bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 28
Deuteronomy 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 29 →
1
“Ne èɖo to Aƒetɔ, wò Mawu ƒe gbe pɛpɛpɛ, lé eƒe se siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi pɛpɛpɛ eye nèwɔ wo dzi la, Aƒetɔ, wò Mawu la, awɔ wò nàde ŋgɔ wu dukɔwo katã le xexea me.
2
Ne èɖo to Aƒetɔ, wò Mawu ƒe gbe la, yayra siwo katã gbɔna la anɔ dziwò, eye agbenɔnɔ adze edzi na wò.
3
Woayra wò le du me, eye wòayra wò le agble me.
4
Aƒetɔ ayra wò ŋutɔ viwòwo, wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo; woayra wò nyinɔwo woadzi fũu, eye wò alẽviwo asɔ gbɔ zã.
5
Woayra wò kusi kple amɔwɔze.
6
Ne èle aƒe la, woayra wò, eye ne èyi nugbe hã, woayra wò.
7
“Aƒetɔ aɖu wò futɔ siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la dzi le ŋkuwò me. Mɔ ɖeka dzi woato ava, ke mɔ adrẽ dzi woato así le nuwò.
8
Aƒetɔ ayra wò dɔwɔwɔwo katã, eye nu ayɔ wò ava taŋ. Ayra wò le anyigba si tsɔm wòle na wò la dzi.
9
Ne èlé Aƒetɔ, mia Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye nèwɔ nu si dze eŋu la, aɖo wò nànye dukɔ kɔkɔe nɛ abe ale si wòka atam na wò ene.
10
Anyigba dzi dukɔwo katã akpɔe be Aƒetɔ ŋkɔ le ŋuwò, eye woavɔ̃ wò.
11
Aƒetɔ ana wò nukpɔkpɔ adzi ɖe edzi: wò ŋutɔ viwòwo, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenukuwo asɔ gbɔ ɖe edzi fũu le anyigba si ŋu Aƒetɔ ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo be yeatsɔ na wò la dzi.
12
Aƒetɔ aʋu eƒe nu nyuiwo nɔƒe nu le dziƒo na wò, eye wòana tsi adza ɖe wò anyigba dzi le edzaɣi. Ayra miaƒe dɔwɔwɔwo katã ale be nàdo nu na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ ya màdo nu le dukɔ aɖeke gbɔ o.
13
Aƒetɔ atsɔ wò awɔ ta na dukɔwo, menye asikɛ o. Ado wò ɖe dzi ɖaa, eye màva anyi o, nenye be èse eƒe se siwo dem mele na wò egbe, eye nèlé wo me ɖe asi hewɔ wo dzi.
14
Mègagbe seawo dzi wɔwɔ, adze mawu bubuwo yome, anɔ wo subɔm o.”
15
“Evɔ ne mèɖo to Aƒetɔ, wò Mawu ƒe gbe o, eye mèlé se kple ɖoɖo siwo katã gblɔm mele na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi o la, fiƒode siwo katã gbɔna la aɖi ŋu wò:
16
Aɖi ŋuwò le du me, aɖi ŋuwò le agble me.
17
Aɖi wò kusi kple wò amɔwɔze ŋu.
18
Aɖi wò nyinɔwo ƒe dzidzi kple wò alẽviwo ŋu.
19
Aɖi ŋuwò le aƒe, aɖi ŋuwò le gbe.
20
“Aƒetɔ ana fiƒode anɔ dziwò, àtɔtɔ, màkpɔ ta na dɔ siwo katã nèwɔ la o, va se ɖe esime nàtsrɔ̃ avɔ ɖa kaba le nuvɔ̃ɖi siwo nèwɔ kple esi nègblẽm ɖi la ta.
21
Aƒetɔ ana dɔ vɔ̃ adze dziwò, atsrɔ̃ wò, nàvɔ keŋkeŋ le anyigba si nèyina xɔxɔ ge la dzi.
22
Aƒetɔ akplɔ kpedɔ, asrã, ŋuɖuɖui kple kuɖiɖi aƒu wò. Wò bli adze heteku, eye wò nukuwo ayrɔ, aku loo, alo avó keŋkeŋ. Nu siawo anɔ yowòme va se ɖe esi nàtsrɔ̃.
23
Tsi agbe dzadza na wò ale be dziŋgɔli aƒu goŋgoŋ abe akɔbli ene le tawò me, eye anyigba alia abe ga yibɔ ene le wò afɔwo te.
24
Le tsidzadza teƒe la, Aƒetɔ ana kewɔ kple ʋuʋudedi adza tso dziƒo ɖe wò anyigba la dzi, va se ɖe esime nàtsrɔ̃.
25
“Aƒetɔ ana wò futɔwo nasi wò le aʋagbedzi. Mɔ ɖeka dzi nàto ayi ɖakpe aʋa kpli wo, ke mɔ adrẽ dzi nàsí le wo nu ato adzo. Hiã si atu wò la azu ŋɔdzi gã ŋutɔ na fiaɖuƒewo katã le anyigba dzi.
26
Ne èku la, xeviwo kple gbemelãwoe ava ɖu wò lã, eye ame aɖeke mava nyà wo ɖa o.
27
Aƒetɔ akplɔ ƒoƒoe aƒu wò abe ale si wòwɔ Egiptetɔwo ene. Àka abi makumaku, àdze akpa, aklabi anɔ ŋuwò; ke màhaya akpɔ o.
28
Aƒetɔ ana nàku tsu, wò ŋku agbã, eye àtɔtɔ.
29
Le ŋdɔ me la, ànɔ asi tsam anɔ yiyim abe ŋkuagbãtɔe le viviti me zɔm ene, eye agbenɔnɔ madze dzi na wò o. Woate wò ɖe anyi, eye woada adzo wò enuenu; ke ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o.
30
Àbia nyɔnu ta be yeaɖe, ke ŋutsu bubu adɔ egbɔ. Àtu xɔ, ke mànɔ eme akpɔ o. Àde waingble, ke kutsetseawo made wò nu me o.
31
Woawu wò nyitsu le ŋkuwò me nàkpɔ, gake màkpɔ eƒe lã aɖu o. Woakplɔ wò tedziwo sesẽe le wò ŋkume adzoe, eye womatrɔ wo agbɔe na wò o. Woalé wò alẽwo atsɔ na wò futɔwo, ke ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o.
32
Woatsɔ viwò ŋutsuwo kple mia viwò nyɔnuwo ana dukɔ bubu me tɔwo le wò ŋutɔ ŋkuwò me woakplɔ adzoe. Ànɔ mɔ dzi kpɔm gbe sia gbe be wole wo gbugbɔ ge vɛ, gake womatrɔ agbɔ kpɔ o.
33
Dukɔ si mènya o la me tɔwoe aɖu wò agblemenuwo kple nu siwo katã nèwɔ dɔ hekpɔ la. Woasẽ ŋuta le ŋuwò ɣe sia ɣi, eye woate mi ɖe anyi.
34
Fukpekpe siawo katã teƒe kpɔkpɔ alea ana nàku tsu.
35
Aƒetɔ ana nutete vɔ̃ɖi ate klo kple sobo na wò, eye woatrɔ asi le eŋu do kpo. Ƒoƒoe aƒo wò tso afɔƒome va se ɖe dzodome ke, ke màhaya akpɔ o.
36
“Aƒetɔ akplɔ wò kple fia si nèɖo na ɖokuiwò la ayi dukɔ si mi kple mia tɔgbuiwòwo mienya o la me, eye àsubɔ mawu siwo wotsɔ ati kple kpe wɔ la le afi ma.
37
Àzu vɔvɔ̃donamenu le dukɔ siwo katã me Aƒetɔ anyà wò aɖo ɖa la me. Wò nya azu lodonya, eye woanɔ alɔ me ɖem le ŋuwò.
38
Àƒã nuku geɖe, ke ʋɛ aɖe ko nàŋe elabe ʋetsuviwo aɖui keŋ.
39
Àde waingble alé be nɛ nyuie, ke màgbe kutsetse aɖeke alo akpɔ eme wain hã ano o, elabe ŋɔwo aɖui.
40
Amitiwo abɔ ɖe wò anyigba la dzi, ke màkpɔ ami awɔ eŋudɔ o, elabe kutsetseawo adudu.
41
Àdzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo, ke womanye tɔwò o, elabe woaɖe aboyo wo.
42
Ʋetsuviwo aɖu wò atiwo kple agblemenuwo.
43
Amedzro si le gbɔwò la akpɔ ŋusẽ, eye eŋkɔ ade dzi, ke wò la, àyi to, agayi to.
44
Ado nu na wò, ke wò la, màdo nu nɛ o. Atrɔ zu ta, ke wò àzu asikɛ.
45
Le fiƒode si le dziwò ta la, dzɔgbevɔ̃e siawo katã adzɔ ɖe dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ avɔ, elabe mèse Aƒetɔ, wò Mawu ƒe gbe o; mèlé se siwo wòde kple ɖoɖo siwo wòwɔ na wò la me ɖe asi o.
46
Dzɔgbevɔ̃e siawo anye dzesi le wò kple wò dzidzimeviwo ŋu tegbee be Mawu he to na wò.
47
“Togbɔ be Aƒetɔ, wò Mawu la, na nu sɔ gbɔ ɖe mia si fũu hã la, mète ŋu kɔ ŋkume subɔe faa tso dzime o.
48
Eya ta àsubɔ wò futɔ siwo Aƒetɔ adɔ ɖe wò ŋuwò la. Dɔ kple tsikɔ awu wò, àtsi amama, eye hiã atu wò le nu sia nu me. Aƒetɔ ate wò ɖe anyi, awɔ funyafunya wò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ vɔ.
49
Aƒetɔ akplɔ dukɔ si ƒe gbe mèse o la tso keke anyigba ƒe seƒe ke ava de wò. Woalũ ɖe dziwò, adze dziwò abe ale si hɔ̃ lũna ɖe nu dzi ƒona ene.
50
Woanye mo sesẽ kpla tɔwo o, eye womakpɔ nublanui na ame aɖeke o; amegãɖeɖi loo, alo ɖekakpui o.
51
Woaɖu wò lãwo kple agblemenuwo va se ɖe esime nàtsrɔ̃ vɔ. Bli, wain kple ami, wò nyinɔ kple alẽ; ɖekeɖeke masusɔ na wò o, va se ɖe esime nàtsrɔ̃ vɔ.
52
Woaxaxa wò ɖo le du ɖe sia ɖe si le anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu la, le tsɔtsɔm na wò la me, va se ɖe esime gli kɔkɔ sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la amu.
53
Ne wò futɔwo ɖe to ɖe wò duwo, eye woxaxa wò ɖo la, nuɖuɖukpɔkpɔ asesẽ na wò ale gbegbe be àɖu wò ŋutɔ viwò ŋutsu kple viwò nyɔnu, siwo Aƒetɔ na wò la ƒe lã gɔ̃.
54
Ŋutsu si wonyi kple beléle kple atsyɔ̃ɖoɖo vevie le mia dome gɔ̃ hã awɔ dɔmevevi le nɔvia ŋutsu, srɔ̃a si le egbɔ kple via mamlɛtɔ si tsi agbe nɛ la ŋu,
55
ale be mana viawo ƒe lã si ɖum wòle la ƒe ɖeke wo dometɔ aɖeke o. Elabe naneke mesusɔ ɖi nɛ, esime woɖe to ɖe wò eye futɔwo xaxa wò ɖo le wò duwo katã me o.
56
Nyɔnu bubume si dzɔ ɖe bubuƒome me, ame si si ga le fũu ale be mezɔa afɔ yia afi aɖeke o la hã awɔ nenema ke. Ne futɔwo ɖe to ɖe wò dua, eye woxaxa wò ɖo la, adi nuɖuɖu kutɔkutɔe, ke makpɔe o. Ale wòatsɔ vidzĩ si eya ŋutɔ
57
dzi la aɖu le adzame, atsɔ amenɔ la hã akpe ɖe eŋuti. Mana ɖeke srɔ̃a lɔlɔ̃a gɔ̃ kaka wòahayi ɖe na ge viawo dometɔ aɖe o.
58
“Ne mèlé se sia ƒe nyawo siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me aɖe asi hewɔ wo dzi o, eye mèvɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu ŋkɔ si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la,
59
Aƒetɔ akplɔ fuwɔame sesẽ kple dɔléle vɔ̃ɖi siwo nu mayi akpɔ o la aƒu wò ŋutɔ kple wò dzidzimeviwo siaa.
60
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, akplɔ dɔ vɔ̃ dziŋɔ siwo katã teƒe nèkpɔ le Egipte la aƒu wò eye màhaya akpɔ o.
61
Mlɔeba la, ahe dɔléle kple fuwɔame ƒomevi ɖe sia ɖe siwo womeŋlɔ ɖe segbalẽ sia me o la ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ vɔ.
62
Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene hã la, ame ʋɛ aɖewo koe latsi agbe le mia dome, elabe mieɖo to Aƒetɔ, mia Mawu ƒe gbe o.
63
Ale si Aƒetɔ kpɔ dzidzɔ le mia ŋu, wɔ nyui na mi, eye wòna miedzi sɔ gbɔ fũu la, nenema ke wòakpɔ dzidzɔ le mia wuwu kple mia tsɔtsrɔ̃ ŋutii. Aɖe mi ɖa abe ale si wohoa ati kple ke ene, le anyigba si dzi yim miele la dzi.
64
Aƒetɔ aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso xexeme ƒe go ɖeka yi go evelia, eye àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe. Evɔ la, mia tɔgbuiwo mesubɔ nu siawo kpɔ o.
65
Màɖe dzi ɖi le dukɔ mawo me o; mànɔ teƒe aɖeke eteƒe adidi o. Aƒetɔ ana miatsi dzodzodzoe, mɔkpɔkpɔ abu ɖe mi, eye miaƒe ŋku anɔ aƒe dzi.
66
Wò agbe anɔ ŋɔdzi me ɣe sia ɣi, eye ànɔ vɔvɔ̃ dzi zã kple keli. Ànɔ kuvɔvɔ̃ dzi ɖaa.
67
Miaƒe dzi anɔ tsotsom kpòkpokpo ɣe sia ɣi le nu siwo teƒe kpɔm nèle la ta. Ale be le ŋdi me la, àgblɔ be: ‘Ao, zã mado dzro oa!’ eye le fiẽ me la, àgblɔ be: ‘Ao, ŋu make dzro oa!’
68
Togbɔ be Aƒetɔ gblɔ be miegale gbugbɔ ge ayi Egipte akpɔ o hã la, akplɔ mi ade tɔdziʋu agbugbɔ yi afi mae. Ne mieɖo la, miawo ŋutɔ miadzra mia ɖokui kluvi kple kosiwoe na miaƒe futɔwo, ke ame aɖeke madi mi be yeaƒle mi o.”
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34