bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 32
Deuteronomy 32
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 33 →
1
“Miɖo to, dziƒowo, mele nu ƒo ge. Anyigba, se nye numenyawo.
2
Nye nufiafia le dzadza ge abe tsi ene; eye nye nyawo le hehlẽ ge abe zãmu ene. Woanɔ abe tsie nyɔ́ ɖe gbe fɛ̃ dzi ene, abe agbafie ɖe amagbe dzi ene.
3
Mele Aƒetɔ ŋkɔ kafu ge, eye eƒe amewo aƒo nu le mía Mawu ƒe nu dzɔtsu wɔwɔ ŋu!
4
“Enye agakpe, eƒe dɔwɔwɔwo de blibo elabe eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nye nyateƒetɔ; alakpa mele eme o. Nuteƒewɔla, dzɔdzɔetɔ wònye.
5
Gake mi viawo miewɔ nu tovo ɖe eŋu, miezu ŋukpenanuwɔlawo eya ta mieganye viawo azɔ o. Dzidzime baɖa, gbegblẽ mienye.
6
Dukɔ dzɔlã, bometsila, aleae miawɔ ɖe Aƒetɔ ŋua? Alo menye eyae nye tɔ́ si wɔ wò oa? Ɖe menye eya ŋutɔe wɔ wò nèzu dukɔ oa?
7
Ɖo ŋku nya siwo dzɔ gbe aɖe gbe dzi, bu tame le blematɔwo ŋu. Bia tɔ́wò ne wòato nyawo na wò, eye nàbia wò amegãɖeɖiwo ne woagblɔ blemanya na wò.
8
Esi Dziƒoʋĩtɔ má anyigba na dukɔwo eye wòkaka amegbetɔviwo dome la, edo liƒo na dukɔwo keŋ, ɖe ale si Mawu viwo sɔ gbɔe nu.
9
Ke etia Yakob ƒe dzidzimeviwo na eɖokui, be woanye ye ŋutɔ ye tɔ.
10
“Efɔ wo le kegbegbe, le gbedadaƒo; afi si yaƒoƒo kplɔ ƒiaƒiaƒia. Ekpla asi kɔ na wo eye wòkpɔ wo dzi, lé be na wo abe eya ŋutɔ ƒe ŋkuvi ene.
11
Ale si hɔ̃ dea dzo lã me na viawo, be woate ŋu adzo, eye wòsaa agba le viawo dzi, ale si wòkekea eƒe aʋala me, eye wòkɔa wo ɖe dzi la,
12
nenemae Aƒetɔ ɖeɖe kplɔ Israelviwoe. Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.
13
Ena woɖu anyigba kɔkɔwo dzi, eye wòna woɖu gbemekutsetsewo. Ena anyitsi do tso agakpe me wono, eye wòna ami do tso kpe sesẽwo me.
14
Ena woƒe nyiwo kple alẽwo na notsi kpekẽ wo fũu. Woƒe alẽviwo, agbowo, nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo na lãmi wo zã. Ena bli do ku na wo, eye wòna wain nyuitɔ wo wono.
15
“Aƒetɔ ƒe amewo va zu kesinɔtɔwo; ke wodze aglã ɖe eŋu. Woda ami, klã, eye wokpɔ lã me. Wogblẽ Mawu, wo Wɔla ɖi, eye wodo vlo eya, agakpe si xɔna na wo la.
16
Woƒe mawu bubuwo subɔsubɔ na Mawu ƒe ŋuʋaʋã ho; woƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ do dziku nɛ.
17
Wosa vɔ na trɔ̃ siwo nye nu dzodzrowo. Wosa vɔ na mawu siwo womenya kura o. Wosa vɔ na mawu yeye totoewo gɔ̃. Evɔ la, wo tɔ́wo mebua mawu siawo ɖe naneke me hafi o.
18
Mieɖe ŋu ɖi le miaƒe Xɔnametɔ, agakpe si dzi mi la ŋu. Mieŋlɔ Mawu si ƒe dɔ me miedzɔ tso la be.
19
“Esi Aƒetɔ kpɔ esia la, edo dziku, eye wògbe via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo.
20
Egblɔ be: ‘Nyemagakpe ɖe wo ŋu azɔ o, ne makpɔ nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ɖa, elabe dzidzime gbegblẽ, mawɔnuteƒe wònye.
21
Wotsɔ nu maɖimawuwo ho ŋuʋaʋã le menye, eye wotsɔ legbawo do dzikui nam. Eya ta nye hã matsɔ ame maɖidukɔwo aho ŋuʋaʋã ɖe wo me, eye matsɔ dukɔ dzɔmovi ado dzikui na wo.
22
Elabe nye dɔme lé dzo le bibim; ele bibi ge ade keke tsiẽƒe ke. Afiã anyigba kple nu siwo wɔna le edzi, eye wòafiã keke towo ƒe agunu ke hã.
23
“ ‘Malɔ dzɔgbevɔ̃ewo katã ali kɔ ɖe wo dzi, eye mada nye aŋutrɔwo katã ɖe wo ŋu.
24
Dɔ awu wo ate wo ŋu, eye asrã kple dɔ vɔ̃ atsrɔ̃ wo. Madɔ lã wɔadãwo ɖa woalé wo aɖu; mana da vɔ̃ɖiwo aɖu wo.
25
Ame atsi yi nu le aʋa me le ablɔwo dzi, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Ɖekakpui kple ɖetugbiwo aku; vidzĩwo kple ame tsitsi taɣiwo gɔ̃ mado le eme o.
26
Ɖe medi be matsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ, ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi le amegbetɔwo dome o hafi.
27
Ke nyemedi be woƒe futɔwo nado dziku nam o, eye woƒe ketɔwo nagblɔ dàdatɔe be yewoe ɖu nye dukɔ dzi, eye menye nye Aƒetɔ ŋutɔe wɔ wo vevie nenema o!’ ”
28
“Israel-dukɔ menyaa nu o, eye mesea nu gɔme o.
29
Ɖe wònye nunyalawo wonye la, anye ne wose nu sia gɔme, eye woabu nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu.
30
Ale ke ame ɖeka ate ŋu aɖu ame akpe dzi, eye ame eve pɛ ate ŋu aɖu ame akpe ewo dzi? Mawu, woƒe Xɔnametɔ lae gblẽ wo ɖi; Aƒetɔ ŋutɔe tsɔ wo de asi tae.
31
Elabe woƒe futɔwo ŋutɔ tso nya me, be ŋusẽ mele yewoƒe mawuwo ŋu abe mía tɔ ene o.
32
Evɔ woƒe futɔwo gblẽ abe Sodom kple Gomora duwo ene. Wole abe waintsetse siwo nye aɖi, eye wo me tsi vena ene.
33
Wogale abe wain si wotsɔ da ƒe aɖi wɔ ene.”
34
“Aƒetɔ ƒe ŋku le nu si wowɔ la dzi; ele lalam na tohegbe.
35
Aƒetɔ abia hlɔ̃, eye wòahe to gbe si gbe wodze anyi. Wo tsrɔ̃ɣi le aƒe tum, eye nu si woɖo ɖe wo ŋu la, le edzi ɖo ge kpata.
36
Elabe Aƒetɔ atso afia na eƒe dukɔ, eye wòave eƒe dɔlawo nu, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le wo ŋu, eye gameme alo ablɔɖevi aɖeke megali o.
37
Ekema Aƒetɔ abia eƒe dukɔ be: ‘Afi ka miaƒe mawuawo le? Xɔnametɔ si ŋu miele ŋu ɖom ɖo la ɖe?
38
Miaƒe vɔsa ƒe amiɖulawo kple miaƒe nunonovɔsa ƒe wainnolawo ɖe? Wonetsi tsitre ne woaxɔ na mi, eye woakpɔ mia tae!
39
“ ‘Miele ekpɔm azɔ be nye, mebe nye ɖeka koe li, eye mawu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee. Medea abi ame ŋu, eye meyɔa dɔe. Naneke mate ŋu aɖe ame tso asinye me o.
40
Elabe medo nye asi ɖe dzi heka atam be zi ale si menya le agbe ko la,
41
manyre nye yi dadzo la, eye made asi tohehe me. Mabia hlɔ̃ nye futɔwo, eye maɖo eteƒe na nye ketɔwo.
42
Mana nye aŋutrɔwo ano ʋu amu, eye nye yi aɖu lã. Ame tsiaʋawo kple aboyomewo ƒe ʋue woano! Futɔwo ƒe kplɔlawo ƒe tatɔwo ƒe lãe woaɖu.’
43
“Dukɔwo, mikpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ƒe dukɔ ŋu elabe ebia hlɔ̃ ame siwo katã wu wo. Ebia hlɔ̃ eƒe futɔwo eye wòtsɔ nuvɔ̃ ke eƒe dukɔ.”
44
Mose kple Yosua, Nun vi la, va gblɔ ha sia ƒe nyaawo sesĩe be Israelviwo katã nase.
45
Esi Mose gblɔ nya siawo katã na dukɔa vɔ la,
46
egblɔ na wo be: “Milé nya siawo katã siwo megblɔ na mi tsitotsito egbe la me ɖe asi goŋgoŋ. Mide wo mia viwo si, ne woalé seawo me ɖe asi, awɔ wo dzi.
47
Nya siawo la, menye nya gbɔlo wonye na mi o; miaƒe agbe kekeake wonye. Eya ta miwɔ wo dzi ne mianɔ agbe didi le anyigba si xɔ ge mieyina le Yordan godo be wòanye mia tɔ la dzi.”
48
Gbe ma gbe ke la, Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
49
“De Abarim-togbɛka dzi le Moab-nyigba dzi le Yerixo kasa. Lia Nebo-to, eye nàkpɔ Kanaan-nyigba si tsɔ ge mala na Israelviwo la ɖa.
50
Èle kuku ge le to sia dzi ayi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron hã ku le Xor-to dzi heyi tɔgbuiawo gbɔ ene.
51
Anɔ na wò hã alea, elabe mi ame evea miewɔ nuteƒe nam le Israelviwo ŋkume o. Esi miegogo Kades le Zin-gbedadaƒo, eye mienɔ dzrewɔtsi la gbɔ la, miede bubu ŋunye le Israelviwo ŋkume o.
52
Ànɔ adzɔge akpɔ anyigba la ɖa ya, ke màɖo afɔ anyigba si mele tsɔtsɔ ge na Israelviwo la dzi akpɔ o.”
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 33 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34