bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 8
Deuteronomy 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 9 →
1
“Milé se siwo katã mede na mi egbea la me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, ne mianɔ agbe, adzi ɖe edzi, eye miayi aɖaxɔ anyigba si Aƒetɔ ka atam be yeana mia tɔgbuiwo la.
2
Ɖo ŋku mɔ didi si miezɔ ƒe bla ene sɔŋ to gbedadaƒo la dzi. Aƒetɔ, wò Mawu la kplɔ wò alea be yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ado wò kpɔ, ne yeanya nu si le wò dzime, eye yeakpɔ ɖa be àwɔ yeƒe seawo dzi loo, alo màwɔ wo dzi o mahã.
3
Ebɔbɔ wò ɖe anyi, na dɔ wu wò, eye wòna mana si miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo siaa mieɖu kpɔ o la mi mieɖu. Ewɔ esia be yeatsɔ afia wò be mele be amegbetɔ naɖo ŋu ɖe nuɖuɖu ko ŋu be eyae na yele agbe o, ke nya sia nya si Aƒetɔ gblɔ la boŋ ye na yele agbe.
4
Le ƒe bla eneawo me la, awu mevuvu le ŋuwò o, eye wò afɔ mete o.
5
Eya ta nàse egɔme nyuie be ale si vi tɔ́ hea vii, fia nunyae la, nenema tututu Aƒetɔ, wò Mawu la wɔ na wò.
6
Azɔ la, wɔ Aƒetɔ ƒe nya dzi. Lé eƒe seawo me ɖe asi, eye nàvɔ̃e.
7
Aƒetɔ, wò Mawu la kplɔ wò yina anyigba nyui aɖe dzi. Tɔʋuwo, vudowo kple ta, siwo dzɔ tso towo dzi kple baliwo me la bɔ ɖe edzi.
8
Anyigba sia nyo na lu kple mɔli, wainka, gboti, yevuboɖati kple amiti, eye anyitsi hã le edzi.
9
Dɔ mawu wò le afi ma gbeɖe o, eye naneke mahiã wò o. Ga yibɔ le eƒe kpewo me, eye miaku akɔbli tso eƒe togbɛwo hã me.
10
Àɖu nu aɖi ƒo, eye àkafu Aƒetɔ, wò Mawu la le anyigba nyui si wòna wò la ƒe nyonyo ta.
11
“Kpɔ nyuie be màgaŋlɔ Aƒetɔ, wò Mawu la be, eye nàgbe eƒe ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo siwo megblɔ na wò la dzi wɔwɔ o.
12
Ne èɖu nu ɖi ƒo, tu xɔ nyuiwo le wo me,
13
wò nyihawo kple alẽwo dzi ɖe edzi, klosalo kple sika su asiwò si fũu, eye nunɔamesi bubuwo hã dzi ɖe edzi na wò la,
14
kpɔ nyuie ne màgado ɖokuiwò ɖe dzi aŋlɔ Aƒetɔ, wò Mawu la be o. Ɖo ŋui be eyae xɔ wò ɖe agbe tso Egipte, afi si nènye kluvi le kpɔ la.
15
Mègaŋlɔ eya ame si kplɔ wò to gbedadaƒo dziŋɔ gã la, si da vɔ̃ kple dziɖegbe nɔ la be o. Togbɔ be tsi vena vevie le afi ma hã la, ena tsi do tso kpe sesẽwo me.
16
Eyae tsɔ mana si miawo kple mia tɔgbuiwo mienya o la na wò nèɖu le gbedadaƒo la. Eyae bɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòdo wò kpɔ be yeava wɔ nyui ɖe enu na wò emegbe, eya ta migaŋlɔe be o.
17
Mègabu be ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ kple ŋutetee yetsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe o.
18
Ke boŋ ɖo ŋku edzi be Aƒetɔ, Mawu lae na ŋusẽ wò be nète ŋu kpɔ kesinɔnuawo. Ewɔ esia be yeaɖee afia be yemeŋlɔ nu, si yebla kple tɔgbuiwòwo la be o, ke boŋ eya dzi wɔm yele egbe gɔ̃ hã.
19
Ne èŋlɔ Aƒetɔ, wò Mawu la be, dze mawu bubuwo yome hesubɔ wo la, mele egblɔm na mi egbea be miatsrɔ̃ avɔ ɖa keŋkeŋ.
20
Ne miegbe toɖoɖo Aƒetɔ la, atsrɔ̃ mi abe ale si wòle dukɔ siwo le mia ŋgɔ la tsrɔ̃ ge ɖa ene.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34