bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 21
Deuteronomy 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 22 →
1
“Ne wofɔ ame kuku aɖe le gbe me le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò dzi, eye womenya ame si wui o la,
2
ele be wò ame tsitsiwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo nayi ɖadzidze teƒe si ame kuku la le kple du siwo ƒo xlãe la dome.
3
Du si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ wu la me ame tsitsiwo nana nyinɔvi ɖeka si mewɔ dɔ kpɔ o la.
4
Ame tsitsiawo nakplɔ nyinɔvi la yi bali si me tɔ makumaku aɖe tsa to, afi si womede agble ɖo alo ƒã nu ɖo o la me, eye woaŋe kɔ le nyinɔvi la nu le afi ma.
5
Levitɔ nunɔlawo hã ayi afi ma elabe woawoe drɔ̃a dzrewɔnya kple avuwɔnya ɖe sia ɖe hetsoa nya me. Aƒetɔ, mia Mawu la, tia wo be woasubɔ ye, eye woabia yayra na ame le ye ŋkɔ me.
6
Du si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ wu la ƒe ame tsitsiawo katã aklɔ asi ɖe nyinɔvi si nu woŋe kɔ le la dzi
7
agblɔ be: ‘Menye míawoe wu ame sia o, eye míenya ame si wui hã o.
8
Aƒetɔ, tsɔ esia ke wò dukɔ Israel si nèxɔ ɖe agbe tso Egipte. Tsɔe ke eye mègabia ame si wu ame maɖifɔ sia ƒe hlɔ̃ mí o.’
9
Ne èdi be yeawɔ nu si Aƒetɔ di be nàwɔ la, ekema ɖe ʋu maɖifɔ ɖa le dowòme.
10
“Ne èkpe aʋa kple wò futɔwo, eye Aƒetɔ, wò Mawu la, na nèɖu wo dzi heɖe aboyo wo dometɔ aɖewo,
11
eye nèkpɔ nyɔnu dzetugbe aɖe le wo dome si ƒe nu nyo ŋuwò, eye nèdi be yeaɖee la,
12
ekema kplɔe yi aƒewò me. Na wòako ta, akpa fe,
13
aɖe awu si wòdo hafi wolée la ɖi, ado bubu. Eyome netsi aƒewò me, eye wòafa tɔ́a kple nɔa ɣleti ɖeka sɔŋ. Le esia megbe la, èkpɔ mɔ aɖee miazu srɔ̃tɔwo.
14
Ke ne nyɔnua ƒe nu megava nyo ŋuwò o la, àte ŋu aɖe asi le eŋu wòadzo ayi afi si wòlɔ̃. Esi nèzi edzi dɔ kplii ta la, mègakpɔ mɔ adzrae alo atsɔe wɔ wò kosii o.
15
“Ne ŋutsu aɖe ɖe nyɔnu eve, eye wo kple eve la siaa dzi viŋutsuwo nɛ, gake nyɔnu si melɔ̃na o la tɔe nye ŋutsua ƒe ŋgɔgbevi la,
16
ne ɣeyiɣi de wòle be wòama eƒe nunɔamesiwo na viawo la, mekpɔ mɔ atsɔ srɔ̃a si wòlɔ̃na wu la ƒe viŋutsu awɔ ŋgɔgbevii ɖe srɔ̃a si melɔ̃na o la ƒe viŋutsu teƒe o.
17
Esi srɔ̃a si melɔ̃na o la ƒe viŋutsue nye ŋgɔgbetɔ ta la, ele be wòama nuawo ale gbegbe be akpa si atu nyɔnu si melɔ̃na o ƒe ŋgɔgbevi nasɔ gbɔ wu nyɔnu si wòlɔ̃na la ƒe ŋgɔgbevi tɔ zigbɔzi eve. Eƒe alimevi gbãtɔe nye ŋutsuvi sia, eye etɔe nye domenyinu la le se nu.
18
“Ne viŋutsu dzeaglã, sẽto aɖe le ame aɖe si, si meɖoa to tɔ́a kple nɔa ƒe gbe o, wohe to nɛ ʋuu wòglo; egbe nusese.
19
Ne eva eme alea la, dzilaawo nelée yi dumemetsitsiwo gbɔ, eye woakplɔe yi dutakpeƒe.
20
Woagblɔ na ame tsitsiawo be: ‘Mía vi sia zu aglãdzela kple tosẽla; mesea míaƒe gbe o. Nu tsu ɖuɖu kple ahamumu koe nye eƒe dɔ.’
21
Ne wogblɔ nya sia vɔ la, dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku, ale be nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme. Israel katã nase nya sia eye vɔvɔ̃ naɖo wo.”
22
“Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ɖi aɖe si dze ku eye wowui, de ka ve nɛ tsi ɖe ati ŋu la,
23
mègagblẽ ame kukua ɖi ŋu nake o. Ɖii gbe ma gbe ke, elabe Mawu ƒo fi de ame si wode ka ve na heku ati. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò be nànyi eƒe dome la o.”
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34