bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 14
Deuteronomy 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 15 →
1
“Aƒetɔ, mia Mawu la, viwo mienye. Eya ta ne miele konyi fam na ame kuku la, migasi ŋuti na mia ɖokui o. Migalũ ta kolikoli hã o.
2
Dukɔ kɔkɔe mienye na Aƒetɔ, mia Mawu la. Eya ŋutɔe tia mi tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi be mianye ye tɔ.”
3
“Mègaɖu naneke si nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ o.
4
Lãfɔne siwo nèkpɔ mɔ aɖu la woe nye: nyi, alẽ kple gbɔ̃,
5
zi, sẽ, fie, agamegbɔ̃, avugbɔ̃e, tò kple adzɔke.
6
Mikpɔ mɔ aɖu lãfɔne siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu ɖuna.
7
Lãfɔne siwo dzɔa nu ɖuna, gake woƒe afɔkli me mefe o la ŋu mekɔ o, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o. Woawoe nye: kposɔ, fɔmizi kple xɔfie.
8
Migaɖu ha o elabe togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu ɖuna o, eya ta eŋu mekɔ o. Migaɖu lãfɔne siawo ƒe lã o, eye migaka asi woƒe kukua gɔ̃ hã ŋu o.
9
“Miekpɔ mɔ aɖu tɔmelã siwo katã ŋu tsiléti alo tsro le la.
10
Ke tɔmelã siwo katã ŋu tsiléti alo tsro mele o la, ŋu mekɔ o, eya ta migaɖu wo o.
11
“Miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ.
12
Ke wo dometɔ siwo miekpɔ mɔ aɖu o lae nye: hɔ̃, akpo, gbagblaxetsu,
13
doɖi, aʋako kple ayisu ƒomeviwo.
14
Migaɖu akpavia ƒomevi aɖeke o.
15
Migaɖu tsatsaboli, sagbadre, tsalɛ kple xe ƒonu bubu ƒomevi vovovowo o.
16
Migaɖu ʋlukuku, favieʋuto, aŋɔɣi,
17
aluge, akaga, tsimesẽ,
18
damixe, ako ƒomevi vovovoawo, agudzixe kple drui o.
19
Nu dzodzoewo katã nye nu makɔmakɔwo eya ta migaɖu wo o.
20
Ke miekpɔ mɔ aɖu nu siwo katã dzona, eye womenye nu makɔmakɔwo o la ya.
21
“Migaɖu lã aɖe si ku le eɖokui si la o. Miate ŋu atsɔe na amedzro siwo le miaƒe du me alo adzrae na du bubuwo me tɔwo. Ke miawo la, Aƒetɔ, mia Mawu la, tɔ mienye. Dukɔ kɔkɔe mienye nɛ. “Migaɖa gbɔ̃vi le nɔa ƒe notsi me o.”
22
“Ɖe wò agblemenuwo ƒe ewolia ɖe aga ƒè sia ƒè.
23
Emegbe nàtsɔ wo ayi mawusubɔƒe ɖeka ma si Aƒetɔ, wò Mawu la, atia be woasubɔ ye le la. Nàɖu wò lu, ami, nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo, eye nàno wò wain le afi ma. Wɔ nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe akpa ewolia ŋudɔ na ɖokuiwò le afi ma ne nàtsɔ srɔ̃ ale si nàde bubu Aƒetɔ, wò Mawu la, ŋu ɣe sia ɣi.
24
Ke ne teƒe si Aƒetɔ, wò Mawu la, atia be woasubɔ ye le la didi akpa tso wò aƒe gbɔ ale be màte ŋu alɔ nuawo ayii o la,
25
ekema dzra wo eye nàtsɔ gaa yi mawusubɔƒe la.
26
Tsɔe ƒle nu sia nu si dze ŋuwò: nyi, alẽ, wain alo aha sesẽ. Tsɔe ƒle nu sia nu si dzro wò ko, eye wò kple wò aƒemetɔwo miɖu nu eye mikpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ, mia Mawu la, ŋkume le afi ma.
27
Mègagblẽ Levitɔ siwo le wò duwo me la ɖi ƒuƒlu o, elabe domenyinu aɖeke mele wo si o.
28
“Le ƒe etɔ̃ sia ƒe etɔ̃ megbe la, ɖe miaƒe agblemenu siwo nèŋe le ƒè etɔ̃lia ma me la ƒe akpa ewolia, eye nàdzra wo ɖo ɖe wò duwo me.
29
Nuɖuɖu ma nanye Levitɔwo tɔ, elabe womexɔ domenyinu aɖeke o. Amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosi siwo le wò duwo me la hã nava xɔ nuɖuɖu ma ƒe ɖe aɖu aɖi ƒo, ale be Aƒetɔ, wò Mawu la, nayra wò le wò asinudɔ siwo katã nèwɔna la me.”
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34