bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 22
Deuteronomy 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 23 →
1
“Ne nɔviwò Israelvi aɖe ƒe nyi alo alẽ tra mɔ nèkpɔ la, mègato eŋu yi o; kplɔe yi nɛ.
2
Ne nɔviwòa mele kpuiƒe o alo mènya eyama o la, ekema kplɔ alẽa yi aƒewò me. Nà wòanɔ gbɔwò va se ɖe esime nutɔa nava bia eta eye nàɖe asi le eŋu nɛ.
3
Wɔ alea ne èfɔ eƒe tedzi, eƒe avɔ alo nu bubu ɖe sia ɖe. Mègato nua ŋu yi o.
4
Ne nɔviwò Israelvi aɖe ƒe tedzi alo nyi dze anyi ɖe mɔ dzi nèkpɔ la, mègato eŋu yi o; ke boŋ kpe ɖe nɔviwòa ŋu ne miafɔ lãa ɖe tsitre.
5
“Nyɔnu aɖeke megado ŋutsuwu o, eye ŋutsu aɖeke hã megado nyɔnuwu o, elabe nu sia wɔlawo nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ, wò Mawu la.
6
“Ne èfɔ xevitɔ si me vi alo azi le, le ati aɖe dzi alo anyigba, eye dadaa tsyɔ akɔ ɖe viawo alo aziawo dzi la, mègalé dadaa kple viawo siaa o.
7
Àte ŋu alé viawo ya, ke ɖe asi le wo dada ŋu ne nànɔ agbe didi eye nu nanyo na wò.
8
“Ne ètu xɔ yeye la, tɔ kpɔ ɖe xɔa tame ŋu, ale be ame aɖeke nagava ge tso afi ma ne wò kple wò aƒe miaxe hlɔ̃fe o.
9
“Mègaƒã nuku bubu aɖeke ɖe wò waingble me kpe ɖe wò wain la ŋu o. Ne èwɔe la, agble bliboa, nuku si nèƒã kple waintsetseawo siaa, azu kɔkɔeƒe la tɔ.
10
Mègabla nyitsu kple tedzi ɖe agbleŋlɔmɔ̀ ɖeka ŋu ne woaŋlɔ agble na wò o.
11
Mègata avɔ si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsyaka lɔ̃ la o.
12
“De gbo avɔ si nètsyɔna la ƒe dzogoe eneawo ŋu.”
13
“Ame aɖe aɖe srɔ̃, emegbe magadi be yeaɖee o,
14
eye wòade asi ŋukpenanyawo gbɔgblɔ me ɖe nyɔnua ŋu anɔ eŋkɔ gblẽm be yemekpɔe le aƒe o.
15
Ne esia dzɔ la, nyɔnuvia dzilawo netsɔ abadzivɔ si fia be wokpɔ nyɔnuvia le aƒe la yi dumegãwo gbɔ le ʋɔnu.
16
Nyɔnuvia tɔ́a nagblɔ na ame tsitsiawo be: ‘Metsɔ vinye nyɔnuvi sia na ŋutsu sia wòɖe, ke fifia la, ebe yemegale edim o.
17
Egblɔ ŋukpenanyawo ɖe eŋu be yemekpɔe le aƒe o. Evɔ vinyea ƒe abadzivɔ si fia be ekpɔe le aƒe lae nye esi.’ Akeke abadzivɔ la me ne ame tsitsiawo woakpɔ.
18
Ekema dumegãawo nalé ŋutsua, aƒoe.
19
Hekpe ɖe esia ŋu la, woana wòaxe klosaloga alafa ɖeka na nyɔnuvia tɔ́a elabe egblẽ Israel-ɖetugbi ƒe ŋkɔ. Ke ɖetugbia ganye srɔ̃a kokoko, eye mekpɔ mɔ aɖe asi le eŋu le eƒe agbenɔɣi o.
20
Evɔ ne enye nyateƒe be womekpɔ nyɔnuvia le aƒe o la,
21
ekema wonekplɔ nyɔnuvia yi tɔ́a ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo neƒu kpee wòaku, elabe ewɔ ŋukpenanu le Israel: ede ŋutsu gbɔ, esime wònɔ tɔ́a ƒeme, hafi ɖe srɔ̃. Ale nàɖe nuvɔ̃ɖi la ɖa le dowòme.
22
“Ne wolé ŋutsu aɖe wòle asi dem nyɔnu srɔ̃tɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsua kple nyɔnua siaa. Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le Israel.
23
“Ne wobia nyɔnuvi aɖe ta, eye ŋutsu aɖe lée le du me hede asi eŋu la,
24
mikplɔ wo kple eve la yi dua godo ne miaƒu kpe wo, woaku. Woawu nyɔnuvia elabe du mee ŋutsua lée le gake medo ɣli ne woaxɔ nɛ o. Woawu ŋutsu la, elabe egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale nàɖe nuvɔ̃ɖi la ɖa le dowòme.
25
“Ke nenye gbe mee ŋutsu aɖe lé nyɔnuvi aɖe si ta wobia la le sesẽe de asi eŋu la, ekema woawu ŋutsua ɖeɖe ko.
26
Migawɔ naneke nyɔnuvia o, elabe mewɔ vɔ̃ si dze ku o. Nya sia sɔ kple ale si ame adze nɔvia dzi awui la ƒe nya.
27
Gbe mee ŋutsua lé nyɔnuvia le sesẽe hede asi eŋu, eye togbɔ be edo ɣli hã la, ame aɖeke meli axɔ nɛ o.
28
“Ne ŋutsu aɖe alé nyɔnuvi aɖe si ta womebia o la sesẽe ade asi eŋu, eye woalé wo la,
29
ŋutsua naxe klosaloga bla atɔ̃ na nyɔnuvia tɔ́a, eye wòaxɔe aɖe, elabe ɖe wòlée sesẽe de asi eŋu. Mekpɔ mɔ aɖe asi le nyɔnua ŋu le eƒe agbenɔɣi o.
30
“Ame aɖeke megade asi tɔ́a srɔ̃ ŋu alo aklo avɔ le tɔ́a srɔ̃ ŋu o.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34