bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 23
Deuteronomy 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 24 →
1
“Ame si wota alo ame si wolã aʋa na la mekpɔ mɔ anɔ Aƒetɔ ƒe ha la me o.
2
Ahasivi aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Aƒetɔ ƒe ha la me o, eye kekeke eƒe dzidzimevi ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ eme gbeɖe o.”
3
“Amontɔ kple Moabtɔ aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Aƒetɔ ƒe ha la me o, eye kekeke woƒe dzidzimevi ewolia ke gɔ̃ hã mekpɔ mɔ anɔ eme gbeɖe o.
4
Elabe esime mieʋu tso Egipte gbɔna la, wogbe nuɖuɖu kple tsi nana mi le mɔ dzi. Gawu la, woda Bileam, Beor vi, tso Petor le Mesopotamia ɖe mia ŋu be wòaƒo fi ade mi.
5
Ke Aƒetɔ, mia Mawu la, meɖo to Bileam o, eye wòna fiƒode si ava mia dzi hafi la trɔ zu yayra boŋ elabe elɔ̃ mi.
6
Zi ale si mienye nye dukɔ la, migakpe ɖe wo ŋu loo, alo adi woƒe nyui gbeɖe o.
7
“Miganyɔ ŋu Edomtɔ aɖeke o, elabe mia nɔviwo Edomtɔwo nye. Nenema ke miganyɔ ŋu Egiptetɔ aɖeke hã o, elabe mienɔ wo de kpɔ.
8
Woƒe dzidzime etɔ̃lia kple dzidzime siwo kplɔ woawo ɖo la kpɔ mɔ anɔ Aƒetɔ ƒe ha la me.”
9
“Ne èho aʋa ɖe wò futɔwo ŋu, eye nèƒu asaɖa anyi le aʋagbedzi la, kpɔ ɖokuiwò dzi be nàgawɔ naneke si ana nazu ame makɔmakɔ o.
10
Ne ŋutsu aɖe ku drɔ̃e nyè tsi le zã me la, eŋu mekɔ o eya ta nedo yi asaɖa la godo ɖanɔ afi ma.
11
Le ɣetrɔ me la, nele tsi. Ne ɣe ɖo to la, ekpɔ mɔ ava asaɖa la me azɔ.
12
“Miɖo afɔdzideƒe ɖe asaɖa la godo, afi si miayi afɔdzi le.
13
Mikpa ati gbabɛ kpe ɖe miaƒe aʋawɔnuwo ŋu, ale be ne miele afɔdzi de ge la, miatsɔe aɖe doe, eye ne miewɔ vɔ la, miagatsɔe ku ke kɔ ɖe afɔdzia dzi.
14
Mina miaƒe asaɖa gbɔ nanɔ dzadzɛ elabe Aƒetɔ, wò Mawu la, le afi ma le gbɔwò be yeakpɔ tawò, eye yeana nàɖu wò futɔwo dzi. Eya ta mègawɔ ŋunyɔnu aɖeke ɖi ne wòakpɔ, eye wòatrɔ adzo le gbɔwò o.”
15
“Ne kluvi aɖe sí le eƒe aƒetɔ gbɔ va si wò tso la, mègagbugbɔe yi na eƒe aƒetɔ o.
16
Ke boŋ nà wòatsi gbɔwò, anɔ wò du si dze eŋu la me, eye mègawɔ ŋlɔmee le eŋu o.
17
“Migana Israel-nyɔnu aɖeke nanye gbolo le trɔ̃ƒe alo ŋutsu aɖeke hã nanye ahasiwɔla anɔ mawusubɔƒe o.
18
Nyɔnu alo ŋutsu aɖeke megatsɔ ahasiwɔga va xe eƒe adzɔgbeɖefe le Aƒetɔ, wò Mawu la, ƒeme o. Nu eve siawo wɔlawo nye ŋunyɔ na Aƒetɔ.
19
“Ne èdo ga, nuɖuɖu alo nu bubu aɖe si dzi woxɔa deme ɖo la na nɔviwò Israelvi la, wò ya mègaxɔ deme ɖe edzi o.
20
Àte ŋu axɔ deme le du bubu me tɔwo ya si, ke mègaxɔe le nɔviwò Israelvi si o. Ne èwɔ se sia dzi la, Aƒetɔ, wò Mawu la, ayra ɖe nu siwo katã nèwɔ dɔ kpɔ la dzi, le anyigba si dzi yim nèle be nàxɔe wòazu tɔwò la dzi.
21
“Ne èɖe adzɔgbe na Aƒetɔ, mia Mawu la la, mègahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabe abiae tso asiwò me kokoko. Ne mèwɔ edzi o la, èwɔ nuvɔ̃.
22
Ne mèɖe adzɔgbe o la, mèwɔ nuvɔ̃ o,
23
evɔ ne ènya ke nu ɖe adzɔgbe le ɖokuiwò si na Aƒetɔ ya ko la, kpɔ gbɔ nàwɔ edzi godoo.
24
“Ne èzɔ to hawòvi ƒe waingble me yina la, èkpɔ mɔ aɖu tsetseawo ale si nu dzro wò va se ɖe esime nèɖi ƒo, ke mègatsɔ ɖeke ɖe naneke me dzoe o.
25
Ne èzɔ to hawòvi ƒe mɔligble me yina la, àte ŋu atsɔ asi aƒlɔ mɔlikuawoe, ɖeko mègatsɔ nuŋehɛ si mɔli lae o.”
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34