bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 25
Deuteronomy 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 26 →
1
“Dzre adzɔ ɖe ŋutsu eve dome, eye woatsɔ nya la ayi ʋɔnui. Woatso afia na ame ɖeka eye woabu fɔ ame evelia.
2
Ne fɔɖila la dze ƒoƒo la, ekema ʋɔnudrɔ̃la la nana wòatsyɔ akɔ anyi, eye wòana woaƒoe. Zi ale si woaƒoe la ku ɖe vodada si wòwɔ la ŋu, eye ʋɔnudrɔ̃la la nanɔ afi ma akpɔ eteƒe.
3
Woate ŋu aƒoe zi bla ene, gake masɔ gbɔ wu nenema o. Ne esɔ gbɔ wu nenema la, ekema woɖi gbɔ nɔviwò la le ŋkuwò me.
4
“Mègabla nu na nyitsu si le mɔli dugum la o.”
5
“Ne nɔviŋutsu eve le teƒe ɖeka eye wo dometɔ aɖe medzi vi hafi ku o la, ameyinugbea srɔ̃ mekpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu si menye srɔ̃a ƒe ƒometɔ o. Ele be srɔ̃a nɔvi la naxɔe aɖe, eye wòawɔ nu si dze la nɛ abe ameyinugbea ene.
6
Woabu ŋutsuvi gbãtɔ si nyɔnua dzi la abe ameyinugbea ƒe vi ene, ne wòalé nɔvia kuku la ƒe ŋkɔ ɖe te ale be eƒe dzidzime nagatsrɔ̃ le Israel o.
7
Ke ne ŋutsu la medi be yeaɖe nɔvia srɔ̃ la o la, ekema nyɔnua ayi dumemetsitsiwo gbɔ le dutakpeƒe eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔvi medi be yeana ye nɔvi ƒe ŋkɔ natsi Israel o; egbe be yemaɖem o.’
8
Emegbe dumemetsitsiawo ayɔ ŋutsua vɛ, eye woaƒo nu kplii. Ne egbe godoo be yemaɖe nyɔnua o la,
9
ekema nɔvia srɔ̃ la ate ɖe eŋu le dumemetsitsiawo ŋkume, aɖe afɔkpa le afɔ nɛ, aɖe ta ɖe mo nɛ, agblɔ be, ‘Ale wowɔa ŋutsu si medi be yeana ye nɔviŋutsu ƒe dzidzime nanɔ anyi o lae nye esi.’
10
Woatsɔ ŋkɔ na ŋutsu sia ƒe ƒome le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe - afɔkpa - le - afɔ - na la ƒe ƒome.’
11
“Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye wo dometɔ ɖeka srɔ̃ va be yeaxɔ na srɔ̃a, eye nyɔnua lé ŋutsu kemɛa ƒe ŋutsu la,
12
migakpɔ nublanui na nyɔnua kura o; milã eƒe asi ɖa le eŋu.
13
“Nudanu eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ wò kotoku me o.
14
Nudzidzenu eve ƒomevi, gãtɔ kple suetɔ, meganɔ aƒewò me o.
15
Nudanu nyuitɔ kple esi dze la ko nenɔ asiwò; eye nudzidzenu nyuitɔ kple esi dze la ko nenɔ asiwò, ale nànɔ agbe didi le anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la, tsɔ na wò la dzi.
16
Wɔ alea elabe Aƒetɔ, wò Mawu la, lé fu ame sia ame si baa ehavi.”
17
“Ɖo ŋku nu si Amalekitɔwo wɔ wò esime mieʋu tso Egipte gbɔna la dzi.
18
Womesi Mawu ɖa kura o. Esi wova tu wò le mɔ dzi, ɖeɖi te ŋuwò eye nègbɔdzɔ la, wotsrɔ̃ ame kudɔe siwo ŋu nu te, eye wotsi megbe la keŋkeŋ.
19
Eya ta ne èɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò dzi, be nàxɔ anyi edome, eye èvo tso wò futɔ siwo katã ƒo xlã wò la si me la, kpɔ gbɔ be yetsrɔ̃ Amalekitɔwo katã ɖa. Tsrɔ̃ wo keŋkeŋ ale be ame aɖeke nagaɖo ŋku wo dzi le xexeme ƒe afi aɖeke o. Mègaŋlɔ nya sia be o.”
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34