bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 18
2 Chronicles 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 19 →
1
Esi kesinɔnu su Yosafat si fũu eye bubu va le eŋu la, eyi ɖawɔ ɖeka kple Axab to srɔ̃ɖeɖe me.
2
Ƒe aɖewo megbe la, Yosafat ɖi tsa yi Samaria-du me be yeaɖakpɔ Axab ɖa. Axab wu alẽ kple nyi geɖe fũu na eya kple eŋumewo, eye wòble Yosafat nu be neho aʋa ɖe Ramot-Gilead ŋu.
3
Israel-fia Axab bia Yuda-fia Yosafat be: “Àyi Ramot-Gilead kplima?” Yosafat ɖo eŋu nɛ be: “Mele klalo be mayi kpli wò. Nye aʋawɔlawo hã le klalo abe tɔɔwòwo ene. Míakpe ɖe ŋuwò le aʋa la me.”
4
Ke Yosafat gagblɔ na Israel-fia be: “Taflatsɛ bia gbe Aƒetɔ gbɔ.”
5
Tete Israel-fia la yɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela alafa ene vɛ, eye wòbia wo se be: “Mího aʋa ɖe Ramot-Gilead ŋu loo, alo magayi oa?” Woɖo eŋu be: “Ho yi elabe Mawu atsɔe ade asi na fia la.”
6
Ke Yosafat bia be: “Ðe Aƒetɔ ƒe gbeƒãɖela bubu aɖeke megale afii, ne míabia nu le Aƒetɔ gbɔ oa?”
7
Axab ɖo eŋu be: “Ame ɖeka gali. Eyae nye Mixa, Yimla vi. Gake melé fui elabe meɖea gbeƒã nyui le ŋunye le eƒe agbe me o; vɔ̃a ko wògblɔna ɣe sia ɣi.” Yosafat gblɔ be: “Fia megaƒo nu nenema o.”
8
Ale Israel-fia la yɔ dɔdzikpɔla aɖe gblɔ nɛ be: “Yi ɖayɔ Mixa, Yimla vi la, vɛ fifi laa.”
9
Azɔ Israel-fia kple Yuda-fia le woƒe fiawu me, bɔbɔ nɔ woƒe fiazikpui dzi le lugbɔƒe le Samaria-gbo nu, eye gbeƒãɖelaawo katã le gbeƒã ɖem le wo ŋkume.
10
Zedekiya, Kenaana vi, tsɔ ga yibɔ tu lãdzo na eɖokui gblɔ be: “Aƒetɔ be: ‘Esia nàtsɔ tu Siriatɔwoe va se ɖe nàtsrɔ̃ wo keŋ.’ ”
11
Gbeƒãɖela bubuawo katã hã gblɔ nenema ke. Wobe: “Ho nàyi Ramot-Gilead, eye àɖu dzi. Aƒetɔ tsɔe de asi na fia la.”
12
Dɔla si yi Mixa yɔ ge la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, gbeƒãɖelawo katã le nya nyui gblɔm na fia la; wò hã gblɔ nya nyui aɖe nɛ abe woawo ke ene.”
13
Ke Mixa ɖo eŋu nɛ be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la! Nya si nye Mawu gblɔ la, eya magblɔ!”
14
Esi wòva ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be: “Mixa, mího aʋa yi Ramot-Gilead loo, alo magayi o?” Eɖo eŋu be: “Miho yi. Miaɖu dzi. Woatsɔ wo ade asi na mi!”
15
Ke fia la ɖo eŋu be: “Zi nenie mana nàka atam nam le Aƒetɔ ŋkɔ me, be yemagblɔ nya aɖeke nam o, negbe nyateƒe la ko?”
16
Mixa ɖo eŋu be: “Mekpɔ Israel blibo la ka hlẽ ɖe towo dzi abe alẽha siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene, eye Aƒetɔ gblɔ be: ‘Kplɔla aɖeke mele ame siawo nu o; mina wo katã nagbugbɔ yi aƒe le ŋutifafa me!’ ”
17
Tete Israel-fia gblɔ na Yosafat be: “Nyemegblɔ na wò be meɖea gbeƒã nyui le ŋunye o, negbe vɔ̃a ko oa?”
18
Mixa yi edzi be: “Azɔ ɖo to nàse nya si Aƒetɔ gblɔ. Mekpɔ Aƒetɔ wòbɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ɖe eƒe ɖusime kple miame.
19
Tete Aƒetɔ bia be: ‘Ame ka aɖaflu Israel-fia Axab, ne wòayi Ramot-Gilead aɖatsi aʋa?’ Ne ame si gblɔ esi, ame kemɛ gblɔ bubu,
20
va se ɖe esime gbɔgbɔ aɖe do va tsi tsitre ɖe Aƒetɔ ŋkume gblɔ be: ‘Maflui.’ Aƒetɔ biae be: ‘Ale ke nàwɔe?’
21
Gbɔgbɔa ɖo eŋu be: ‘Mayi aɖazu aʋatsogbɔgbɔ anɔ eƒe gbeƒãɖelawo katã ƒe nu me.’ Aƒetɔ gblɔ nɛ be: ‘Wòe aflui vavã. Wòe ate ŋui. Heyi nàɖaflui.’
22
Eya ta, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ye de aʋatsogbɔgbɔ wò gbeƒãɖela siawo ƒe nu me. Aƒetɔ ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”
23
Tete gbeƒãɖela Zedekiya, Kenaana vi, zɔ tu Mixa, ƒo to me nɛ biae be: “Mɔ kae Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ to, dzo le gbɔnye va ƒo nu kpli wò?”
24
Mixa ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, gbe si gbe nànɔ sisím tso xɔ me yi xɔ me be yeabè la, gbe ma gbe ànya.”
25
Tete Israel-fia ɖe gbe be: “Milé Mixa. Mikplɔe gbugbɔ yi mɔ́mefia Amon kple fiavi Yoas gbɔ.
26
Migblɔ na wo be: ‘Mitú ame sia ɖe gaxɔ me, eye mina nuɖuɖu kple tsi vi aɖe koe, va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me.’ ”
27
Mixa ɖo eŋu be: “Ne ègbɔ le ŋutifafa me la, ekema menye Aƒetɔ ye ƒo nu to dzinye o.” Ewu nu be: “Mi dukɔwo katã, misee!”
28
Ale Israel-fia kple Yuda-fia Yosafat ho yi Ramot-Gilead.
29
Israel-fia gblɔ na Yosafat be: “Maɖɔli awu ayi aʋa la nu, ke wò ya do fiawu.” Ale Israel-fia ɖɔli eƒe awu, eye wòyi aʋa la nu.
30
Siria-fia de se na eƒe tasiaɖamdolawo ƒe kplɔlawo be: “Migakpe aʋa kple ame tsɛ alo amegã aɖeke o; mikpe aʋa kple Israel-fia ɖeɖe ko.”
31
Esi tasiaɖamdolawo ƒe kplɔlawo kpɔ Yosafat la, wogblɔ be: “Israel-fia lae nye esi!” Ale wotrɔ ɖe eŋu be yewoakpe aʋa kplii. Ke Yosafat do ɣli, eye Aƒetɔ xɔ nɛ. Mawu he wo ɖa le eŋu.
32
Esi tasiaɖamdolawo ƒe kplɔlawo kpɔ be menye eyae nye Israel-fia la o la, wogbugbɔ le eyome.
33
Ke ŋutsu aɖe da eƒe aŋutrɔ ko wòɖate Israel-fia le eƒe gawu ƒe kpeƒe. Ale wòdo ɣli gblɔ na eƒe tasiaɖamdola be: “Trɔ ne nàkplɔm dzoe le aʋa la nu elabe mexɔ abi.”
34
Aʋa la nu sẽ gbe ma gbe, eye Israel-fia lé eɖokui ɖe te le tasiaɖam la me, le Siriatɔwo kasa va se ɖe fiẽ me. Esi ɣe ɖo to la, eku.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36