bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 30
Deuteronomy 30
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 31 →
1
“Ne nu siawo katã va eme na wò, yayraa kple fiƒodea, siwo metsɔ ɖo ŋkuwò me, eye nèɖo ŋku wo dzi le dukɔ siwo katã dome Aƒetɔ, wò Mawu la nyà wò ɖo ɖa la me,
2
eye nètrɔ ɖe Aƒetɔ ŋu, wò kple viwòwo, eye mieɖo to eƒe gbe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me la,
3
ekema Aƒetɔ, wò Mawu la, agagbugbɔ wò nunyonamewo aɖo te, eƒe dɔme atrɔ ɖe ŋuwò eye woaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome Aƒetɔ, wò Mawu la, kaka mi hlẽ ɖo la.
4
Ne keke xexea me ƒe seƒe ke wòkaka mi ɖahlẽ ɖo hã la, aƒo mia nu ƒu, akplɔ mi tso afi ma agbɔe,
5
ale be Aƒetɔ, wò Mawu la akplɔ wò ava anyigba si tɔgbuiwòwo xɔ la dzi, ale be nàxɔe. Awɔ nyui na wò wu tɔgbuiwòwo, eye wòana nàdzi asɔ gbɔ fũu wu woawo gɔ̃ hã.
6
Aƒetɔ, wò Mawu la, atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo ale be mialɔ̃e kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye mianɔ agbe.
7
Ana fiƒode siawo katã ava wò futɔwo kple ketɔ siwo ti yowòme la dzi.
8
Ke wò la, gaɖo to Aƒetɔ, wò Mawu la ƒe gbe, eye nàwɔ se siwo katã mede na wò egbe la dzi.
9
Aƒetɔ, wò Mawu la, ana nu siwo katã nèwɔna la adze dzi nyuie. Ana viwòwo, wò lãhawo, wò agblemenuwo kple wò kesinɔnuwo asɔ gbɔ ɖe edzi. Aƒetɔ agakpɔ dzidzɔ le ŋuwò, awɔ nyui na wò, abe ale si wòwɔ na tɔgbuiwòwo ene.
10
Elabe èɖo to Aƒetɔ, wò Mawu ƒe gbe, lé se kple ɖoɖo siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi, eye nètrɔ ɖe eŋu tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.
11
“Elabe se si dem mele na wò egbe la, menye nane si gɔmesese sesẽ o. Mele didiƒe tso gbɔwò hã o.
12
Menye dziƒo wòle, ne woabia be: ‘Ame ka ayi dziƒo aɖatsɔe vɛ na mí míase, awɔ edzi mahã?’ o.
13
Mele ƒu godo, ne woabia be: ‘Ame ka atso ƒu ayi ɖatsɔe vɛ na mí míase awɔ edzi mahã?’ o.
14
Ao. Nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie. Ele wò nu me; ele wò dzime be nàte ŋu awɔ edzi.
15
“Kpɔ ɖa, egbe la metsɔ agbe kple dzɔgbe nyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e le ŋkuwò me ɖom be nàtia.
16
Ne èse Aƒetɔ, wò Mawu ƒe se siwo dem mele na wò egbe, ne èlɔ̃e, zɔ eƒe mɔwo dzi, eye èlé eƒe se, ɖoɖo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema ànɔ agbe adzi fũu. Aƒetɔ, wò Mawu la, ayra wò le anyigba si dzi yim nèle be nàɖaxɔe la dzi.
17
Ke ne ègbugbɔ le yonyeme, gbe toɖoɖom, eye èna woflu wò ale be nède ta agu na mawu bubuwo hesubɔ wo la,
18
àtsrɔ̃ avɔ kokoko. Nyee le gblɔm na wò fifi laa. Mànɔ agbe didi le anyigba si dzi yim nèle be nàɖaxɔe le Yordan godo la dzi o.
19
Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbe. Mele dziƒo kple anyigba yɔm be woanye nye ɖasefowo. Eya ta mitia agbe, be mi kple miaƒe dzidzimeviwo mianɔ agbe.
20
Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la. Ɖo toe, eye nàku ɖe eŋu elabe eyae nye wò agbe, be nànɔ agbe didi le anyigba si ŋu Aƒetɔ ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo, Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ na wo la dzi.”
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34