bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 31
Deuteronomy 31
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 32 →
1
Tete Mose yi eƒe nuƒoa dzi na Israelviwo katã
2
be: “Egbe la, mexɔ ƒe alafa ɖeka bla eve, eye nyemate ŋu agakplɔ mi o. Gawu la, Aƒetɔ gblɔ nam be nyematso Yordan-tɔsisi la o.
3
Aƒetɔ, mia Mawu la ŋutɔ adze mia ŋgɔ, eye wòatsrɔ̃ dukɔ siwo le afi ma ale be miate ŋu anɔ anyigba la dzi. Yosua anye mia kplɔla abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene.
4
Aƒetɔ atsrɔ̃ dukɔ mawo abe ale si wòɖu Sixon kple Og, siwo nye Amoritɔwo ƒe fiawo la dzi, eye wòtsrɔ̃ woƒe dukɔ ene.
5
Aƒetɔ ana miaɖu wo dzi. Miwɔ wo abe ale si megblɔ na mi ene la tututu.
6
Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu. Migavɔ̃ o; womegadzi ŋɔ na mi o elabe, Aƒetɔ, mia Mawu lae le zɔzɔm kpli mi. Maɖe asi le mia ŋu o, eye magblẽ mi ɖi o.”
7
Tete Mose yɔ Yosua, eye wògblɔ nɛ le Israelviwo katã ŋkume be: “Lé dzi ɖe ƒo eye nàsẽ ŋu. Wòe le dukɔ sia kplɔ ge ayi be wòaɖaxɔ anyigba si ŋugbe Aƒetɔ do na wo tɔgbuiwo la dzi. Wòe ana woaxɔ anyigba la wòazu wo tɔ.
8
Aƒetɔ ŋutɔ akplɔ wò, eye wòanɔ kpli wò. Maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o. Eya ta mègavɔ̃ o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o.”
9
Ale Mose ŋlɔ Mawu ƒe se la, eye wòtsɔe de asi na nunɔlawo kple Israel-me tsitsiwo katã. Nunɔlaawo nye Levitɔwo, eye woawoe tsɔa Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la.
10
Egblɔ na wo be: “Ne wole fe tsɔ ge ake le ƒè adrẽlia sia ƒe adrẽlia ƒe nuwuwu la, mina woaxlẽ se sia le Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui ɖuɣi.
11
Xlẽe sesĩe na Israel blibo la, ne wova Aƒetɔ, wò Mawu la subɔ ge le subɔƒe ɖeka si wòatia la.
12
Ƒo ƒu dukɔmetɔwo katã: ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzro siwo le wò duwo me la be wo dometɔ ɖe sia ɖe nasee, asrɔ̃e, eye woavɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la, awɔ seawo dzi pɛpɛpɛ anukwaretɔe.
13
Ale be woƒe dzidzimevi siwo menyae o la asee. Ale woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Aƒetɔ le miaƒe agbenɔɣi katã le anyigba si dzi yim miele le Yordan godo be miaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.”
14
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, wò kuɣi ɖo vɔ. Yɔ Yosua, ne miava godoƒegbadɔ la gbɔ, ne made dɔ asi nɛ.” Ale Mose kple Yosua yi ɖatsi tsitre ɖe agbadɔa gbɔ.
15
Tete Aƒetɔ ɖe eɖokui fia le alilikpo dodo aɖe si do ɖe agbadɔa ƒe mɔnu la me.
16
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, esusɔ vie ko àku ayi tɔgbuiwòwo gbɔ. Le wò ku megbe la, Israelviwo agblẽm ɖi, eye woatu nu, si mebla kpli wo la. Woatrɔ megbe adem, eye woayi aɖasubɔ anyigba si dzi yim wole la ƒe mawuwo.
17
Ekema mado dziku ɖe wo ŋu ɣe ma ɣi, agblẽ wo ɖi. Nyemanye kɔ akpɔ wo o eye woatsrɔ̃. Dzɔgbevɔ̃e geɖe adzɔ ɖe wo dzi, eye woakpe fu vevie. Woagblɔ le ɣe ma ɣi be: ‘Ɖe dzɔgbevɔ̃e siawo medzɔ ɖe mía dzi, elabe mía Mawu la mele mía dome oa?’
18
Ɣe ma ɣi la, nyematrɔ ɖe wo ŋu axɔ na wo akpɔ o, elabe wodze mawu bubuwo yome le subɔsubɔm, eye esia nye nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe ŋunye.
19
Azɔ la, miŋlɔ ha sia ɖi ne miafia Israel-dukɔ blibo la. Mina ha sia nanɔ wo nu woanɔ dzidzim, ne wòanye ɖasefo nam ɖe Israel-dukɔ ŋu.
20
Makplɔ wo ayi anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo si ŋu meka atam ɖo be matsɔe na wo tɔgbuiwo la dzi. Nuɖuɖu mahiã wo le afi ma o, woakpɔ lã me, eye woƒe dzi adze me. Ke woatrɔ megbe adem aɖanɔ mawu bubuwo subɔm. Woado vlom, eye woatu nu, si mebla kpli wo la.
21
Ne dzɔgbevɔ̃e geɖe kple fukpekpewo le dzɔdzɔm ɖe wo dzi la, ha sia anye nye ɖasefo ɖe wo ŋuti, elabe woƒe dzidzimeviwo madzudzɔ edzidzi akpɔ o. Esi mele nya sia gblɔm fifia gɔ̃ hafi makplɔ wo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi la, menya nu si le susu me na wo.”
22
Mose ŋlɔ ha la ɖi gbe ma gbe ke, eye wòfiae Israel-dukɔ la.
23
Tete Aƒetɔ ƒo nu kple Yosua, Nun vi la. Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu. Wòe akplɔ Israelviwo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi. Nye ŋutɔ manɔ kpli wò.”
24
Mose ŋlɔ Mawu ƒe se la tsitotsito ɖe agbalẽ me.
25
Esi wòŋlɔe vɔ la, egblɔ na nunɔla Levitɔawo, ame siwo tsɔa Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la be:
26
“Mitsɔ segbalẽ sia da ɖe Aƒetɔ, mia Mawu ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ɖasefo ɖe mia ŋu anɔ afi ma.
27
Elabe menya be tosẽlawo kple aglãdzelawo mienye. Nyemeku haɖe o, mele mia gbɔ, gake miele aglã dzem ɖe Aƒetɔ ŋu alea! Ekem ne meva ku ɖe, ale ke wòahanɔ?
28
Miƒo miaƒe toawo ƒe ame tsitsiwo kple dɔdzikpɔlawo katã nu ƒu ɖe ŋkunye me le afii, ne maku nya siawo ɖe to me na wo. Mayɔ dziƒo kple anyigba ne woanye nye ɖasefowo.
29
Menyae be le nye ku megbe la, miazu dukɔ vɔ̃ɖi godoo; miele asi ɖe ge le nu si mefia mi la ŋuti. Ekema dzɔgbevɔ̃e aɖi kpe mi le nuvɔ̃ɖi gbogbo siwo miava nɔ wɔwɔm la ta. Aƒetɔ ado dziku ɖe mia ŋu vevie.”
30
Tete Mose gblɔ ha la ƒe nyawo ɖe to me na Israel ƒe takpekpe blibo la va se ɖe esime nyaawo vɔ:
← Chapter 30
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 32 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34