bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 19
Deuteronomy 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 20 →
1
“Ne Aƒetɔ, mia Mawu la, tsrɔ̃ dukɔ siwo ƒe anyigba tsɔm wòle na mi eye mienyà wo ɖa vɔ hele woƒe duwo kple aƒewo me la,
2
tia du etɔ̃ le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la tsɔ na wò be wòanye tɔwò la dzi.
3
Ta mɔ yi duawo me. Ma anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la tsɔ na wò be wòanye tɔwò la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu ame la, wòate ŋu así ayi afi ma.
4
“Ɖoɖo si le ame si meɖo ame wu o la ƒe sísi yi afi ma be wòate ŋu atsi agbe ŋu lae nye esi: Ne ame aɖe wu ehavi, evɔ meɖoe wu o, eye womelé fu wo nɔewo hã tsã o,
5
le kpɔɖeŋu me, ame aɖe kple ehavi yi nake fɔ ge le ave me kple fía. Ehavia le nakea lãm kasia ko fíaa tu le atia me dze amea wòku. Ne edzɔ alea la, ekema amewula la ate ŋu así yi du siawo dometɔ ɖeka me eye wòatsi agbe.
6
Ne menye nenem o la, egbɔ adidi akpa na ame si wu ame. Ale be ne ame si dze abia hlɔ̃ do dɔmedzoe vevie ti eyome la, atui le mɔ ta ahawui. Evɔ la, medze be wòawui hafi o, elabe amewula la melé fu ame si wòwu la tsã o.
7
Esia tae mele se dem na wò be nàtia du etɔ̃ ɖo.
8
Ne Aƒetɔ, wò Mawu la, na wò anyigba keke ɖe nu, abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene, eye wòtsɔ anyigba blibo si ŋugbe wòdo na tɔgbuiwòwo la na wò la,
9
ekema tia du etɔ̃ bubuwo kpe ɖe gbãtɔ etɔ̃awo ŋu. Aƒetɔ atsɔ anyigba sia na wò ne èlé se si mede na wò egbe la me ɖe asi eye nèlɔ̃e hele zɔzɔm ɖe eƒe ɖoɖowo nu tegbee.
10
Miwɔ esia ne womagakɔ ame maɖifɔ ƒe ʋu ɖe wò anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò la dzi, eye woabu fɔ wò be nèdo hlɔ̃ o.
11
“Ne ame aɖe lé fu ehavi, eye wòɖo nugbe ɖe eŋu, de xa ɖi nɛ heƒo kuƒe nɛ wòku, emegbe wòsí yi du siawo dometɔ ɖeka me la,
12
ele be amewula la ƒe dumegãwo nadɔ ame ɖa woayi ɖakplɔ amewula la tso du si me wòsí yi la me vɛ, eye woatsɔe ade asi na hlɔ̃biala ne wòabia hlɔ̃e.
13
Migakpɔ nublanui nɛ kura o. Miɖe amewula sia ƒomevi ɖa atsɔ tútu ame maɖifɔ ƒe ʋu le Israelviwo dome bene nu nanyo na mi.”
14
“Le domenyinu si asu asiwò le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, tsɔ na wò be wòanye tɔwò dzi la, mègatrɔ hawòvi ƒe liƒo si tɔgbuiwo do ɖa ɖi tso blema ke la o.”
15
“Ɖasefo ɖeka megaɖi ɖase le ame aɖe ŋu ko woaxɔ eƒe nya atsɔ bu fɔ amea o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo etɔ̃ teti hafi woaxɔ nya la atsɔ wɔ dɔe.
16
Ne ame aɖe ka aʋatso ɖe ame aɖe si be ewɔ nu gbegblẽ aɖe la,
17
ekema wo kple evea siwo dome nyaa dzɔ ɖo la nayi Aƒetɔ ŋkume le nunɔla kple ʋɔnudrɔ̃la siwo le afi ma la gbɔ.
18
Ne ʋɔnudrɔ̃laawo dzro nyaa me tsitotsito, eye wokpɔ be ame ɖeka ka aʋatso ɖe ehavi Israelvi si la,
19
ekema mina tohehe si aʋatsoɖaseɖila la di be yeahe va ye havia dzi hafi la, eya ŋutɔ. Wɔ alea ne nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.
20
Ame sia ame ase nu si dzɔ, eye vɔvɔ̃ aɖo wo ale be womagawɔ nuvɔ̃ɖi sia tɔgbe azɔ o.
21
Mègakpɔ nublanui na ame aɖeke le nya siawo tɔgbe me o. Tohehea nenye agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, eye afɔ ɖe afɔ teƒe.”
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34