bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 13
Deuteronomy 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 14 →
1
“Mawu ƒe gbeƒãɖela alo drɔ̃egɔmeɖela aɖe ado tso mia dome, eye wòadi be yeawɔ dzesi alo nukunu aɖe ne miakpɔ,
2
ale be yeakplɔ mi atrae ne miasubɔ mawu bubu aɖe si mienya o. Ne dzesi alo nukunu la va eme gɔ̃ hã la,
3
migaxɔ gbeƒãɖela ma alo drɔ̃egɔmeɖela ma ƒe nya dzi se o. Aƒetɔ, mia Mawu la, ɖe wòle mia dom kpɔ be yeakpɔ ɖa be mielɔ̃a ye, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kpakple luʋɔ blibo mahã.
4
Minɔ Aƒetɔ, mia Mawu la, yome, eye mivɔ̃e. Milé eƒe sewo me ɖe asi, eye mise eƒe gbe. Misubɔe, eye miwɔ nuteƒe nɛ.
5
Ke miwu gbeƒãɖela alo drɔ̃egɔmeɖela ma elabe ele amewo fiam be woadze aglã ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu, evɔ la, Aƒetɔ ye kplɔ mi tso Egipte afi si mienye kluviwo le kpɔ. Ame vɔ̃ɖie nye ame ma ƒomevi elabe edi be yeana miaɖe asi le agbe si ƒomevi Aƒetɔ, mia Mawu la, di be mianɔ la ŋu. Eya ta miwui ne miavo tso nuvɔ̃ɖi si eyama nye la si me.
6
“Ava eme be nɔviwò ŋutsu si nye dawò vi, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu, srɔ̃wò si gbɔ melɔ̃a nu le o, alo xɔ̃wò si nèlɔ̃na abe ɖokuiwò ene able nuwò le adzame be yewoasubɔ mawu bubu aɖe si wò ŋutɔ alo tɔgbuiwòwo menya o.
7
Wo dometɔ ɖeka adi tso asiwò be nàsubɔ dukɔ siwo te ɖe ŋuwò la ƒe mawuwo la tɔwo loo, esiwo le adzɔge tso mia gbɔ loo, alo esiwo le xexeme ƒe akpa aɖe.
8
Mègalɔ̃ ɖe edzi nɛ o; mègaɖo toe gɔ̃ hã o. Migakpɔ nublanui nɛ alo ave enu alo aʋli eta o.
9
Wui. Wò ŋutɔ nànye ame gbãtɔ si atsɔ kpe aƒui, eyome dukɔ blibo la nasɔ ɖe eŋu aƒu kpee wòaku.
10
Ƒu kpee wòaku! Elabe ete kpɔ be yeana nàtrɔ le Aƒetɔ, wò Mawu la, yome, evɔ wònye Aƒetɔ ye xɔ wò ɖe agbe le Egipte esime nènye kluvi le afi ma.
11
Emegbe Israel blibo la nasee, vɔvɔ̃ naɖoe ale be ame aɖeke magawɔ nuvɔ̃ɖi ma tɔgbe le mia dome akpɔ gbeɖe o.
12
“Ne èle du siwo Aƒetɔ, wò Mawu la, le na wò ge me la, àse be
13
ŋutsu ɖigbɔ aɖewo tso mia dome yi ɖable dua me tɔwo be yewoneyi ɖasubɔ mawu siwo mienya o.
14
Ne èse nya sia la, ku egɔme tsitotsito, eye ne enye nyateƒe be wowɔ ŋunyɔnu sia le mia dome la,
15
ekema wu dua me tɔwo katã kple woƒe lãwo siaa kple yi. Gbã dua gbidigbidi.
16
Milɔ dua me tɔwo ƒe nunɔamesiwo katã va li kɔ ɖe ablɔ me, eye mitɔ dzo dua kple nunɔamesiawo katã abe vɔsa ene na Aƒetɔ, mia Mawu la. Dua netrɔ zu aƒedo tegbee, eye womagagbugbɔe atso gbeɖe o.
17
Mègatsɔ busunu siwo wòle be nàtsrɔ̃ la dometɔ aɖeke na ɖokuiwò o, ne Aƒetɔ ƒe dɔmedzoe helihelĩ la nu nafa, eye wòave nu wò. Ekema akpɔ nublanui na wò eye wòana nàdzi asɔ gbɔ fũu, abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene.
18
Esia ava eme na wò, ne èse Aƒetɔ, wò Mawu la, ƒe gbe eye nèlé eƒe se siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi, eye nèwɔ nu si wòdi la.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34