bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 27
Deuteronomy 27
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 28 →
1
Tete Mose kple Israel-me tsitsiwo gblɔ na dukɔ la be: “Lé se siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi.
2
Gbe si gbe nètso Yordan-tɔsisi la, eye nèɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu le tsɔtsɔm na wò dzi la, tsɔ kpe gãwo tu tsitre, eye nàsi akalo na wo.
3
Ne èɖo anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo si Aƒetɔ, tɔgbuiwòwo ƒe Mawu la, le tsɔtsɔm na wò le tɔa godo, anyigba si ŋugbe wòdo na wò la dzi
4
la, tsɔ kpe siawo, siwo ƒe nya gblɔm mele na wò la tu ɖe Ebal-to dzi. Si akalo na wo.
5
Tsɔ kpe ɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ, wò Mawu la, ɖe afi ma. Gatsɔ ga yibɔ dɔwɔnu aɖeke ka kpeawo ƒe ɖeke ŋu o.
6
Tsɔ kpe blibowo sɔŋ, kpe siwo womeka afi aɖeke na o la ɖi vɔsamlekpuia, eye nàwɔ numemevɔsawo le edzi na Aƒetɔ.
7
Sa ŋutifafavɔ eye nàɖu nu, akpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ, wò Mawu la, ŋkume le afi ma.
8
Ŋlɔ Mawu ƒe seawo ƒe nya sia nya ɖe kpe siwo nèsi akalo na la dzi. Na nuŋɔŋlɔa me nakɔ nyuie.”
9
Eyome Mose kple nunɔla Levitɔawo gblɔ na Israel-dukɔ blibo la be: “Israel-dukɔ, ɖo to nàsee ɖa! Egbe la, ètrɔ zu Aƒetɔ, wò Mawu la, ƒe dukɔ,
10
eya ta ɖo to eƒe gbe, eye nàwɔ eƒe se kple ɖoɖo siwo gblɔm mele na wò egbe sia la dzi.”
11
Mose gblɔ na dukɔa gbe ma gbe ke be:
12
“Ne mietso Yordan-tɔsisi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim-to dzi ayra ame le dukɔa me la woe nye: Simeon, Levi, Yuda, Isaxar, Yosef kple Benyamin.
13
Ame siwo atsi tsitre ɖe Ebal-to dzi agblɔ fiƒodenyawoe nye: Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan kple Naftali.
14
Levitɔwo akɔ gbe dzi agblɔ sesĩe na dukɔ blibo la be:
15
“ ‘Ne ame aɖe wɔ aklama kpakpɛ alo me legba alo na aɖaŋudɔwɔla kɔ̀ legba aɖe nɛ wòle subɔsubɔm le bebeme la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
16
“ ‘Ne ame aɖe wɔ nu tsɔ klo bubu le tɔ́a alo nɔa ŋu la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
17
“ ‘Ne ame aɖe trɔ ehavi ƒe liƒo la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
18
“ ‘Ne ame aɖe kplɔ ŋkuagbãtɔ trae la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
19
“ ‘Ne ame aɖe te amedzro, tsyɔ̃evi alo ahosi ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
20
“ ‘Ne ame aɖe de asi tɔ́a srɔ̃ ŋu la, edo vlo tɔ́a eya ta neɖi amea ŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
21
“ ‘Ne ame aɖe dɔ kple lã aɖe la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
22
“ ‘Ne ame aɖe de asi nɔvia nyɔnu si nye tɔ́a vi alo nɔa vi ŋu la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
23
“ ‘Ne ame aɖe de asi lɔ̃xoa ŋu la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
24
“ ‘Ne ame aɖe wu ehavi le adzame la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
25
“Ne ame aɖe lɔ̃ wodɔe wòwu ame si mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, neɖi eŋu kpékpekpe! Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
26
“ ‘Ne ame aɖe melé se siawo me ɖe asi, eye wòwɔ wo dzi o la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34