bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 29
Deuteronomy 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 30 →
1
Nya siawo nye nubabla ƒe nya siwo Aƒetɔ gblɔ na Mose be wòagblɔ na Israelviwo le Moab-nyigba dzi. Nubabla sia kpe ɖe esi wòbla kpli wo le Xoreb gbɔ la ŋuti.
2
Ale Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Aƒetɔ wɔ Egipte Fiagã, eŋutimewo kple eƒe dukɔ blibo la.
3
Miekpɔ nu dzɔtsu, dzesi kple nukunu gã siwo katã wòwɔ.
4
Ke va se ɖe fifi la, Aƒetɔ mena miese nu siwo teƒe miekpɔ la gɔme kpɔ o.
5
Aƒetɔ kplɔ mi to gbedadaƒo ƒe bla ene sɔŋ; avɔ mevuvu le mia ŋu o, eye afɔkpa hã mevuvu le afɔ na mi o.
6
Abolo menɔ anyi miaɖu o, eye wain alo aha muame aɖeke hã menɔ anyi miano o. Ke Aƒetɔ di miaƒe nuhiahiãwo na mi, ne miadze sii be eyae nye miaƒe Mawu.
7
Esi mieva afi sia la, Sixon, Xesbon-fia kple Og, Basan-fia ho aʋa ɖe mía ŋuti, ke míeɖu wo dzi,
8
xɔ woƒe anyigba hema na Ruben viwo, Gad viwo kple Manase viwo ƒe to afã.
9
Eya ta milé nubabla sia ƒe nyawo me ɖe asi eye miwɔ wo dzi bene nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi.
10
“Egbe la, mi katã miele tsitre ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋkume: toawo ƒe tatɔwo, ame tsitsiwo, dɔdzikpɔlawo, ŋutsuwo,
11
nyɔnuwo, ɖeviwo, amedzro siwo le miaƒe asaɖa me, miaƒe nakefɔlawo kple tsidulawo siaa.
12
Mi katã miele afii egbe be miabla nu kple Aƒetɔ, mia Mawu la, eye miaka atam awɔ nubabla la dzi.
13
Miva ne wòaɖo mia gɔme anyi egbe, miazu eƒe dukɔ, eye eya nanye miaƒe Mawu, abe ale si wòdo ŋugbe na miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo Abraham, Isak kple Yakob ene.
14
Menye miawo ɖeɖe dzaa ko Aƒetɔ le nu sia blam kplii, eye wòka atam le kpe ɖom edzi na o,
15
ke boŋ ele nua blam kple mí ame siwo katã le tsitre ɖe afii le eŋkume egbe kple dzidzime siwo ava dzɔ emegbe la hã.
16
“Miawo ŋutɔ mienya ale si míenɔ agbe le Egipte-nyigba dzi kple ale si míezɔ mɔ to dukɔ vovovoawo domee.
17
Miekpɔ woƒe ŋunyɔnuwo: legba siwo wotsɔ ati, kpe, klosalo kple sika wɔ la.
18
Mikpɔ nyuie be ŋutsu, nyɔnu, ƒome, alo to siwo le tsitre ɖe afii egbe la dometɔ aɖeke nagatrɔ le Aƒetɔ, mía Mawu la yome aɖasubɔ dukɔ mawo ƒe mawu aɖeke o. Ame si wɔ esia la, anɔ abe ati si ƒe ke na eƒe tsetsea va zu aɖi le vevem abe atsa ene, anɔ mia dome.
19
Mikpɔ nyuie be ame aɖeke naganɔ mia dome le afii si ase nubablanya siawo gake anɔ dzi dem ƒo na eɖokui be, ne yesẽ to hele nu si dze ye ŋu wɔm hã la, yeanɔ dedie o.
20
Aƒetɔ matsɔ ke ame ma o. Ke boŋ ado dziku ɖe eŋu vevie, aɖe eƒe ŋuʋaʋã afia eye wòana fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la aɖi eŋu va se ɖe esime Aƒetɔ ana wòatsrɔ̃ keŋ.
21
Aƒetɔ aɖee ɖa le Israel ƒe toawo katã dome be wòanye kpɔdzidze na amewo eye wòana dzɔgbevɔ̃e nadzɔ ɖe edzi. Fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe segbalẽa me si ku ɖe nubabla la dzi mawɔmawɔ ŋu la anɔ eyama dzi.
22
Gbe aɖe gbe la, miaƒe dzidzimevi siwo gbɔna kple dukɔ bubu me tɔwo atso didiƒe ava kpɔ fuwɔame kple dɔléle siwo Aƒetɔ he va miaƒe anyigba la dzi.
23
Miaƒe anyigba la afiã atrɔ zu aŋɔ kple dze. Womate ŋu aƒã nu ɖe edzi o, eye gbe aɖeke hã mate ŋu amie ɖe edzi o. Miaƒe anyigba la anɔ abe Sodom kple Gomora, alo Adma kple Zeboyim siwo Aƒetɔ tsrɔ̃ le dɔmedzoe kple dziku me la ene.
24
Ne dukɔwo katã kpɔ anyigba la wòle alea la, ekema woabia be: ‘Nu ka tae Aƒetɔ wɔ anyigba sia alea ɖo? Nu ka na wòdo dziku helihelĩ alea gbegbe?’
25
Tete amewo aɖo eŋu be: ‘Esi Aƒetɔ ƒe dukɔ la tu nu si wòbla kple Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu, esime wòkplɔ wo tso Egipte gbɔna la tae.
26
Woyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo, evɔ la, womesubɔ mawu mawo kpɔ o eye gawu la, Aƒetɔ de se na wo be womegasubɔ wo o hafi.
27
Ale Aƒetɔ do dziku ɖe anyigba la ŋu, eye wòhe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la va wo dzi.
28
Eya ta Aƒetɔ tsɔ dziku, adã kple dɔmedzoe ho wo abe ati ene tso woƒe anyigba dzi ƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole va se ɖe egbe.’
29
“Nya ɣaɣla aɖewo li si nye Aƒetɔ, mía Mawu la ɖeɖe ko tɔ. Ke nu siwo wòɖe ɖe go la nye mía kple míaƒe dzidzimeviwo tɔ ale be míate ŋu awɔ se sia kple eƒe nyawo katã dzi tegbee.
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34