bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 24
Deuteronomy 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 25 →
1
“Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, emegbe nyɔnua ƒe nu meganyo eŋu o, eye wòdi be yeagbee le ŋukpenanu aɖe si nyɔnua wɔ ta la, neŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ de nyɔnua si, eye wòanyàe ɖa le eƒeme.
2
Ne nyɔnua dzo yi ɖaɖe ŋutsu bubu,
3
eye ŋutsu sia hã gbee, ŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ de esi henyàe dzo le eƒeme alo ku la,
4
ŋutsu gbãtɔ si nyàe la mekpɔ mɔ agaɖee o, elabe edo ŋunyɔe va yi. Ne ŋutsua gaɖee la, ekema ewɔ ŋunyɔnu le Aƒetɔ ŋkume. Migawɔ nuvɔ̃ɖi sia ƒomevi le anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la, le tsɔtsɔm na mi be wòanye domenyinu na mi la dzi o.”
5
“Ne ame aɖe ɖe srɔ̃ teti la, megayi aʋa o, eye womegade dɔ aɖeke asi nɛ o. Mina wòanɔ aƒeme, anɔ eɖokui si ƒe ɖeka ne wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.
6
“Ne èdo nu na ame aɖe la, mègaxɔ eƒe té kple tévi ɖe awɔba me o. Ne èxɔ wo la, ƒomea makpɔ naneke atu wɔ aɖa nu, aɖu anɔ agbe o.
7
“Ne wolé ame aɖe si fi nɔvia Israelvi aɖe, tsɔ wɔ eƒe kluvi alo dzrae la, ele be woawu fiafi la. Wɔ esia ne nàɖe vɔ̃ sia ɖa le wò dowòme.
8
“Ne èle ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi si amewo vɔ̃na la lém la, lé be na ɖokuiwò. Lé fɔ ɖe nu siwo katã nunɔla Levitɔwo afia wò le dɔlélea ŋu la ŋu pɛpɛpɛ. Lé se siwo mena wode na wò le dɔa ŋu la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi.
9
Ɖo ŋku nu si Aƒetɔ, mia Mawu la, wɔ Miryam le mɔ dzi esime mieʋu tso Egipte gbɔna la dzi.
10
“Ne èdo nugbana na hawòvi la, mègatii yi eƒeme be yeaxɔ eƒe avɔ ɖe nua nu ale be avɔa nanɔ awɔba o.
11
Ke boŋ nɔ xexe ne nugbanadolaa ŋutɔ natsɔ avɔa va ɖo awɔba.
12
Ne nugbanadola la nye ame dahe la, mègana avɔa natsi gbɔwò ŋu nake o.
13
Ke boŋ ne ɣe ɖo to la, gbugbɔe yi nɛ be wòate ŋu awɔ eŋudɔ le zã me. Ne èwɔ esia la, ada akpe na wò, eye Aƒetɔ, wò Mawu la, abu wò nu dzɔdzɔe wɔla.
14
“Mègagbe fexexe na ame dahe alo hiãtɔ o. Nɔviwò wòɖanye o, amedzroe amea nye le wò du aɖe me le wò anyigba dzi o, eƒe fe megatsi ŋuwò o.
15
Ne ewɔ dɔ na wò la, xe fe nɛ gbe ma gbe ke; ɣe megaɖo to ɖe fea o, elabe eya ŋue wòle ŋu ɖom ɖo. Ne mèxe fea nɛ o la, ado ɣli ayɔ Aƒetɔ le tawò eye àzu fɔɖila.
16
“Womawu vi tɔ́ ɖe nuvɔ̃ si via wɔ la ta o, eye womawu vi hã ɖe nuvɔ̃ si tɔ́a wɔ la ta o; ke boŋ woawu ame ɖe nuvɔ̃ si amea ŋutɔ wɔ la ta.
17
“Mègate amedzro alo tsyɔ̃evi ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o; mègazi ahosi dzi ne wòatsɔ eƒe avɔ de awɔba na wò o.
18
Ɖo ŋku edzi be wò hã ènye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eye Aƒetɔ, wò Mawu la xɔ wò ɖe agbe tso afi ma eye nèvo. Esia tae mele se sia dem na wò be nàwɔ alea ɖo.
19
“Ne èŋe nu le wò agble me, eye nèŋlɔ ɖe be ɖi la, migagbugbɔ yi be yeaɖatsɔe o. Eya nezu amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo tɔ. Wɔ esia ale be Aƒetɔ, wò Mawu la, nayra wò le wò asinudɔwo katã me.
20
Ne miegbe kutsetsewo le miaƒe amiti dzi la, migatrɔ yi ɖatsa ŋku be yewoagbe ɖe sia ɖe si susɔ ɖe atia me o. Esiwo susɔ la nezu amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo tɔ.
21
Ne èxa nu le wò waingble me la, mègagbugbɔ yi ɖatsa eme afɔ esiwo susɔ ɖi la keŋkeŋ o. Esiwo susɔ la zu amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kpe ahosiwo tɔ.
22
Ɖo ŋku edzi tegbee be ye hã yenye kluvi nɔ Egipte-nyigba dzi kpɔ. Esia tae mele se sia dem na wò be nàwɔ alea ɖo.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34