bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 6
Deuteronomy 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 7 →
1
“Esiawo nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu siwo Aƒetɔ, mia Mawu la gblɔ nam be mafia mi. Miwɔ wo dzi le anyigba si tsɔm wòle na mi be miaxɔ wòazu mia tɔ la dzi.
2
Le miaƒe agbenɔɣi katã la, mi kple miaƒe dzidzimeviwo katã mivɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la, eye miwɔ ɖoɖo kple se siwo katã megblɔ na mi la dzi be mianɔ agbe didi.
3
Eya ta Israel, see; lé seawo me ɖe asi eye nàwɔ wo dzi. Ne èwɔ esia la, eme anyo na wò, eye nàdzi ɖe dzi fũu, anɔ anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi abe ale si Aƒetɔ, tɔgbuiwòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene.
4
“Israel, see! Aƒetɔ, mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka koe.
5
Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã.
6
Mègaŋlɔ se siwo mede na wò egbe la be o.
7
Fia wo viwòwo. Gblɔ wo edziedzi ne èle aƒeme, alo nèyi nugbe, alo nèle dɔ wɔm.
8
Bla wo ɖe alɔnu kple ŋgonu be nànɔ ŋku ɖom wo dzi.
9
Ŋlɔ wo ɖe wò xɔ ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo nu.
10
“Ne Aƒetɔ, wò Mawu la kplɔ wò va anyigba si ŋu wòka atam ɖo na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob, be yeakplɔ wò ava anyigba aɖe si dzi du lolo nyui siwo menye miawoe tso wo o la le,
11
eye woƒe xɔwo me yɔ fũu kple xɔmenu nyui siwo menye wòe de wo xɔawo me o. Vudo siwo menye wòe ɖe wo o la li. Waingble siwo menye wòe de wo o kple amitibɔ siwo menye wòe tso wo o la hã li. Ne Aƒetɔ kplɔ wò va anyigba sia dzi, eye nuɖuɖu ɖe sia ɖe si nèhiã la su asiwò la,
12
kpɔ nyuie be màgaŋlɔ Aƒetɔ si kplɔ wò tso Egipte, afi si nènye kluviwo le kpɔ la be o.
13
Vɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la; subɔ eya ɖeka ko, eye tsɔ eya ko ŋkɔ ka atam.
14
Migasubɔ dukɔ siwo ƒo xlã mi la ƒe mawuwo o.
15
Ne miekatsɛ subɔ mawu bubu aɖe la, Aƒetɔ ado dziku ɖe mia ŋu vevie, atsrɔ̃ mi, miavɔ le anyigba dzi, elabe Aƒetɔ, mia Mawu si le mia gbɔ la, Mawu ʋãŋu wònye.
16
“Migate Aƒetɔ, mia Mawu la kpɔ abe ale si mietee kpɔ le Masa ene o.
17
Miwɔ Aƒetɔ, mia Mawu ƒe seawo, ɖaseɖiɖiawo kple ɖoɖoawo, siwo wògblɔ na mi la dzi.
18
Wɔ nu dzɔdzɔe kple nu si nyoa Aƒetɔ ŋu la, be eme nanyo na wò, eye nàyi aɖaxɔ anyigba nyui si ŋu wòka atam ɖo be yeana tɔgbuiwòwo la.
19
Aƒetɔ anyà wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò abe ale si wòdo ŋugbee ene.
20
“Ne viwòwo va bia wò gbe aɖe gbe be: ‘Nu ka ta Aƒetɔ gblɔ be míwɔ se siawo katã dzi?’ mahã la,
21
gblɔ na wo be: ‘Míenye kluviwo na Egipte Fiagã kpɔ, eye Aƒetɔ ɖe mí tso esi me kple eƒe ŋusẽsi la.
22
Míawo ŋutɔ míekpɔ dzesi kple nukunu klitsu, dziŋɔ siwo wòtsɔ tu nu kple Egiptetɔwo, woƒe Fiagã kple eŋumewo katã la.
23
Eɖe mí tso Egipte, eye wòkplɔ mí va afii hetsɔ anyigba sia na mí abe ale si wòdo ŋugbe na mía tɔgbuiwo ene.
24
Aƒetɔ, mía Mawu la gblɔ na mí be míwɔ se siwo katã yede na mí la dzi, eye míde bubu ye ŋu. Ebe ne míewɔ esia la, yeakpɔ mía ta ɣe sia ɣi, eye nu anyo na mí, abe ale si wòle na mí egbe ene.
25
Nu dzɔdzɔe si wòle be míawɔ lae nye be míalé seawo katã me ɖe asi, eye míawɔ wo dzi, ekema akpɔ ŋudzedze le mía ŋu.’
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34