bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 10
Deuteronomy 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 11 →
1
“Azɔ la, Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Kpa kpe eve abe gbãtɔwo ene, eye nàtsɔ ʋuƒo akpa aɖaka kpe ɖe wo ŋu. Gbugbɔ va gbɔnye le toa dzi,
2
ne maŋlɔ nya siwo nɔ kpe gbãtɔ siwo nègbã dzi la ɖe wo dzi nàtsɔ de aɖaka la me.’
3
Ale metsɔ xé kpa aɖaka la, eye mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene. Metsɔ kpe eveawo helia to la.
4
Aƒetɔ ŋlɔ nya siwo wòŋlɔ ɖe kpe gbãtɔawo dzi tsã la ɖe kpe eveawo dzi. Nyaawoe nye Se Ewo siwo wòde na mi esime mieƒo ƒu gbe ma gbe ɖe toa gbɔ, eye wòƒo nu na mi tso dzo me. Aƒetɔ tsɔ kpeawo nam.
5
Tete meɖi tso to la dzi. Metsɔ kpe eveawo de aɖaka si mekpa la me, abe ale si Aƒetɔ gblɔ nam ene. Kpeawo gale afi ma ɖa.”
6
Israelviwo ho tso Yaakantɔwo ƒe vudowo gbɔ heva Mosera. Aron ku ɖe afi ma, eye woɖii ɖi. Via Eleazar zu nunɔla ɖe eteƒe.
7
Esi wodzo le afi ma la, wova Hagudgod, eye wogaho tso Hagudgod va Yotba, afi si tɔʋu geɖe le.
8
Le toa gbɔ la, Aƒetɔ tia Levi-to la be woawo nanye nubablaɖaka la dzikpɔlawo, anɔ ye subɔm abe nunɔlawo ene, eye woayra ame le yeƒe ŋkɔ me. Dɔ sia gale wo si me va se ɖe egbe.
9
Esia tae Levi-to la mexɔ anyigba aɖeke abe to bubuawo ene o ɖo. Woƒe gome nye be woanye Aƒetɔ ƒe nunɔlawo abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la do ŋugbe na wo ene.
10
“Metsi toa dzi ŋkeke bla ene, zã bla ene abe tsã ene. Aƒetɔ se nye kukuɖeɖe ɣe ma ɣi hã, eye wòlɔ̃ be yemagatsrɔ̃ wò o.
11
Tete wògblɔ nam be matso ne makplɔ mi ayii, ne miaɖaxɔ anyigba si ŋu yeka atam le na mia tɔgbuiwo be yeatsɔe na wo wòazu wo tɔ la.
12
“Azɔ Israelviwo, nu ka dim Aƒetɔ, wò Mawu la le tso asiwò wu be nàvɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, awɔ nu siwo katã wògblɔ na wò la, alɔ̃e, asubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, eye
13
nàwɔ eƒe se kple ɖoɖowo siwo ƒe se mede na wò egbe la dzi be wòanyo na wò?
14
Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒo nye Aƒetɔ, mia Mawu la tɔ. Nenema ke anyigba kple nu siwo katã le edzi hã la, etɔwoe wonye.
15
Ke Aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃ na mia tɔgbuiwo de to ale gbegbe be wòtia mi, woƒe dzidzimeviwo ko, tso dukɔwo katã dome, eye mieganye eƒe ame tiatiawo va se ɖe egbe.
16
Eya ta azɔ la, mitso aʋa na miaƒe dziwo na Aƒetɔ, eye migadze aglã ɖe eŋu o.
17
Elabe Aƒetɔ, mia Mawu la ɖu mawuwo katã dzi, eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe aƒetɔwo katã dzi. Enye Mawu triakɔ si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le. Medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu o.
18
Etsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, elɔ̃a amedzro, naa nu wòɖuna kple avɔ wòtana.
19
Eya ta milɔ̃ amedzro elabe miawo hã mienye amedzro kpɔ le Egipte.
20
Vɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, eye nàsubɔ eya ɖeɖe ko. Ku ɖe eŋu, eye nàtsɔ eya ko ƒe ŋkɔ ka atam.
21
Eyae nàkafu. Wò Mawue! Wò ŋutɔ èkpɔ nukunu dziŋɔ siwo katã wòwɔ na wò.
22
Esime tɔgbuiwòwo yina Egipte la, woƒe xexlẽme nɔ bla adrẽ ko hafi woyi. Ke azɔ la, Aƒetɔ, wò Mawu la na nèdzi, sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34