Ale Saul gblɔ na Axiya be: “Tsɔ Mawu ƒe aɖaka la va afii” elabe Mawu ƒe aɖaka la nɔ Israelviwo gbɔ le ɣe ma ɣi me.
19
Esime Saul nɔ nu ƒom na nunɔla la, hoowɔwɔ la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi wu tsã le Filistitɔwo ƒe asaɖa la me. Ale Saul gblɔ na nunɔla la be: “Nenɔ anyi ko. He asi ɖa.”
20
Tete Saul kple aʋakɔ blibo la lũ ɖe wo dzi hekpe aʋa kpli wo. Va kpɔ, Filistitɔwo tɔtɔ nyamanyama eye wo dome ame sia ame tsɔ yi ɖe nɔvia ŋu.
21
Hebritɔ aɖewo nɔ Filistitɔwo gbɔ tsã, eye wonɔ asaɖa me kpli wo. Ame siawo gɔ̃ hã trɔ ɖe wo ŋu hede Israelvi siwo le Saul kple Yonatan gbɔ la dzi.
22
Nenema ke esi Israelvi siwo katã bè ɖe togbɛwo dzi le Efrayim-nutome la se be Filistitɔwo le sísim la, woawo hã do go va ti wo yome le gbea dzi
23
ʋuu keke to Bet-Aven ŋu yi. Ale Aƒetɔ xɔ Israelviwo ɖe agbe gbe ma gbe.
24
Gbe ma gbe la, ɖeɖi te Israelviwo ŋu ale gbegbe elabe Saul ka atam na wo be: “Ne ame aɖe aɖu nu egbe hafi fiẽ aɖo, esime nyemebia hlɔ̃ nye futɔwo vɔ haɖe o la, aɖi amea ŋu kpékpekpe.” Ale aʋakɔ blibo la mede naneke nu me o.
25
Azɔ wo katã wova ɖo ave aɖe me eye wokpɔ anyitsi le anyigba.
26
Esi woge ɖe avea me la, wokpɔ be anyitsi la nɔ sísim, ke ame aɖeke metɔ asi eme de nu me o, elabe wovɔ̃ atam si woka na wo la.
27
Ke Yonatan ya mese be ye tɔ́ ka atam na dukɔ la o. Ale wòtsɔ atikplɔ si le esi la nu tɔ anyiɖaɖa la me hede asi eme de nu me. Enumake eƒe mo kɔ.
28
Tete ameawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Tɔ́wò ka atam na dukɔ la be: ‘Aɖi ame si ɖu nu egbea la ŋu kpékpekpe!’ ” Evɔ nu te dukɔ la ŋu hafi.
29
Ale Yonatan ɖo eŋu be: “Tɔ́nye he dzɔgbevɔ̃e va anyigba la dzi. Kpɔ ɖa, esi meɖɔ anyitsi sia ƒe ɖe ko kpɔ la, nye lã me ɖeko wòkɔ.
30
Ðe aʋakɔ la ɖu aboyonu si woxɔ le woƒe futɔwo si egbea faa la, ne enyo wu ɖe! Anye ne wotsrɔ̃ Filistitɔ geɖe ɖe!”
31
Israelviwo si Filistitɔwo gbe ma gbe tso Mixmas ʋuu va se ɖe Ayalon, eye nu te wo ŋu ŋutɔ.
32
Ale aʋakɔ la dze aboyonuawo dzi, lé alẽwo, nyiwo kple nyiviwo hetso ʋu wo ɖe anyigba, eye ameawo ɖu lã si ƒo ʋu.
33
Tete wova gblɔ na Saul be: “Kpɔ ɖa, aʋakɔ la le nuvɔ̃ wɔm ɖe Aƒetɔ ŋu! Wole lã si me ʋu le la ɖum!” Saul gblɔ be: “Mieda ƒu! Miewɔ nuvɔ̃! Mimli kpe gã aɖe va afii nam fifi laa.”
34
Saul ɖe gbe be: “Mikaka ɖe aʋakɔ la dome eye migblɔ na wo be: ‘Ame sia ame nekplɔ eƒe nyi alo alẽ vɛ. Newu wo le afii ne wòaɖu. Ke migawɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu ahaɖu lã si ƒo ʋu la o.’ ” Ale ameawo dome ame sia ame kplɔ eƒe nyi vɛ zã ma me, eye wowu wo le afi ma.
35
Saul ɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ; esiae nye vɔsamlekpui gbãtɔ si wòɖi na Aƒetɔ.
36
Azɔ Saul gblɔ be: “Mina míalũ ɖe Filistitɔwo dzi, zã kple zã, eye míaha woƒe nuwo va se ɖe esime ŋu nake, eye míawu wo; ame aɖeke masusɔ o.” Woɖo eŋu be: “Wɔ nu sia nu si nèkpɔ be enyo.” Ke nunɔla la gblɔ be: “Mina míabia gbe Mawu hafi.”
37
Ale Saul bia Mawu se be: “Maho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋua? Àna Israelviwo naɖu wo dzia?” Ke Mawu meɖo nyaa ŋu gbe ma gbe o.
38
Tete Saul gblɔ be: “Mi dukɔa ƒe kplɔlawo katã, mite va afii. Mina míakpɔ ɖa be nuvɔ̃ ka wowɔ egbe hã.
39
Metà Aƒetɔ gbagbe si xɔna na Israel, be nenye vinye Yonatan gɔ̃e wɔ esia hã la, edze na ku.” Ke ame ɖeka hɔ̃ hã megblɔ nya aɖeke le dukɔ la dome o.
40
Azɔ egblɔ na Israel-dukɔ blibo la be: “Mi katã miɖo ɖe akpa ɖeka eye nye kple vinye Yonatan hã míanɔ akpa evelia.” Ameawo gblɔ na Saul be: “Wɔ nu sia nu si nèkpɔ be enyo.”
41
Eya ta Saul gblɔ be: “O Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, nu ka ta mèɖo nya aɖeke ŋu na wò dɔla egbe o? Nenye nye alo vinye Yonatan ye wɔ nuvɔ̃ la, Urim neɖee fia. Ke nenye Israel-dukɔ gbɔ wòtso la, ekema Tumim neɖee fia.” Tete nudzidze la lé Yonatan kple Saul; ke dukɔ la do le eme.
42
Azɔ Saul gblɔ be: “Midzidze nu ɖe nye kple vinye Yonatan dzi.” Wodzidzee eye wòdze Yonatan dzi.
43
Ale Saul bia Yonatan be: “Nu ka nèwɔ? Gblɔe nam.” Yonatan ʋu eme nɛ be: “Metsɔ atikplɔ si le asinye la nu tɔ anyitsi me heɖɔ kpɔ. Nyee nye esi. Mele klalo be maku.”
44
Saul gblɔ be: “Yonatan, ne womewu wò o fĩi! Mawu nefiam, ne wòagafiam ɖe dzi!”
45
Ke dukɔ la bia Saul be: “Ðe Yonatan, ame si he dziɖuɖu gã sia vɛ na Israel la dze na kua? Gbeɖe! Míetà Mawu gbagbe la be eƒe taɖa ɖeka hã mage ɖe anyigba o, elabe Mawu ƒe kpekpeɖeŋu mee wòto te ŋu wɔ nu sia egbea.” Ale dukɔ la xɔ nya ɖe Yonatan nu be womewui o.
46
Esia megbe la, Saul megati Filistitɔwo yome o, eye wotrɔ yi wo nɔƒe.
47
Esi Saul le fia ɖum le Israel la, ewɔ aʋa kple eƒe futɔwo katã va kpe ɖo. Ewɔ aʋa kple Moabtɔwo, Amontɔwo, Edomtɔwo, Zoba-fiawo kple Filistitɔwo. Afi sia afi si wòyi la eɖu dzi.
48
Ewɔ kalẽ, sì Amalekitɔwo eye wòɖe Israel-dukɔ tso ame siwo da adzo wo la si me.
49
Saul viŋutsuwoe nye Yonatan, Yisvi kple Malkisua. Via nyɔnu eveawoe nye Merab, tsitsitɔ kple Mixal, ɖevitɔ.
50
Saul srɔ̃ ŋkɔ nye Axinoam, ame si tɔ́ ŋkɔ nye Aximaaz. Eƒe aʋakplɔla gã ŋkɔ nye Abner, ame si nye Saul tɔɖea Ner vi.
51
Saul tɔ́e nye Kis eye eya kple Ner, Abner tɔ́ nye Abiel viwo.
52
Saul wɔ aʋa vevie kple Filistitɔwo le eƒe agbenɔɣi katã. Ne ekpɔ ŋutsu dzɔtsu alo kalẽtɔ ɖe sia ɖe ko la, ekplɔnɛ dea eƒe aʋakɔ me.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31