bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 4
Deuteronomy 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 5 →
1
Azɔ Mose gblɔ na dukɔ la be: “Israel-dukɔ, miwɔ se kple ɖoɖo siwo fia ge mala mi la dzi ale be mianɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la, le tsɔtsɔ ge na mi la.
2
Migatsɔ nya aɖeke kpe se siwo de ge mala na mi la o, eye migaɖe nya aɖeke hã le wo me o. Ke boŋ miwɔ Aƒetɔ, mia Mawu ƒe se siwo de ge mala na mi la dzi.
3
Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Aƒetɔ wɔ le Peor-to dzi. Etsrɔ̃ ame siwo katã subɔ Baal le afi ma la ɖa le mia dome,
4
ke mi ame siwo wɔ nuteƒe na Aƒetɔ la, miawoe tsi agbe li va se ɖe egbe.
5
Kpɔ ɖa, mefia sewo kple ɖoɖowo mi abe ale si Aƒetɔ, nye Mawu la de wo asi nam ene. Miwɔ wo dzi le anyigba si xɔ ge mieyina la dzi.
6
Miaƒe ŋku nenɔ wo dzi eye mizɔ ɖe wo nu. Esia aɖee fia dukɔwo be mienyaa nu, eye miesea nu gɔme. Ne wose se siawo katã la, woagblɔ be: ‘Dukɔ sia de ŋgɔ, eye emetɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo nyateƒe!’
7
Aƒetɔ, mía Mawu la tsɔ ɖe mía gbɔ, eye ne míenya yɔe ko la, etɔna na mí enumake. Dukɔ deŋgɔ ka hã ƒe mawue tsɔ ɖe egbɔ alea?
8
Ɖoɖo kple se siwo mede na mi egbea la le dzɔdzɔe. Dukɔ deŋgɔ kae li si ƒe ɖoɖowo kple sewo le abe mia tɔwo ene?
9
Ke kpɔ ɖokuiwò dzi, eye nàdzra wò luʋɔ ɖo kple moveviɖoɖo, ne menye nenem o la, àŋlɔ nu siwo wò ŋku kpɔ la be, eye woado le dzime na wò le wò agbe me ŋkekewo katã me. Na viwòwo kple viwòwo ƒe viwo nanya wo.
10
Wonenya ale si gbe ma gbe nètsi tsitre ɖe Aƒetɔ, wò Mawu la ŋkume le Xoreb gbɔ, eye Aƒetɔ gblɔ nam be: ‘Ƒo dukɔ la nu ƒu nam, be mana woase nye nyawo ale be mana woanya ale si woavɔ̃m le ŋkeke siwo katã me woanɔ agbe le anyigba dzi, eye woafia wo viwo hã be woawɔ nenema.
11
Migblɔ ale si mieva tsi tsitre ɖe to la te, ale si dzudzɔ yibɔ gba bla to la abe alilikpo ene, ale si viviti do, eye dzo nɔ bibim vlavlavla ɖanɔ dziƒo ke tɔm la na wo.
12
Tete Aƒetɔ ƒo nu na mi tso dzo la me na wò. Nyagbewo ɖi miese; ke miekpɔ nɔnɔme aɖeke o; gbe koe ɖi miese.
13
Egblɔ nu si wòle be miawɔ be miate ŋu awɔ eƒe nubabla dzi la na mi. Eyae nye be miawɔ Se Ewoawo siwo woŋlɔ ɖe kpe eveawo dzi la dzi.
14
Le ɣe ma ɣi me la, Aƒetɔ gblɔ nam be mafia seawo kple ɖoɖoawo mi ne miawɔ wo dzi le anyigba si xɔ ge mieyina la dzi.
15
“Gbe si gbe Aƒetɔ ƒo nu na mi tso dzo me le Xoreb gbɔ la, miekpɔ naneke ƒe nɔnɔme o. Eya ta mikpɔ nyuie,
16
ne miagawɔ naneke ƒe nɔnɔme na mia ɖokui wòanye legba mianɔ subɔsubɔm o. Eɖanye ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔme o,
17
lãfɔne alo xe aɖe ƒe nɔnɔme o,
18
nu tata alo tɔmelã aɖe ƒe nɔnɔme o, migawɔ ɖeke ahanɔ subɔsubɔm o.
19
Gawu la, mègakpɔ dziƒonu aɖe abe ɣe, ɣleti, ɣletiviwo kple dziŋgɔli me nu bubuwo ene ne wòadzro wò nàde ta agu nɛ ahasubɔe o. Elabe Aƒetɔ, wò Mawu la tsɔ wo na dukɔ siwo katã le dziƒoa te la.
20
Ke miawo la, Aƒetɔ ɖe wòɖe mi tso Egipte si nɔ abe galóloƒe ene la be mianye ye ŋutɔ ƒe dukɔ abe ale si miezu egbe ene.
21
Hekpe ɖe esia ŋu la, Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe ŋunye le mia ta, eye wòka atam be nyematso Yordan-tɔsisi la kaka ayi afɔ ɖo ge anyigba nyui si yele mia na ge, be wòanye miaƒe domenyinu la dzi o.
22
Nye la, nyematso Yordan-tɔsisi la o; maku ɖe anyigba sia dzi. Ke miawo ya miele etso ge ayi aɖaxɔ anyigba nyui ma wòazu mia tɔ.
23
Eya ta mikpɔ nyuie ne miagaŋlɔ nu, si Aƒetɔ, mia Mawu la bla kpli mi la be o. Migawɔ legba alo nu siwo Aƒetɔ, mia Mawu la tsri na mi la ƒe nɔnɔme aɖeke na mia ɖokui o,
24
elabe Aƒetɔ, mia Mawu la ɖe wòle abe dzo binu ene, eye wòʋãa ŋu vevie.
25
“Ne mietsi zu amegãɖeɖi le anyigba la dzi, ne miedzi viwo hexɔ tɔgbuiyɔviwo, eye miewɔ nu gbegblẽ heme legba ɖe nɔnɔme ɖe sia ɖe me, ne miewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ, mia Mawu la ŋkume, be miatsɔ ado dziku nɛ la,
26
meyɔ dziƒo kple anyigba be woanye ɖasefo nam ɖe mia ŋu egbea, be ne miewɔ nya si gblɔm mele na mi la dzi o la, miatsrɔ̃ le anyigba si miele Yordan tso ge aɖaxɔ la dzi. Mianɔ edzi eteƒe adidi o. Miatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ.
27
Aƒetɔ akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ ɖe afi siwo wònyà mi ɖo ɖa la.
28
Ne mieyi afi mawo la, miasubɔ mawu siwo amegbetɔ tsɔ ati kple kpe wɔ, mawu siwo mekpɔa nu alo sea nu o; mawu siwo meɖua nu alo ʋeʋẽa nu sena o la miasubɔ.
29
Afi mae miadi Aƒetɔ, mia Mawu la le, eye ne miedii vevie tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me ke la, ekema miakpɔe.
30
Ne nu siawo katã va dzɔ ɖe mia dzi le ɣe ma ɣi me, eye mieɖo xaxa me la, ekema miagatrɔ ɖe Aƒetɔ, miaƒe Mawu ŋu, eye miawɔ eƒe nya dzi.
31
Elabe Aƒetɔ, mia Mawu la la, nublanuikpɔla wònye. Magblẽ mi ɖi alo atsrɔ̃ mi o, eye maŋlɔ nu, si wòka atam bla kple mia tɔgbuiwo la be o.
32
“Mibia ne woagblɔ blemanyawo katã na mi. Midzro nya siwo dzɔ tso esime Mawu wɔ ame ɖe xexea me la me. Mibia ne woagblɔ nya siwo katã dzɔ le xexeme ƒe afi sia afi kpɔ la na mi. Ɖe nya gã aɖe dzɔ abe esia tɔgbe ene kpɔa? Ɖe ame aɖe se nya sia tɔgbe kpɔa?
33
Ɖe mawu ƒo nu tso dzo me na dukɔ aɖe kpɔ, ko wotsi agbe, abe miawo enea?
34
Alo ɖe mawu aɖe te kpɔ be yeayi aɖaɖe dukɔ aɖe tso dukɔ bubu me na ye ɖokui kpɔ abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la wɔ na mi le Egipte enea? Miawo ŋutɔ ƒe ŋkumee Mawu wɔ ŋusẽdɔwo, dzesiwo kple nukunuwo le, eye wòwɔ aʋa, na ŋɔdzinuwo dzɔ.
35
Wona miekpɔ nu siawo katã ne mianyae be Aƒetɔ koe nye Mawu; bubu aɖeke megali kpe ɖe eŋu o.
36
Ena miese eƒe gbe tso dziƒo ale be wòate ŋu afia nu mi. Ena miekpɔ eƒe dzo kɔkɔe la le anyigba dzi, eye wòƒo nu na mi tso eme.
37
Esi wòlɔ̃ mia tɔgbuiwo ta la, etia mi ame siwo nye woƒe dzidzimeviwo, eye eya ŋutɔ kplɔ mi kple eƒe ŋusẽ triakɔ la tso Egipte.
38
Esi miegbɔna la, enyà dukɔ triakɔ siwo sesẽ wu mi la ɖa le mia ŋgɔ, be yeakplɔ mi ayi afi ma aɖatsɔ woƒe anyigba na mi wòazu mia tɔ, abe ale si anyigba la le mia si me va se ɖe egbe ene.
39
Eya ta minyae egbea, migaŋlɔe be gbeɖe o, be Aƒetɔ koe nye Mawu le dziƒo kple anyigba siaa. Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe eŋu o.
40
Esia ta miwɔ se kple ɖoɖo siwo mede na mi egbea la dzi ne nu sia nu nadze edzi nyuie na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa. Mianɔ agbe didi le anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu le tsɔtsɔm na mi la dzi tegbee.”
41
Mose tia du etɔ̃ le ɣe ma ɣi me le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome,
42
be ne ame aɖe wu ame le esime meɖo be yeawui hafi o la, wòasí ayi wo dometɔ aɖe me ekema womawui o.
43
Ruben-to ƒe due nye Bezer si le gbedadaƒo le gbadzaƒenyigba dzi; Gad-to ƒe due nye Ramot le Gilead-nutome, eye Manase-to ƒe due nye Golan le Basan-nutome.
44
Mawu ƒe se siwo Mose xɔ vɛ na Israelviwo la woe nye esiawo:
45
Esiawo nye ɖaseɖiɖi, se kple ɖoɖo siwo Mose gblɔ na Israelviwo esime woʋu tso Egipte
46
va le Yordan ƒe go kemɛ dzi le tagba le Bet-Peor kasa. Anyigba sia nye Sixon, Amoritɔwo ƒe fia si nɔ Xesbon la tɔ. Esi Mose kple Israelviwo ʋu dzo le Egipte va yina la, woawo kple fia sia wɔ aʋa, eye woɖu edzi.
47
Woxɔ eya kple Og, Basan-fia si hã nye Amoritɔwo ƒe fia la, ƒe anyigba le Yordan ƒe ɣedzeƒe.
48
Anyigba sia dze egɔme tso Aroer le Arnon-tɔʋu to keke va do ɖe Sion-to si wogayɔna hã be Xermon-to la gbɔ.
49
Anyigba siwo mlo ɖe nu le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome ʋuu ɖado ɖe dzi va se ɖe Ƒukuku nu le anyigbeme kple Pisga-to gɔme la hã le eme.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34