bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 16
Deuteronomy 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 17 →
1
“Ɖo ŋku nuŋeɣleti Abib dzi, eye nàɖu Paska na Aƒetɔ, wò Mawu le ɣe ma ɣi me, elabe nuŋeɣleti mee Aƒetɔ, mia Mawu la, kplɔ wò dzoe le Egipte le zã me.
2
Yi mawusubɔƒe ɖeka si Aƒetɔ atia la, eye nàwu alẽ alo nyi ɖeka hena Paska la ɖuɖu na Aƒetɔ, wò Mawu la.
3
Mègatsɔ abolo si me wode aboloʋãnui la ɖu nu lae o. Ɖu abolo si me womede aboloʋãnui o ŋkeke adrẽ abe ale si nèwɔ esime nènɔ kplakplakpla dzi ʋu dzo le Egipte-nyigba dzi ene. Ɖu abolo sia, si woana ŋkɔ be fukpekpebolo la, ale be wòanɔ ŋku ɖom gbe si gbe nèʋu tso Egipte-nyigba dzi la dzi na wò le wò agbenɔɣi katã.
4
Aboloʋãnu aɖeke meganɔ wò anyigba blibo la dzi le ŋkeke adrẽawo me o. Lã si nèwu le ŋkeke gbãtɔ ƒe fiẽ la, navɔ keŋkeŋ gbe ma gbe ke; ɖeke megatsi anyi ŋu nake o.
5
Màte ŋu awu Paska lã la le du sia du si Aƒetɔ, wò Mawu la tsɔ na wò la me o;
6
“ke boŋ wui le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la atia be ye ŋkɔ nanɔ la ko. Afi ma nàwɔ ŋutitotovɔsa la le. Wɔe le fiẽ me, ne ɣe le to ɖom le ɣe si ɣi nèʋu tso Egipte.
7
Ɖa nua ɖu le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la atia la, eye ne ŋu ke ŋdi la, gbugbɔ yi wò xɔnu.
8
Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke ade. Ŋkeke adrẽlia anye takpegbe kɔkɔe na Aƒetɔ, wò Mawu la. Ame aɖeke negawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o.”
9
“Xlẽ kwasiɖa adrẽ tso gbe si gbe wodze nukuwo ŋeŋe gɔme,
10
eye nàɖu Nuŋeŋkeke Nyui tsɔ de bubu Aƒetɔ, wò Mawu la, ŋu. Na nu faa abe ale si Aƒetɔ, wò Mawu la yra wò nèkpɔe la ene.
11
Na wò ŋutɔ, viwò ŋutsu kple viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu kple dɔlanyɔnuwo, Levitɔ si le wò du me, amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi siwo le wò du me la katã, miakpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ, wò Mawu la, ŋkume le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la atia la.
12
Lé se siawo me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi. Ɖo ŋku edzi ɖaa be yenye kluvi kpɔ le Egipte.”
13
“Ne èɖe wò bli ƒo ƒu vɔ, eye nèfiã wain vɔ la, ɖu Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui. Ɖui ŋkeke adrẽ.
14
Kpɔ dzidzɔ le ŋkekenyui sia dzi kple viwò ŋutsu, viwò nyɔnu, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, Levitɔ, amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi siwo le wò duwo me la.
15
Ɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adrẽ tsɔ de bubu Aƒetɔ, wò Mawu la ŋu le teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la atia la. Mi katã mikpɔ dzidzɔ ale si miate ŋui, elabe Aƒetɔ yra wò agblemenukuwo kple wò asinudɔwo katã.
16
“Na wò ŋutsuwo katã nava subɔ Aƒetɔ, wò Mawu la zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe si wòatia la. Woneva le Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui ɖuɣi, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyui ɖuɣi kple Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui ɖuɣi. Womegava Aƒetɔ ŋkume asi ƒuƒlu o;
17
ame sia ame netsɔ nunana aɖe ɖe asi va na, le ale si Aƒetɔ, wò Mawu la, yrae la nu.
18
“Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dɔdzikpɔlawo le miaƒe toawo me le du siwo katã Aƒetɔ, mia Mawu la ana wò la me. Ame siawo nadrɔ̃ ʋɔnu ameŋkumemakpɔtɔe.
19
Wonedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye womegade akpa aɖeke dzi o. Womegaxɔ zãnu o, elabe zãnu gbãa ŋku na nunyalawo kple nuteƒewɔlawo gɔ̃ hã, eye wotsoa afia ŋkunɔ.
20
Nɔ nya dzɔdzɔe ko yome, ne nànɔ agbe, anyi anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la le na wò ge la ƒe dome.
21
“Ne èɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ, wò Mawu la la, migatu nyɔnumawu Asera ƒe ati ɖe egbɔ o.
22
Mègaɖi aƒeli aɖeke o, elabe Aƒetɔ, wò Mawu la, lé fui.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34