bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 15
Deuteronomy 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 16 →
1
“Le ƒè adrẽlia sia ƒe adrẽlia ƒe nuwuwu la, ele be ame sia ame natsɔ fe si woɖu le eŋu la ake.
2
Ale si miatsɔ fea ake lae nye esi: Ne ame aɖe do ga na nɔvia Israelvi la, ele be wòatsɔ fea akee; mekpɔ mɔ alĩi o elabe Aƒetɔ ŋutɔ na woɖe gbeƒã be wotsɔ fe ke.
3
Èkpɔ mɔ alĩ fe amedzro ya, gake mègalĩ nu si nèdo na nɔviwò Israelvi la ƒe fee o.
4
Ke ame dahe aɖeke manɔ mia dome o elabe Aƒetɔ ayra mi le anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la tsɔ na mi wònye domenyinu si zu mia tɔ la dzi
5
nenye be àɖo to Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe gbe, akpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, awɔ se siwo katã mede na mi egbe la dzi.
6
Elabe Aƒetɔ, wò Mawu la, ayra wò abe ale si wòdo ŋugbe ene, ale be nàdo nu na dukɔ geɖewo gake wò ŋutɔ ya màdo nugbana o. Àɖu dukɔ geɖewo dzi, ke woawo makpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o.
7
“Ne nɔvi Israelvi aɖe da ahe le wò du aɖe me le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na mi la dzi la, mègasẽ dzime, agbe kpekpe ɖe eŋu o.
8
Ke boŋ ʋu asiwò me, ne nàdo nu nɛ le ale si hiãe la nu.
9
Kpɔ nyuie! Ame aɖeke negatsɔe be ƒè adrẽlia gogo, eye wole fe tsɔ ge ake ta, ne ehavi xaxa heva bia be nedo nane na ye la, wòawɔ dɔmevevi le eŋu agbe edodo nɛ o. Ne èwɔ esia, eye wòfa konyi na Aƒetɔ ɖe ŋuwò la, woabu fɔ wò.
10
Ke boŋ na nu lae faa, megave wò be yenae o. Elabe ne èwɔ esia la, Aƒetɔ, wò Mawu la ayra wò dɔwɔwɔwo katã kple nu siwo nèwɔ dɔ kpɔ la siaa.
11
Nɔvi Israelvi aɖe le ahe da ge godoo le anyigba la dzi, eya ta mele gbɔgblɔm na wò be ʋu asi me, ne nàna nu nɔvi si hiã tu la.”
12
“Ne nɔviwò Israel-ŋutsu alo nyɔnu dzra eɖokui na wò kluvii la, na wòasubɔ wò ƒe ade. Le ƒè adrẽlia me la, ɖe asi le eŋu wòadzo.
13
Ne èɖe asi le eŋu la, mègana wòayi asi ƒuƒlu o.
14
Ke boŋ kɔ dɔme nàdo mɔe kple alẽ, bli kple wain siwo Aƒetɔ, mia Mawu la, yra wò nèkpɔ la.
15
Ɖo ŋku edzi be wò hã nènye kluvi kpɔ nɔ Egipte-nyigba dzi, eye Aƒetɔ, wò Mawu la na woɖe asi le ŋuwò nèdzo, eya ta mele se sia dem na wò ɖo.
16
Ke ne ebe yemadzo le gbɔwò o, elabe elɔ̃ wò kple wò aƒemetɔwo, eye gbɔwò nɔnɔ sɔ nɛ la,
17
kplɔe yi wò ʋɔtru ŋu, eye nàtsɔ nuŋɔnui ŋɔ to nɛ ɖe ʋɔtrua ŋu ekema ezu wò kluvi va se ɖe eƒe kugbe. Wɔ nu sia na wò kosiwo hã.
18
Ne èɖe asi le wò kluvi ŋu wòdzo le gbɔwò la, megave wò o; esubɔ wò ƒe ade sɔŋ, eye èkpɔ viɖe le eŋu zigbɔzi eve wu apadɔwɔla. Ɖe asi le eŋu, eye Aƒetɔ, wò Mawu la, ayra wò le dɔ siwo katã nàwɔ la me.
19
“Tsɔ wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu la na Aƒetɔ, wò Mawu la. Mègana nyitsua nawɔ dɔ na wò o, eye mègako fu le agboa ŋu hã o.
20
Le ƒè sia ƒè ƒe nuwuwu la, wò kple wò aƒemetɔwo miaɖu wo le mawusubɔƒe si Aƒetɔ atia la le eŋkume.
21
Ke ne nu wɔe, eƒe afɔ gblẽ alo eƒe ŋku gbã, alo nu manyatalenu aɖe wɔe la, ekema mègatsɔe sa vɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la o.
22
Àte ŋu aɖu lã siawo tɔgbe le wò duwo me faa. Ame si ŋu mekɔ o kple ame siwo ŋu kɔ la siaa kpɔ mɔ aɖui, abe ale si mieɖua sẽ kple zi ene.
23
Ke miekpɔ mɔ aɖu woƒe ʋu ya o. Kɔe ɖe anyigba abe tsi ene.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34