bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 15
2 Chronicles 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 16 →
1
Mawu ƒe gbɔgbɔ dze Azarya, Obed vi dzi,
2
eye wòyi ɖakpe Asa. Egblɔ nɛ be: “Asa, wò kple Yudatɔwo kpakple Benyamintɔwo katã, miɖo tom. Aƒetɔ nɔ kpli mi esime mienɔ eŋu. Ne miedii la, ana miakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.
3
Ɣeyiɣi didi aɖe nye esi esime Israel nɔ anyi, eye Mawu ŋutɔŋutɔ menɔ esi o. Nunɔla siwo afia nu wo meli o, eye se aɖeke hã menɔ anyi o.
4
Ke esi woɖo xaxa me, eye wotrɔ ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋu hedii la, wokpɔe.
5
Le ɣe ma ɣi me la, mɔzɔla o, aƒenɔla o, ŋutifafa aɖeke meli nɛ o, elabe ʋunyaʋunya gã ŋutɔ nɔ anyigba dzi nɔlawo katã dome.
6
Wo dome ma kluikluiklui. Dukɔ tso ɖe dukɔ ŋu, eye du tso ɖe du ŋu elabe Mawu he dzɔgbevɔ̃e vovovowo va wo dzi.
7
Ke miawo ya la, milé dzi ɖe ƒo! Miaƒe asi megado agblɔ o elabe woaxe dɔ si wɔm miele la ƒe fetu na mi.”
8
Esi Asa se nya siawo kple gbeƒãɖela Obed ƒe gbeƒãɖeɖea la, dzi ɖo eƒo eye wòɖe legba nyɔŋuawo ɖa le Yuda-nyigba blibo la, Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efrayim-tonyigba la dzi la me. Edzra Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui si le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe akpata la ŋgɔ la hã ɖo.
9
Eƒo Yuda blibo la kple Benyamin kpakple ame siwo tso Efrayim, Manase kple Simeon va egbɔ la nu ƒu, elabe ame geɖewo tso Israel va de edzi, esime wokpɔ be Aƒetɔ, eƒe Mawu la li kplii.
10
Wova kpe ta ɖe Yerusalem. Asa le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui atɔ̃lia ƒe ɣleti etɔ̃lia me le ɣeyiɣi sia me.
11
Gbe ma gbe la, wotsɔ aboyonu siwo nye: nyi alafa adrẽ kple alẽ akpe adrẽ siwo wotsɔ gbɔe la ƒe ɖewo sa vɔe na Aƒetɔ.
12
Wobla nu kple Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la, be yewoasubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.
13
Ame sia ame si masubɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la o la, woawui; eɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o.
14
Tete wokɔ gbe dzi sesĩe, ka atam na Aƒetɔ heku kpẽwo kple lãdzowo.
15
Ame siwo katã le Yuda la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le atam si woka la ŋu, elabe wokae tso dzi blibo me. Wodii kple lɔlɔ̃nu katã eye wokpɔe. Ale Aƒetɔ na gbɔdzɔe wo le go sia go me.
16
Fia Asa ɖe nɔa Maaxa, si nye nyɔnufia la ɖa be maganye nyɔnufia o, elabe ewɔ nyɔnumawu Asera ƒe legba ɖi. Asa mu legba la ƒu anyi eye wògbãe. Elɔ kakɛawo ɖatɔ dzoe ɖe Kidron-bali la me.
17
Ke womeɖe nuxeƒewo ya ɖa le Israel o. Asa ko ƒe dzimee nɔ dzadzɛ le eƒe agbe me ŋkekewo katã.
18
Etsɔ tɔ́a ƒe nu kɔkɔeawo kple eya ŋutɔ tɔwo siwo nye klosalo kple sikanu kpakple ŋudɔwɔnuawo ɖada ɖe Mawu ƒe aƒe la me.
19
Aʋa aɖeke megadzɔ kpɔ o, va se ɖe Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ atɔ̃lia me.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36