bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 10
2 Chronicles 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 11 →
1
Rexabeam yi Sixem elabe Israel blibo la ɖi anyi ɖe afi ma be yewoaɖoe fiae.
2
Esi Yerobeam, Nebat vi, ame si sí le fia Salomo nu yi Egipte la se nyaa la, etrɔ tso Egipte gbɔ.
3
Wodɔ ame ɖa woɖayɔe vɛ. Yerobeam kple Israel-dukɔ blibo la va Rexabeam gbɔ, gblɔ nɛ be:
4
“Tɔ́wò ɖo kɔkuti kpekpe mía dzi. Ka tɔ́wò ƒe dɔ sesẽ kple kɔkuti kpekpe la dzi ɖe na mí, ekema míasubɔ wò.”
5
Rexabeam ɖo eŋu be: “Miyi miatrɔ va le ŋkeke etɔ̃a gbe.” Ale dukɔ la trɔ dzo.
6
Fia Rexabeam de adaŋu kple ame tsitsi siwo nɔ tɔ́a Salomo ŋu le eƒe agbenɔɣi. Ebia wo be: “Aɖaŋu ka miaɖo nam be matsɔ ɖo dukɔ la ƒe nya la ŋui?”
7
Woɖo eŋu nɛ be: “Ne èwɔ nyui na dukɔ sia, lé be na wo, eye nèƒo nu kple wo nyuie la, ekema woasubɔ wò tegbee.”
8
Ke egbe ame tsitsiawo ƒe aɖaŋu si woɖo nɛ la, eye wòyi ɖade adaŋu kple ɖekakpui siwo tsi kplii, eye wova le eŋu azɔ la.
9
Ebia wo be: “Aɖaŋu ka miaɖo nam be matsɔ ɖo dukɔ sia ƒe nya si wògblɔ be: ‘Ka tɔ́wò ƒe kɔkuti kpekpe la dzi ɖe na mí’ la ŋu?”
10
Tete ɖekakpui siwo tsi kplii la ɖo eŋu be: “Ðo eŋu na dukɔ si va gblɔ na wò be: ‘Tɔ́wò ɖo kɔkuti mía dzi, ke wò la, ka edzi ɖe na mí la be: Nye asibidɛ kɔtotɔ tri wu tɔ́nye ƒe ali.
11
Tɔ́nye ɖo kɔkuti kpekpe mia dzi, ke nye kɔkuti akpe wu etɔ. Tɔ́nye ƒo mi kple atam, ke nye la, dziɖegbe matsɔ aƒo mii.’ ”
12
Ale Yerobeam kple dukɔ la katã va Rexabeam gbɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe abe ale si fia la gblɔ na wo la ene be: “Migava gbɔnye le ŋkeke etɔ̃a gbe.”
13
Tete fia Rexabeam ɖo nya la ŋu dzretɔe. Egbe ame tsitsiawo ƒe aɖaŋu la,
14
eye wòƒo nu na wo ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa nu be: “Tɔ́nye ɖo kɔkuti kpekpe mia dzi, ke nye kɔkuti akpe wu etɔ. Tɔ́nye ƒo mi kple atam, ke nye la, dziɖegbe matsɔ aƒo mii.”
15
Ale fia la meɖo to dukɔ la o. Mawu trɔ nuwo alea, bene Aƒetɔ nawɔ nya si wògblɔ to gbeƒãɖela Axiya, Silotɔ la, dzi na Yerobeam, Nebat vi la.
16
Esi Israel blibo la kpɔ be fia la gbe be yemaɖo to yewoƒe nya o la, woɖo ame ɖe fia la be: “Gome ka míekpɔ le David me? Nyateƒe, domenyinu aɖeke mele Yese vi la gbɔ na mí o. O Israel, ame sia ame nedzo yi aƒe. Kpɔ ɖa, David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ.” Tete Israel-dukɔ blibo la dzo yi aƒe.
17
Ke Rexabeam ɖu fia ɖe Israelvi siwo le Yuda-dukɔa me la dzi.
18
Esi Rexabeam dɔ Hedoram, ame si le dzizizidɔwɔwɔ nu la ɖo ɖa la, Israelviwo ƒu kpee, wu. Tete fia Rexabeam wɔ kaba ge ɖe tasiaɖam me hesí yi Yerusalem.
19
Ale Israel-dukɔa dze aglã ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36