bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Chronicles 24
2 Chronicles 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 25 →
1
Yoas xɔ ƒe adrẽ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe bla ene le Yerusalem. Nɔae nye Zibya, etso Beer-Seba.
2
Yoas wɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu le nunɔla Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.
3
Yoyada ɖe srɔ̃ eve na fia la, eye wodzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo nɛ.
4
Le nu siawo megbe la, Yoas ɖoe be yeadzra Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖo.
5
Eyɔ nunɔlawo kple Levi viwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: “Miyi Yuda-duawo me ne miaɖadzɔ ga le ame sia ame si le Israel blibo la, ne miatsɔ adzra Mawu ƒe aƒe la ɖo abe ale si wòhiã ƒe sia ƒe la ene. Mitsɔ dzo ɖe esia wɔwɔ ŋu.” Ke Levi viwo meʋã ɖe ga la dzɔdzɔ ŋu o.
6
Ale fia la yɔ woƒe tatɔ Yoyada biae be: “Nu ka ta mèkpɔ egbɔ be Levi viwo yi Yuda kple Yerusalem ɖaxɔ adzɔ si Aƒetɔ ƒe dɔla Mose ɖo na Israel-hame be wòana ɖe nubabla ƒe agbadɔ la dzikpɔkpɔ ta o?”
7
Atalya, nyɔnuvɔ̃ɖi ma, teviwo tsɔ sesẽ ge ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye wolɔ nu siwo katã ŋu wokɔ na Aƒetɔ ƒe aƒe la gɔ̃ hã wɔ Baal tɔwoe.
8
Ale fia la na be wowɔ nudzɔɖaka, eye wotsɔe ɖo Aƒetɔ ƒe xɔ la ƒe agbo nu le egodo.
9
Ena woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem godoo be woatsɔ adzɔ si Mawu ƒe dɔla Mose ɖo na Israel-dukɔa le gbedadaƒo la vɛ na Aƒetɔ.
10
Ðelawo kple dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ, eye wova de nu aɖaka la me wòyɔ.
11
Ne wokpɔ be gaa sɔ gbɔ la, Levi viwo tsɔa aɖaka la yia ame si fia ɖo ɖi la gbɔe. Fia ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã teƒenɔla vana, eye wotrɔa gaa le aɖakaa me gagbugbɔa aɖakaa va dana ɖe eteƒe. Wowɔe alea tso ŋkeke yi ŋkeke, eye wokpɔ ga fũu.
12
Fia la kple Yoyada tsɔ gaa na dɔnunɔla siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la dzadzraɖo nu, eye woawo tsɔ xɔtulawo kple atikpalawo be woagbugbɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la aɖɔ ɖo. Ga yibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo hã kpe ɖe wo ŋu be woadzra Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖo.
13
Dɔwɔlawo katã biã ŋku ɖe dɔa ŋu wɔ, eye wogbugbɔ ɖɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖo asi tee wòɖo nɔnɔ nyui me.
14
Esi wowɔe vɔ la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yoyada wotsɔ wɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me nuwo, subɔsubɔdɔwɔnuwo kple vɔsanuwo, trewo, sikanuwo kple klosalonuwo. Ale wosaa numemevɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me ɖaa le Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.
15
Yoyada tsi eye agbe ɖi ƒo nɛ hafi wòku. Exɔ ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃.
16
Woɖii ɖe David ƒe du la me ɖe fiawo ɖiƒe le nu nyui si wòwɔ na Israel-dukɔ, Mawu kple gbedoxɔ la ta.
17
Azɔ le Yoyada ƒe ku megbe la, Yuda-megãwo va do gbe na fia la tsɔ bubu nɛ. Fia la ɖo to woƒe gbe.
18
Wogblẽ Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la, ƒe aƒe la ɖi, eye wosubɔ nyɔnumawu, Asera kple legbawo. Le woƒe fɔɖiɖi sia ta la, dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi.
19
Ke hã la, Aƒetɔ ɖo eƒe gbeƒãɖelawo ɖe wo be woagatrɔ ɖe ye ŋu. Wogbe nya na wo, ke womeɖo to wo o.
20
Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ dze Zaxarya, nunɔla Yoyada vi dzi. Etsi tsitre ɖe dukɔ la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo be: “Mawu be: ‘Nu ka ta mieda Aƒetɔ ƒe seawo dzi eye dzɔgbevɔ̃e va mia dzi? Miegblẽ Aƒetɔ ɖi eya ta eya hã gblẽ mi ɖi.’ ”
21
Ke ameawo ɖo nugbe ɖe eŋu, eye fia la ɖe gbe woƒu kpee wòku le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu.
22
Fia la ŋlɔ dɔmenyo si Yoyada, Zaxarya tɔ́a wɔ nɛ la be, eye wòwu via. Esi Zaxarya nɔ kukum la, egblɔ be: “Aƒetɔ nekpɔe ne wòabia hlɔ̃.”
23
Le ƒea ƒe nuwuwu la, Siriatɔwo ƒe aʋakɔ ho ɖe Yoas ŋu. Wova Yuda kple Yerusalem, wu amegãwo katã le dukɔa me, eye wolɔ aboyonuwo katã yi na Damasko-fia.
24
Togbɔ be Siriatɔwo ƒe aʋakɔ le sue hã la, Aƒetɔ tsɔ Yudatɔwo ƒe aʋakɔ gã la de wo si me, elabe wogblẽ Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖi. Wohe to na Yoas to esia me.
25
Exɔ abi. Esi futɔawo dzo le egbɔ la, eƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le eya ŋutɔ ƒe aba dzi, tsɔ bia hlɔ̃e ɖe nunɔla Yoyada viŋutsu siwo wòwu la ta. Ale wòku, eye woɖii ɖe David ƒe du la me, gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o.
26
Ame siwo ɖo nugbe la ɖe eŋu la woe nye Zabad, Amon-nyɔnu si ŋkɔ nye Simeat la vi kple Yozabad, Moab-nyɔnu si ŋkɔ nye Simri vi.
27
Yoas viŋutsuwo ƒe ŋutinyawo, gbeƒã gbogbo si woɖe ɖe eŋu kple ale si wogaɖo Mawu ƒe aƒe la gɔme anyi la, woŋlɔ wo ɖe Fiawo ƒe Agbalẽ ŋu nya me ɖeɖewo me. Via Amazya va zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36