bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 9
Deuteronomy 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 10 →
1
“Israel-dukɔ, ɖo to nàsee! Egbe la, èle Yordan-tɔsisi la tso ge ayi aɖaxɔ dukɔ siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò la ƒe anyigba. Èle woƒe du siwo lolo eye wo ŋu gliwo kɔ ɖatɔ keke dziŋgɔli ke la hã xɔ ge.
2
Dukɔa me tɔwo nye ame kɔkɔ, sesẽwo; Enak viwo, ame siwo ŋu amewo gblɔna le be: ‘Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe Enak viwo nu?’
3
Ke egbe la, wò ŋutɔ èle ekpɔ ge be Aƒetɔ, wò Mawu la dze ŋgɔwò abe dzobibi ene yi tɔa godo. Eya ŋutɔ aɖu wo dzi le ŋgɔwò ale be ànyà wo ɖa, atsrɔ̃ wo kaba ŋutɔ abe ale si wòdo ŋugbe na wò ene.
4
“Ne Aƒetɔ, wò Mawu la nyà ameawo ɖa le ŋgɔwò la, mègasusu be yeƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ tae wòkplɔ ye vɛ be yeava xɔ anyigba la o. Menye nenemae kura o; ke boŋ woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tae Aƒetɔ ɖo be yeanyà wo ɖa le ŋgɔwò ɖo.
5
Menye esi nèwɔa nu dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ tae Aƒetɔ na nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòazu tɔwò ɖo o. Ke boŋ ele wo nyà ge ɖa le ŋgɔwò le dukɔa ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta kple esi Mawu ɖoe be yeawɔ ŋugbe si yedo na tɔgbuitɔgbuiwòwo, Abraham, Isak kple Yakob, la dzi tae.
6
“Eya ta eme nekɔ na wò nyuie be menye miaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta Aƒetɔ, mia Mawu la ɖoe be yeatsɔ anyigba nyui la na wò wòazu tɔwò ɖo o, elabe dukɔ sẽto nènye.
7
Ale si nèdo dɔmedzoe na Aƒetɔ, wò Mawu la le gbedadaƒo la la, nenɔ ŋku dzi na wò ɖaa. Tso gbe si gbe mieʋu tso Egipte ke va se ɖe esime mieva afii la, miedzea aglã ɖe Aƒetɔ ŋu.
8
Le Xoreb gbɔ gɔ̃ hã la, miedo dɔmedzoe na Aƒetɔ. Dzi kui vevie ɖe mia ŋu, wòdi be yeatsrɔ̃ mi.
9
Esi meyi to la dzi be maxɔ kpe siwo dzi woŋlɔ nu, si Aƒetɔ bla kpli mi ɖo la, metsi afi ma ŋkeke bla ene, zã bla ene, numaɖumaɖu, tsimanomano.
10
Azɔ Aƒetɔ tsɔ kpe eve siwo dzi eya, Mawu, ŋutɔ tsɔ asibidɛ ŋlɔ nya siwo katã wògblɔ na mi tso dzo la me gbe si gbe miekpe ta le toa gbɔ.
11
Le ŋkeke bla ene, zã bla ene la megbe la, Aƒetɔ tsɔ kpe eveawo, siwo dzi woŋlɔ nublanyawo ɖo la nam.
12
Tete Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Netsɔ nàɖi kaba ayi, elabe wò ame siwo nèkplɔ tso Egipte la wɔ nu tovo. Woɖe asi le se si mede na wo la ŋu gɔ̃ xoxo eye wokɔ̀ legba na wo ɖokui.’
13
“Aƒetɔ gagblɔ nam be: ‘Edze nam ƒãa be ame dzeaglãwoe nye ame siawo.
14
Ɖe asi le ŋunye ne matsrɔ̃ wo. Meɖoe be matsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ le xexea me ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi akpɔ o. Azɔ mawɔ wò nazu dukɔ si asesẽ, eye nasɔ gbɔ wu wo.’
15
Ale metrɔ heɖi tso toa dzi, lé nubabla ƒe kpe eveawo ɖe asi. Le ɣeyiɣi sia me la, dzobibi nɔ dzi dem le toa gbɔ.
16
Ke mekpɔ be miewɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu gɔ̃ xoxo, elabe mietu nu, si miebla kple Aƒetɔ, eye miekɔ̀ legba si le nyivi ƒe nɔnɔme la na mia ɖokui.
17
Ale, le mia ŋkume, mekɔ kpe eve siwo melé ɖe asi la xlã ɖe anyi wogbã enumake.
18
Tete megadra ɖe anyigba tsyɔ mo anyi ɖe Aƒetɔ ŋkume abe tsã ene, ŋkeke bla ene, zã bla ene, numaɖumaɖu, tsimanomano. Mewɔ esia elabe miewɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu tsɔ do dziku nɛ.
19
Dziku si Aƒetɔ do ɖe mia ŋu la dzi ŋɔ nam ŋutɔ, elabe dzi kui ale gbegbe be wòdi be yeatsrɔ̃ mi, ke Aƒetɔ gase nye kukuɖeɖe le ɣe ma ɣi me hã.
20
Aƒetɔ do dziku ɖe Aron hã ŋu ŋutɔ be yeawui; ke meɖe kuku ɖe eya hã ta ɣe ma ɣi ke.
21
Mexɔ nyivilegba si miekɔ̀, eye wònye nuvɔ̃ la de dzo me. Metui wòme, zu wɔ, eye melɔe kɔ ɖe tɔʋu si sí tso toa dzi la me.
22
“Miegado dɔmedzoe na Aƒetɔ le Tabera, Masa kple Kibrot-Hatava hã.
23
Azɔ esi Aƒetɔ dɔ mi le Kades-Barnea be miyi ɖaxɔ anyigba si wòna mi be wòazu mia tɔ la, miedze aglã ɖe eŋu. Mieɖo ŋu ɖe eŋu alo se eƒe gbe o.
24
Tso esime menya mi va se ɖe fifi la, aglã ko miedzena ɖe Aƒetɔ ŋu.
25
“Medra ɖe anyigba, tsyɔ mo anyi le Aƒetɔ ŋkume nenema ʋuu ŋkeke bla ene, zã bla ene, elabe Aƒetɔ ɖoe be yeatsrɔ̃ mi.
26
Tete medo gbe ɖa nɛ be: ‘Aƒetɔ Mawu, dukɔ sia la, wò ŋutɔ tɔwòe; mègatsrɔ̃e o. Wò ŋutɔe xɔe ɖe agbe to nu dzɔtsu wɔwɔ me, eye nèkplɔ wo kple wò ŋusẽsi la tso Egipte.
27
Ɖo ŋku wò dɔlawo Abraham, Isak kple Yakob dzi, ne nàɖe kɔ ɖa le dukɔ sia ƒe tosesẽ, nuvɔ̃ɖi wɔwɔ kple woƒe nuvɔ̃ ŋu.
28
Ne menye nenema o la, Egiptetɔwo agblɔ be wò amewo kpɔkplɔ yi anyigba si ŋugbe nèdo na wo la dzi glo wò. Woagblɔ hã be ɖeko nèkplɔ wò dukɔ la yi gbedadaƒoe be yeaɖawu elabe elé fu wo.
29
Evɔ la, wò ŋutɔ wò dukɔe, eye nètsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò ŋusẽsi la kplɔ wo dzoe le Egipte hafi.’
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34