bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Samuel 8
1 Samuel 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 9 →
1
Esi Samuel tsi la, eɖo via ŋutsuwo kplɔlawoe ɖe Israel-dukɔ nu.
2
Via ŋutsu ŋgɔgbea ŋkɔ nye Yoel, eye eyometɔ ŋkɔ nye Abiya. Wonye ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Beer-Seba.
3
Ke viawo meto eƒe ʋe me o. Woti ga yome, xɔ zãnu eye womedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o.
4
Ale Israel-megãwo katã kpe ta eye woyi Samuel gbɔ le Rama
5
ɖagblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, fifia ètsi eye viwòwo meto wò ʋe me o. Ðo fia na mí be wòaɖu mía dzi abe ale si wòle le dukɔ bubuwo me ene.”
6
Esi wogblɔ na Samuel be neɖo fia na yewo be wòaɖu yewo dzi la, medze eŋu o. Ale Samuel do gbe ɖa na Aƒetɔ.
7
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Ðo to nya sia nya si dukɔa agblɔ na wò eye nàwɔ edzi, elabe menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be magaɖu fia ɖe yewo dzi o.
8
Ale si wowɔ ɖe ŋunye, gbem, hele mawu bubuwo subɔm tso gbe si gbe mekplɔ wo tso Egipte va se ɖe fifi la, nenema tututu wɔm wole ɖe wò hã ŋuwò.
9
Eya ta ɖo to wo. Ke ɖe nya me na wo nyuie do ŋgɔ le ale si fia si biam wole la le wo dzi ɖu gee la ŋu.”
10
Ale Samuel gblɔ Aƒetɔ ƒe nyawo katã na dukɔ si le ebiam be wòaɖo fia na yewo la.
11
“Nu siwo wɔ ge fia si le mia dzi ɖu ge la le lae nye ana miaƒe ŋutsuviwo azu asrafowo. Ðewo anɔ tasiaɖamwo me, ɖewo anye sɔdolawo eye bubuwo anɔ du ƒum le tasiaɖamwo ŋgɔ.
12
Awɔ wo dometɔ aɖewo asrafomegãwo, ɖewo ɖe asrafo akpe nu, eye ɖewo ɖe asrafo bla atɔ̃ nu. Ðewo awɔ dɔ le eƒe agble me eye ɖewo anye eƒe nuŋelawo.
13
Fia la axɔ mia vinyɔnuwo. Ðewo anɔ ami ʋeʋẽe sim nɛ, ɖewo anye eƒe nuɖalawo eye bubuwo anye eƒe aboloƒolawo.
14
Axɔ miaƒe agble nyuitɔwo, waingblewo kple amitibɔwo le mia si atsɔ na eƒe subɔlawo.
15
Axɔ nuku siwo mieŋe kple miaƒe wain ƒe akpa ewolia atsɔ na eƒe dumegãwo kple dɔlawo.
16
Azi miaƒe ŋutsu kple nyɔnu apatɔwo, ɖekakpui zazɛ̃wo kple tedziwo dzi be woawɔ dɔ nɛ.
17
Axɔ miaƒe lãha ƒe akpa ewolia hã eye miazu eƒe kluviwo.
18
Le ɣe ma ɣi me la, miaxa nu ayɔ Mawu le fia si miawo ŋutɔ mietia la ta, ke Aƒetɔ maɖo to mi o.”
19
Gake dukɔ la gbe toɖoɖo Samuel hegblɔ be: “Gbeɖe, ele be fia nanɔ mía si,
20
ale be míawo hã míanɔ abe dukɔ bubuwo ene. Aɖu mía dzi eye wòanɔ ŋgɔ akplɔ mí ayi aʋa aɖawɔ aʋa na mí.”
21
Samuel ɖo to se woƒe nyawo katã eye wòyi ɖagblɔ wo na Aƒetɔ ake.
22
Aƒetɔ gblɔ na Samuel be: “Wɔ ɖe woƒe didi dzi. Ðo fia na wo.” Ale Samuel gblɔ na Israelviwo be ame sia ame negbugbɔ yi eƒe du me.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31