bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 17
Deuteronomy 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 18 →
1
“Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si nane wɔ afi aɖe na la sa vɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la o; enye ŋunyɔnu nɛ.
2
“Àse le miaƒe du aɖe me be ŋutsu alo nyɔnu aɖe wɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu, eye wòtu eƒe nubabla la,
3
eye wòyi ɖasubɔ mawu bubu aɖe, abe ɣe, ɣleti alo dziŋgɔli ŋu nuwo ene, hede ta agu na wo.
4
Ne nya sia ɖi nèse le ame aɖe ŋu la, ka eme tsitotsito. Ne ele me tututu be ewɔ nuvɔ̃ɖi sia le Israel la,
5
ekema kplɔ ŋutsu alo nyɔnu sia yi dua godo ne miaɖaƒu kpee wòaku.
6
Ke hafi woaƒu kpee la, ele be ame eve alo etɔ̃ naɖi ɖase be nya la le eme vavã. Ame ɖeka megaɖi ɖase le eŋu ko woawui o.
7
Ɖasefoawo natre kpea ƒuƒui, eyome ameha blibo la asɔ ɖe eŋu aƒu kpee wòaku. Ɖe nuvɔ̃ɖi sia ɖa le dowòme.
8
“Anɔ me be amewunya, dzrewɔnya, avuwɔnya alo nya bubu aɖe dɔdrɔ̃ asesẽ na ʋɔnudrɔ̃la siwo le wò duwo me. Ne eva eme alea la, ekema yi mawusubɔƒe ɖeka ma si Aƒetɔ, wò Mawu la, atia la.
9
Nàtsɔ nya la aɖo nunɔla Levitɔwo kple ʋɔnudrɔ̃la si li le ɣe ma ɣi me la ŋkume, be woadrɔ̃ na wò.
10
Xɔ nyametsotso si woana le afi ma, eye wɔ nu si woadi tso asiwò be nàwɔ la pɛpɛpɛ.
11
Zɔ ɖe woƒe nyametsotsoa nu tututu; megadze ɖe miame alo ɖusime o.
12
Ne ame aɖe gbe nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotsoa la, woawui be nàɖe nuvɔ̃ɖi sia ɖa le Israelviwo dome.
13
Emegbe mina Israelviwo katã nasee, avɔ̃, ale be dzi magable wo dometɔ aɖeke wòawɔ nu ma tɔgbe azɔ o.”
14
“Ne èva ɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le na wò ge dzi, eye nèxɔe wòzu tɔwò, eye nètso duwo ɖe edzi vɔ la, adzro wò be nàɖo fia na ɖokuiwò abe dukɔ siwo ƒo xlã wò ene.
15
Kpɔ egbɔ be ame si nàɖo la nanye ame si Aƒetɔ, wò Mawu la, tia na wò la. Ele be amea nanye mia detɔ. Mègaɖo du bubu me tɔ, ame si menye nɔviwò la, fia ɖe nuwò o.
16
Sɔwo megasɔ gbɔ le fia la si o, eye megaɖo amewo ɖe Egipte be woayi ɖaƒle sɔwo vɛ na ye o, le esi Aƒetɔ gblɔ na mi be miekpɔ mɔ agagbugbɔ ava to mɔ sia dzi gbeɖe o la ta.
17
Fia la negaɖe srɔ̃ geɖe o, elabe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ana eƒe dzi aɖe ɖa le Aƒetɔ ŋu. Nenema ke klosalo kple sika geɖe hã meganɔ esi o.
18
“Ne fia la va zi dzi la, nena nunɔla Levitɔwo nagbugbɔ segbalẽ la aŋlɔ nɛ.
19
Agbalẽ sia anɔ esi wòanɔ xexlẽm le eƒe agbenɔɣi katã, ale be wòanya ale si wòavɔ̃ Aƒetɔ, eƒe Mawu la, eye wòate ŋu alé eƒe se kple ɖoɖo siawo katã me ɖe asi ahawɔ wo dzi.
20
Esia ana be mado eɖokui ɖe dzi abu be yenyo wu ye nɔvi Israelvi bubuawo, eye wòagbe toɖoɖo Mawu ƒe se la le mɔ aɖeke nu o. Ekema anɔ agbe aƒo wɔ ɖe aɖu ŋu, eye eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo siaa anɔ zi dzi eteƒe adidi le Israel-dukɔ me.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34