bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 7
Deuteronomy 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 8 →
1
“Ne Aƒetɔ, wò Mawu la akplɔ wò va anyigba si dzi yim nèle la dzi, eye àxɔe wòazu tɔwò, ne èle anyigba la dzi gogom la, Aƒetɔ anyà dukɔ adrẽ aɖewo siwo sɔ gbɔ wu wò, eye wosesẽ wu wò hã la ɖa le ŋgɔwò. Woawoe nye: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo.
2
Ne Aƒetɔ, wò Mawu la tsɔ dukɔ siawo de asi na wò, eye nèɖu wo dzi la, mitsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Mègabla nu kpli wo o, eye migave wo nu hã o.
3
Mègaɖe wo o, eye mègatsɔ viwò nyɔnuwo na wo woaɖe o,
4
elabe woana mia viŋutsuwo magasubɔm o, ke boŋ woasubɔ mawu bubuwo. Ne eva eme alea la, Aƒetɔ ado dziku ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi enumake.
5
Ke boŋ nu si miawɔ lae nye be mimu woƒe vɔsamlekpuiwo, migbã woƒe legbawo, milã woƒe nyɔnumawu Asera-tiwo ƒu anyi, eye mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo.
6
“Miwɔ esia elabe dukɔ kɔkɔe nànye na Aƒetɔ, wò Mawu la. Eya ŋutɔe tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi be mianye yeƒe dukɔ tɔxɛ.
7
Menye miaƒe agbɔsɔsɔ wu dukɔwo katã tae Aƒetɔ lɔ̃ mi vevie, eye wòtia mi ɖo o, elabe le nyateƒe me la, miaƒe xexlẽme mede naneke le dukɔwo dome o.
8
Ke boŋ esi Aƒetɔ lɔ̃ mi, eye wòdi be yeawɔ atam si yeka na mia tɔgbuiwo la dzi tae. Esia tae wòwɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ tsɔ ɖe mi tso Egipte Fiagã si me be azɔ la, miaganye eƒe kluviwo akpɔ o.
9
Eya ta nyae be Aƒetɔ, wò Mawu la, Mawu nuteƒewɔla kple anukwaretɔ wònye. Ewɔa eƒe nubabla dzi, eye wòkpɔa nublanui hena dzidzime akpewo siwo lɔ̃nɛ, eye woawɔa eƒe se dzi.
10
Ke ne ame aɖe lé fui ko la, ehea to na nenem me ma enumake.
11
Eya ta azɔ la, lé se, ɖoɖo kple kɔnu siwo megblɔ na wò egbe la me ɖe asi eye nàwɔ wo dzi.”
12
“Ne miese ɖoɖo siawo, lé fɔ ɖe wo ŋu, eye miewɔ wo dzi la, Aƒetɔ, mia Mawu la awɔ eƒe nubabla dzi, eye wòalɔ̃ mi tegbee abe ale si wòdo ŋugbe na mia tɔgbuiwo ene.
13
Alɔ̃ wò, ayra wò, ana nàdzi ɖe dzi fũu eye viwòwo asɔ gbɔ. Ayra wò agbledeƒewo ale be àkpɔ bli, wain kple ami aɖu. Ana wò nyiwo kple alẽwo nadzi fũu. Aƒetɔ ana nu siawo katã asu asiwò elabe eka atam na tɔgbuiwòwo be yeatsɔ wo na wò le anyigba la dzi.
14
Aƒetɔ ayra wò wu dukɔ ɖe sia ɖe. Mia dometɔ aɖeke manye ame si medzia vi o, eye miaƒe lãhawo matsi ko o.
15
Aƒetɔ akpɔ mia ta, ate dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa xaa tso gbɔwò, eye mana dɔléle vɔ̃ɖi siwo katã nènya le Egipte-nyigba dzi la dometɔ aɖeke nado ta ɖe gbɔwò o, ke boŋ akplɔ wo aƒu wò futɔwo.
16
Tsrɔ̃ dukɔ siwo katã Aƒetɔ, wò Mawu la tsɔ de asi na wò; mègakpɔ nublanui na wo dometɔ aɖeke o. Mègasubɔ woƒe mawuwo o, elabe ne èwɔ esia la, woazu mɔ̀ ɖe ŋuwò.
17
“Mègagblɔ na ɖokuiwò be dukɔ sia me tɔwo sɔ gbɔ wum ta yemate ŋu anyà wo ɖa o.
18
Mègavɔ̃ na wo o, ke boŋ ɖo ŋku nu si Aƒetɔ, wò Mawu la wɔ Egipte Fiagã kple Egiptetɔwo katã la dzi.
19
Ɖo ŋku fuwɔame dziŋɔ siwo wò ŋutɔ nèkpɔ kple ŋku, dzesiwo, nukunuwo, ŋusẽ kple ŋutete si Aƒetɔ, wò Mawu la tsɔ xɔ wò, eye wòɖe wò do goe la dzi. Alea ke Aƒetɔ, wò Mawu la awɔ dukɔ siwo katã nèle vɔvɔ̃m na fifia la hã.
20
Aɖo téamekplɔɖoewo hã ɖe wo dome be woatɔtɔ keŋkeŋ va se ɖe esime wo dome mamlɛtɔ siwo yi ɖabè la atsrɔ̃ avɔ.
21
Eya ta womegadzi ŋɔ na mi o elabe Aƒetɔ, mia Mawu si le mia dome la, Mawu triakɔ dziŋɔ wònye.
22
Anyà dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò ʋɛʋɛʋɛ; matsrɔ̃ wo zi ɖeka o, elabe ne eva eme nenema la, lã wɔadãwo adzi ɖe dzi aɖe fu na wò.
23
Aƒetɔ, mia Mawu la atsɔ wo ade asi na wò. Woatɔtɔ keŋkeŋ va se ɖe esime woatsrɔ̃ avɔ.
24
Atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò; wu wo, eye wo ŋkɔ maganɔ anyi o. Wo dometɔ aɖeke manɔ te ɖe nuwò o; miatsrɔ̃ wo woavɔ.
25
Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo. Wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ o. Ne mietsɔ ɖe la, miage ɖe mɔ̀ me, elabe wonye ŋunyɔnu le Aƒetɔ, mia Mawu la ŋkume.
26
Mègatsɔ ŋunyɔnu aɖeke va aƒewò me ne fiƒode si le eŋu la nava dziwò o. Ele be nànyɔ ŋui; nàtsrii keŋkeŋ, elabe fiƒode le eŋu.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34