bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 20
Deuteronomy 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 21 →
1
“Ne èho aʋa ɖe wò futɔwo ŋu, eye nèkpɔ be woƒe sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔwo sɔ gbɔ wu tɔwòwo la, mègavɔ̃ o. Aƒetɔ, wò Mawu si kplɔ wò tso Egipte la li kpli wò.
2
Hafi miakpe aʋa kple futɔwo la, nunɔla aɖe nedo yi aʋakɔ la ŋgɔ eye wòagblɔ na wo be,
3
‘Israel, see! Egbe la, miele hoho ge ayi aʋa. Migavɔ̃ miaƒe futɔwo o; dzi megaɖe le mia ƒo o; dzidzi megaƒo mi o eye futɔawo megadzi ŋɔ na mi o,
4
elabe Aƒetɔ, mia Mawu la, ayi kpli mi. Awɔ aʋa kple miaƒe futɔwo eye wòaɖu wo dzi na mi.’
5
Ekema aʋakplɔlawo agblɔ na aʋakɔ la be, ‘Ɖe ame aɖe le mia dome si tu xɔ yeye eye mekɔ eŋu, ʋu yi eme haɖe oa? Ne ame aɖe li la, negbugbɔ yi aƒe. Ne menye nenem o la, ne etsi aʋa la, ame bubu akɔ xɔa ŋu, aʋu yi eme.
6
Ɖe ame aɖe le mia dome si de waingble, eye meɖu eme nu aɖeke haɖe oa? Ne ɖe li la, negbugbɔ yi aƒe. Ne menye nenem o la, ne etsi aʋa la, ame bubu koe laɖu agblea me nu.
7
Ɖe ame aɖe le mia dome si bia nyɔnu ta, eye mekpɔ ɖee haɖe oa? Ne ame aɖe li la, negbugbɔ yi aƒe. Ne menye nenem o, ne etsi aʋa la, ame bubu koe laxɔ nyɔnua aɖe.’
8
Aʋakplɔlaawo agayi dzi be: ‘Ɖe ame aɖe le mia dome si le vɔvɔ̃ma? Ne ame aɖe li la, negbugbɔ yi aƒe, ne menye nenem o, ava de vɔvɔ̃ lã me na wo tɔwo.’
9
Ne aʋakplɔlaawo ƒo nu kple aʋakɔ la vɔ la, ekema woaɖo aʋafiawo aʋakɔ la nu.
10
“Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu, eye nègogoe la, bia tso emenɔlawo si be woana ta.
11
Ne wolɔ̃ na ta kpoo eye woʋu woƒe agbo na wò la, ekema zi wo katã dzi ne woanɔ dɔ wɔm na wò abe kluviwo ene.
12
Ke ne wogbe be yewomana ta o, eye woho aʋa ɖe ŋuwò la, ekema ƒo xlã dua.
13
Ne Aƒetɔ, wò Mawu na nèxɔ dua la, wu ŋutsu siwo katã le eme la kple yi.
14
Ke kplɔ woƒe nyɔnuwo, ɖeviwo kple lãwo, eye nàha nu bubu siwo katã le dua me la na ɖokuiwò. Wɔ aboyonu siwo Aƒetɔ, wò Mawu la na wò la ŋudɔ faa.
15
Aleae nàwɔ du siwo katã didi tso gbɔwò, eye womenye dukɔ siwo le afii ƒe duwo o la, hã.
16
Ke le du siwo le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la le tsɔtsɔm na wò dzi la, miwu ame sia ame le wo me.
17
Mitsrɔ̃ Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo keŋkeŋ abe ale si Aƒetɔ, wò Mawu la gblɔ na wò be nàwɔ ene.
18
Miwu wo keŋ ale be womaganɔ anyi afia ŋunyɔnu siwo wowɔna na woƒe mawuwo la wɔwɔ mi ne miawɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu o.
19
“Ne èle aʋa wɔm kple du aɖe be yeaxɔe, eye nèle aʋaa dzi eteƒe didi la, mègatsɔ fía mu kutsetseti siwo le dua me o. Èkpɔ mɔ agbe atiawo ƒe tsetse faa; ke mègalã atiawo ŋutɔ ƒu anyi o. Agblemeti menye ame aho aʋa ɖe ame ŋu o.
20
Ke àte ŋu agblẽ ati siwo ƒe tsetse womeɖuna o la. Miate ŋu alã wo atsɔ ƒu kpo ɖe dua ŋu va se ɖe esime nàɖu dzi, axɔ dua.”
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34