bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 3
Deuteronomy 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 4 →
1
“Emegbe míetrɔ ɖo ta Basan-nutome. Tete Og, Basan-fia kple eƒe amewo katã do va kpe mí le Edrei be yewoawɔ aʋa kpli mí.
2
Ke Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Mègavɔ̃e o. Matsɔ eya ŋutɔ, eƒe dukɔ blibo la kple eƒe anyigba ana wò. Wɔ eya hã abe ale si nèwɔ Sixon, Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Xesbon la ene.’
3
Ale Aƒetɔ, mía Mawu la tsɔ Og, Basan-fia kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mí, eye míewu wo keŋkeŋ; ame aɖeke metsi agbe o.
4
Le ɣe ma ɣi me la, míexɔ eƒe duwo katã; du aɖeke mesusɔ o. Du siwo katã míexɔ la le bla ade, eye wo katã le Argob-nutome, si nye Og, Basan-fia ƒe dziɖuƒe.
5
Du siawo katã nye du sesẽwo. Wo ŋu gliwo kɔ, eye wode agbo kple gameti wo nu. Kɔƒe geɖe siwo ŋu womeɖo gli ɖo o la hã kpe ɖe wo ŋuti.
6
Míetsrɔ̃ du sia du me tɔwo. Míewu ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, abe ale si míetsrɔ̃ Sixon-fia si nɔ Xesbon la ƒe duwo me tɔwo ene.
7
Ke míelé lãwo katã, eye míelɔ aboyonuwo le duawo me tsɔ dzoe.
8
Ale míexɔ anyigba si le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome, tso Arnon-tɔʋu la nu va se ɖe Xermon-to gbɔ le Amori-fia eveawo si.
9
(Sidontɔwo yɔa Xermon-to la be Sirion, ke Amoritɔwo ya yɔnɛ be Senir.)
10
Míexɔ Og, Basan-fia, ƒe dziɖuƒewo katã. Míexɔ du siwo le tagba, Gilead kple Basan-nutowo katã me yi ɖado ɖe Salxa kple Edrei.
11
(Ame dzɔtsu mamlɛtɔ si susɔ lae nye Og, Basan-fia. Eƒe gabati didi meta ene, eye wòkeke meta eve. Gabati sia gale Amon-du Raba me va se ɖe egbe.)
12
“Esi míexɔ anyigba si katã le Arnon-tɔʋu ŋu le Aroer-du ƒe dzigbeme la, metsɔ Gilead-tonyigba ƒe afã kple du siwo le edzi la na Ruben viwo kple Gad viwo.
13
Metsɔ Gilead-nyigba ƒe akpa si susɔ kple Basan bliboa si nye Og ƒe dziɖuƒe tsã la na Manase ƒe to afã si le ɣedzeƒe gome.” Woyɔa Basan-nyigba bliboa be Rafaim alo ame dzɔtsuwo ƒe anyigba.
14
Yair, Manase vi, xɔ Argob-nyigba blibo la va se ɖe Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo dzi. Etsɔ eya ŋutɔ ŋkɔ na kɔƒe siwo le afi ma ale be eŋkɔ Yair, tsi kɔƒeawo ŋu va se ɖe egbe.
15
Metsɔ Gilead na Maxir ƒe aƒekɔ. Aƒekɔ sia tso Manase ƒe to me.
16
Metsɔ anyigba si tso Gilead va se ɖe Arnon-tɔʋu nu la na Ruben viwo kple Gad viwo. Tɔʋua titinae nye woƒe anyigbemeliƒo, eye dzigbemeliƒo lae nye Yabok-tɔʋu. Liƒo sia ƒe akpa aɖe nye Amonviwo ƒe liƒo.
17
Le ɣetoɖoƒe gome la, woƒe anyigba va ɖo Yordan-tɔsisi ŋu. Etso Galilea-ƒu nu le dzigbeme va de nu Ƒukuku me le anyigbeme gayi ɖado ɖe Pisga-to ƒe aga nu le ɣedzeƒe gome.
18
“Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ na mi be: ‘Aƒetɔ, mía Mawu la tsɔ anyigba sia, si le Yordan ƒe ɣedzeƒe la na mi wòzu mia tɔ. Azɔ la, miaƒe kalẽtɔwo katã nebla akpa ne woadze mia nɔvi Israelvi bubuawo ŋgɔ.
19
Mia srɔ̃wo kple ɖeviwo kpakple miaƒe lãwo ko natsi du siwo mena mi la me elabe menya be lã geɖe le mia si.
20
Miele kpekpe ge ɖe mia nɔvi Israelvi mamlɛawo ŋu va se ɖe esime woaxɔ anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe, eye wòana woanɔ ŋutifafa me abe ale si wòwɔ na mi le afii ene. Emegbe la mia dome ame sia ame atrɔ gbɔ va anyigba si mena mi la dzi.’
21
Tete megblɔ na Yosua be: ‘Wò ŋutɔ èkpɔ nu siwo katã Aƒetɔ, mia Mawu wɔ Sixon kple Og fia eveawo. Nenema tututu Aƒetɔ awɔ ame siwo katã ƒe anyigba me yi ge nàla la hãe.
22
Mègavɔ̃ wo o, elabe Aƒetɔ, mia Mawu lae wɔa aʋa na mi.’
23
“Le ɣe ma ɣi me la, medo gbe ɖa, ƒo koko na Aƒetɔ be:
24
‘O Aƒetɔ Mawu, èna medze nu dzɔtsu kple nukunu siwo wɔ ge nàla la kpɔkpɔ gɔme xoxo. Ɖe mawu aɖe le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ dɔ siawo kple nu dzɔtsu siwo nèwɔna laa?
25
Meɖe kuku, ɖe mɔ nam ne matso Yordan-tɔsisi la ado ɖe egodo be makpɔ anyigba nyui si le afi ma kple tonyigba si nyakpɔna kpakple Lebanon-towo ɖa dzro.’
26
Ke le mia ta la, ɖeko Aƒetɔ do dziku ɖe ŋunye, eye medi be yease nye nya aɖeke o. Ɖeko wògblɔ nam boŋ be: ‘Ema sɔ gbɔ na wò! Mègado nya ma ɖe gbɔnye azɔ o!
27
Yi Pisga-to tame, eye nàkpɔ ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, anyigbeme kple dzigbeme ɖa. Lé ŋku ɖe nu siwo nàkpɔ la ŋu nyuie, elabe mèle Yordan-tɔsisi sia tso ge o.
28
Gblɔ nya si le asiwò la na Yosua. De dzi ƒo nɛ, eye nàdo ŋusẽe elabe eyae akplɔ dukɔ sia atso Yordan ayi anyigba si kpɔm nèle la dzi.’
29
Ale míetsi bali la me le du si dze ŋgɔ Bet-Peor la.”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34