bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 18
Deuteronomy 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 19 →
1
“Levi-to blibo la, si nye nunɔlawo ƒe to la, maxɔ anyigba aɖeke le Israel-dukɔa me o. Le esia ta woanɔ agbe ɖe nu siwo to bubuawo ava nɔ Mawu nam alo atsɔ va nɔ vɔ sam na Mawu la ko ŋu.
2
Womaxɔ anyigba abe to bubuawo ene o. Woƒe gome koe nye be wokpɔ mɔnu anye Aƒetɔ ƒe nunɔlawo abe ale si Aƒetɔ ŋutɔ do ŋugbe na wo ene.
3
Nu siwo woaxɔ tso dukɔ la gbɔ la woe nye esiwo gbɔna: Ne wowu nyi alo alẽ tsɔ sa vɔe la, woatsɔ lã la ƒe abɔ kple glã kpakple dɔgbo na nunɔlawo.
4
Woatsɔ agblemenuku, wain kple ami ŋgɔgbetɔwo kpakple alẽfu si wokó gbã la na wo.
5
Elabe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋutɔe tia wo le toawo katã dome be woawo kple wo viŋutsuwo siaa nanye yeƒe nunɔlawo, anɔ amewo subɔm le ye ŋkɔ me tegbee.
6
“Ne Levitɔ aɖe tso Israel-du aɖe si mele Israel o la me, afi si wònye amedzro le, va, le eya ŋutɔ ƒe didi nu la, ekpɔ mɔ ayi mawusubɔƒe ɖeka ma si Aƒetɔ atia la faa,
7
aɖasubɔ Aƒetɔ, abe nunɔla ene, le afi ma, abe nɔvia Levitɔ bubu siwo katã le afi ma la ene.
8
Eya hã axɔ nuɖuɖu la wòasɔ kple wo tɔ Levitɔwo tɔ. Ne eƒe ƒometɔwo dzra woƒe ƒomenu aɖe eye wotsɔ akpa si nye etɔ la vɛ nɛ hã la, ekpɔ mɔ axɔ nuɖuɖu wòasɔ kple wo tɔ nunɔla Levitɔwo tɔ.
9
“Ne èɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la le na wò ge dzi la, mègakpɔ ŋunyɔnu siwo dukɔ ma me tɔwo wɔna la wɔ o.
10
Mia dometɔ aɖeke megatɔ dzo via ŋutsu alo nyɔnu abe vɔsa ene o. Nenema ke bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola, dzotɔ,
11
dzoɖuametɔ, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ mia dome o.
12
Ame siawo ƒomevi ɖe sia ɖe nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ, eye ŋunyɔnu siawo wɔwɔ tae wòle dukɔ siwo le mia ŋgɔ la nyàm ɖa ɖo.
13
Mokaka aɖeke meganɔ mia ŋu le Aƒetɔ, mia Mawu la gbɔ o.
14
“Elabe dukɔ siwo ƒe anyigba xɔ ge nèle la me tɔwo xɔ bokɔnɔwo kple afakalawo dzi se ŋutɔ; ke wò la, Aƒetɔ, wò Mawu meɖe mɔ be nàwɔ nenema o.
15
“Aƒetɔ, wò Mawu la le eƒe gbeƒãɖela aɖe abe nye ene fɔ ge ɖe te tso miawo ŋutɔ dome. Miɖo toe.
16
Gbe si gbe miekpe ta le Xoreb gbɔ la, mieɖe kuku be yewomedi be yewoagase Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe gbe loo, alo akpɔ dzobibi gã la o, ne menye nenem o la, yewoava ku.
17
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be, ‘Wogblɔe ɖe eteƒe.
18
Mele gbeƒãɖela aɖe si le abe wò ene la fɔ ge ɖe te tso woawo ŋutɔ nɔviwo dome na wo. Magblɔ nya siwo medi be magblɔ la nɛ wòayi ɖagblɔ na wo.
19
Aƒo nu le nye ŋkɔ me, eye ame si maɖo to eƒe nyawo o la, mahe to nɛ.
20
Ne gbeƒãɖela aɖe do eɖokui ɖe dzi eye wògblɔ nya si nyemegblɔ nɛ o le nye ŋkɔ me la, woawui. Nenema ke ne gbeƒãɖela aɖe gblɔ nya aɖe le mawu bubu aɖe ƒe ŋkɔ me la, woawu eya hã.’
21
Ɖewohĩ àbia le ɖokuiwò me be, ‘Ale ke mawɔ anya be nya sia la, menye Aƒetɔ lae gblɔe o?’
22
Ne gbeƒãɖela aɖe gblɔ nya le Aƒetɔ ŋkɔ me, gake nya la meva eme o alo nye nyateƒe o la, ekema menye Aƒetɔ lae gblɔe o; gbeƒãɖela ma ŋutɔe kpa nya la gblɔ eya ta migavɔ̃ na eyama o.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34