bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Deuteronomy 33
Deuteronomy 33
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 34 →
1
Nya siawo nye yayra si Mose, Mawu ƒe ame la bia na Israelviwo hafi ku.
2
Egblɔ be: “Aƒetɔ ɖi tso Sinai-to dzi va. Edze abe ɣe ene le Seir tame, tso Paran-to gbɔ. Ame kɔkɔe akpeakpewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le bibim le eƒe nuɖusi.
3
Aƒetɔ lɔ̃a eƒe amewo, eye wòkpɔa eƒe ame siwo katã ŋu wokɔ la ta. Ale míede ta agu ɖe eƒe afɔnu, eye míewɔna ɖe eƒe gbeɖeɖe dzi.
4
Míewɔa se si Mose de na mí la dzi. Se sia nye mí Yakob viwo ƒe domenyinu vevitɔ.
5
Ale Aƒetɔ zu fia le Yesurun esi dukɔa ƒe tatɔwo ƒo ƒu, esime Israel-toawo katã kpe ta.
6
“Na Ruben nanɔ agbe tegbee; megaku o, mègana eƒe amewo nanɔ ʋɛ o.”
7
Egblɔ le Yuda ŋu be: “Aƒetɔ, se Yuda ƒe gbe, kplɔe va de etɔwo dome. Wɔ aʋa ɖe enu kple wò asi la, eye nànye kpeɖeŋutɔ nɛ ɖe eƒe futɔwo ŋu.”
8
Egblɔ le Levi ŋu be: “Aƒetɔ, èɖe wò lɔlɔ̃nu fia kple Urim kple Tumim to wò dɔla nuteƒewɔlawo siwo nye Levi viwo la dzi. Ète wo kpɔ le Masa, eye nèwɔ dzre kpli wo le dzrewɔtsia gbɔ.
9
Wowɔ nuteƒe na wò wu wo dzilawo, wo nɔviŋutsuwo alo wo viwo. Wowɔ wò sededewo dzi, eye wolé wò nubabla me ɖe asi.
10
Woawoe afia wò ɖoɖowo Yakob viwo, eye woafia wò se la Israelviwo. Woawoe atsɔ lifi ava ŋkuwò me, eye woatsɔ numemevɔsa blibo la, aɖo wò vɔsamlekpui dzi.
11
Aƒetɔ, yrae ne wòatsi, ŋusẽ nanɔ eŋu. Kpɔ ŋudzedze le eƒe asinudɔwo ŋu. Gblẽ eƒe futɔwo kple ketɔwo dome keŋkeŋ. Mègana ŋusẽ nagaɖo wo ŋu gbeɖe o.
12
Egblɔ le Benyamin ŋu be: “Aƒetɔ melɔ̃a nu le egbɔ o. Ekpɔa eta, nɔa egbɔ ɣe sia ɣi eye wòwɔ nɔƒe nɛ ɖe eƒe abɔta.”
13
Egblɔ le Yosef ŋu be: “Aƒetɔ neyra eƒe anyigba kple dziƒo ƒe nu nyuitɔwo, eye tsi nedzi nɛ tso anyigba tu me.
14
Neyrae kple kutsetse xɔasi siwo ɣe nana woɖina kple kutsetse xɔasi siwo wɔna le wo tseɣi le ɣletiwo me.
15
Nena nuku siwo wɔna le blematowo dzi la nawɔ nɛ, eye nuku vevi siwo wɔna le blematogbɛwo dzi la nadzi ɖe edzi nɛ.
16
Nena anyigba dzi nu xɔasiwo nasɔ gbɔ nɛ fũu. Eya, ame si ƒo nu le ŋuve me la neve enu. Yayra siawo katã nenɔ Yosef ƒe to la dzi, elabe eyae nye amegã le nɔviawo dome.
17
Yosef ƒe ŋusẽ le abe nyitsu tɔ ene. Eƒe dzowo le abe tò tɔwo ene. Yosef ƒe dzoawo nye Manase ƒe ame akpe naneawo kple Efrayim ƒe ame akpe ewoawo. Woawoe wòatsɔ atutu dukɔwo aƒu anyi; va se ɖe anyigba ƒe seƒewo ke.”
18
Egblɔ le Zebulon ŋu be: “Zebulon, dzi nedzɔ wò le wò nugbeyiyi ŋu; Isaxar, kpɔ dzidzɔ le wò aƒenɔnɔ ŋu.
19
Wokpe dukɔwo va woƒe to la gbɔ, eye wosa vɔ vavãtɔ le afi ma. Wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso ƒu me, eye wokpɔ woƒe nu veviwo tso ƒutake me.”
20
Egblɔ le Gad ŋu be: “Woakafu ame si keke Gad ɖe nu! Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene le lalam be yeavuvu nu; yeavuvu abɔ alo ta ƒe ayi.
21
Etia anyigba nyuitɔ na eɖokui, elabe wodzra anyigba sia ɖo ɖi na aʋakplɔla ɖe afi ma. Enɔ dukɔ la nu yi kpli wo, eya kple Israel wɔ gbeɖeɖeawo dzi, kple Aƒetɔ ƒe sedede dzɔdzɔeawo dzi.”
22
Egblɔ le Dan ŋu be: “Dan nye dzatavi. Eti kpo do tso Basan.”
23
Egblɔ le Naftali ŋu be: “Nu nyuiwo asɔ gbɔ ɖe Naftali si fũu; Aƒetɔ ƒe yayra anɔ edzi. Woƒe anyigba atso tá la gbɔ, ayi keke anyigbeme ke.”
24
Egblɔ le Aser ŋu be: “Woyra Aser wu viŋutsu bubuawo. Na eƒe nu nanyo nɔviawo ŋu, eye wòatsɔ eƒe afɔ ade ami me.
25
Wò duwo ƒe agbowo anye ga yibɔ kple akɔbli. Ŋusẽ anɔ ŋuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me.
26
“Yesurun, mawu aɖeke meli abe wò Mawu la ene o. Eto dziŋgɔli me le yiyim, be yeakpe ɖe ŋuwò, eye wòle eƒe fianyenye me le dziŋgɔli me tom.
27
Mawu mavɔtɔ la nye nɔwòƒe; eƒe abɔ mavɔwo lé wò ɖe asi ɣe sia ɣi. Enyà futɔwo ɖa le ŋgɔwò, eye wògblɔ be, ‘Mitsrɔ̃ nu!’
28
Ale Israel le anyi, nɔ dedie; Yakob ƒe vudo la ɖeɖe le anyigba, si dzi bli kple wain le, afi si zãmu tso dziƒo dzana le.
29
O Israel, kpɔ dzidzɔ! Ame kae le abe wò ene? Dukɔ si Aƒetɔ xɔ ɖe agbe; eyae nye wò akpoxɔnu kple wò kpeɖeŋutɔ; yi si nètsɔna ɖua dzii. Wò futɔwo ava ɖe kuku na wò, be nàkpɔ nublanui na yewo, eye wò la, ànya avuzi le woƒe nuxeƒewo dzi.”
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34